INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/94 axa 3
  • Àte Ŋu Akafu Yehowa Geɖe Wu le April Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Akafu Yehowa Geɖe Wu le April Mea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Ðe Gbeƒã Yehowa Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Míagate Ŋu Awɔea?—Míegale Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Dim
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Taɖodzinu Nyui Aɖe Si Míaɖo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 3/94 axa 3

Àte Ŋu Akafu Yehowa Geɖe Wu le April Mea?

1 Hakpala Dawid di vevie tso dzime be yeakafu Yehowa le mɔ si adze eŋu nu, eyata egblɔ be: “Matsɔ nye nu ada akpe na Yehowa vevie, eye makafui le ame geɖewo dome.” (Ps. 109:30) April nye ɣeyiɣi nyui aɖe si me ‘míadzi eƒe kafukafu ɖe edzi’ to míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ dzidzi ɖe edzi me. (Ps. 71:14) Ðe nèle ɖoɖo wɔm be yeanɔ ame geɖe siwo wɔa esia to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me la domea?

2 Wɔ Ðoɖoa Fifia: Woɖo ŋku edzi na mí le Lododowo 21:5 me be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” Esia wɔwɔ bia be nàtsɔ nya la aɖo Yehowa ŋkume le gbedodoɖa me, eye be nàtsɔe ada ɖe nɔƒe gbãtɔ le wò ɖoɖowɔwɔwo me. (Lod. 3:5, 6) Emegbe lé ŋku ɖe wò ɖoɖowɔɖi si li fifia ŋu nyuie be nàkpɔ afisiwo nàte ŋu awɔ tɔtrɔ le be nàzã gaƒoƒo eve gbesiagbe le mamã dedie nu le subɔsubɔdɔa me. Ne ‘èƒle’ ɣeyiɣi tso dɔ bubuwo me la, ana nàvo akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.—Ef. 5:16.

3 Ðo Dze le Eŋu eye Nàwɔ Dɔ Ðekae Kple Amewo: Apostolo Paulo ƒo nu tso ame aɖewo ŋu be wonye ‘ŋusẽdodo’ na ye le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Kol. 4:11) Dzro wò ɖoɖowo me kple ame bubu siwo hã di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me. Woƒe kpekpeɖeŋu kple mia kple wo ƒe hadede aɖe vi na mi katã le gbɔgbɔ me. Subɔsubɔdɔdzikpɔla la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne nya aɖewo le asiwò èdi be yeabia le gbeadziyiyiɖoɖowo alo anyigbamamã si me miawɔ dɔ le ŋu.

4 Ƒomea ƒe dɔwɔwɔ ɖekae kple kpekpeɖeŋu si woana wo nɔewo akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Woate ŋu agbugbɔ aƒemedɔwo amã gbɔ. Ahiã be woawɔ tɔtrɔ le amesiwo wɔa dɔ siawo hã me. Ƒomea ƒe takpekpe wɔwɔ be woatsɔ adzro nuhiahiã siawo me ate ŋu akpe ɖe mia ŋu be miaɖo taɖodzinu sia gbɔ. Dzeɖoɖo nyui kple dɔwɔwɔ ɖekae nye nusi hiã vevie be wòadze edzi.

5 Kakaɖedzi Nenɔ Asiwò: Mègatsɔ dzitsitsi gblɔ be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa manya wɔ na ye le esi nɔnɔmewo mede ye dzi ta o. Sɔhɛ siwo nye sukuviwo, amesiwo xɔ dzudzɔ le dɔ me, nyɔnu aƒedzikpɔla siwo si vi le, ƒome ƒe ta siwo dea dɔ me ɣesiaɣi, amesiawo katã te ŋu tsɔ nuwo sa vɔe—eye enye dzidzɔ na wo—be yewowɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April siwo va yi me. Wowɔ ɖeka kple hakpala la be “kafukafu dze nuteƒewɔlawo,” eye womebui be gaƒoƒo 60 zazã le subɔsubɔdɔa me nye nu gã akpa o. (Ps. 33:1) Ne màte ŋui o la, ke nukatae màdzi wò dɔwɔwɔwo ɖe edzi eye nàkpɔ dzidzɔ si le esia wɔwɔ me esi nènye hamea me gbeƒãɖela o?

6 Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le April me nye nusi kpe ɖe ame geɖe ŋu be wova zu gbesiagbe mɔɖelawo. Esi wodzi woƒe dɔwɔwɔ ɖe edzi la, wokpɔ be tsotso le esia dzi yi gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me le bɔbɔe wu.

7 Ẽ, ɣeyiɣia de mía dzi be míadzi teokrasidɔwo ɖe edzi le April me. Memleɖa atɔ̃ siwo le April me kple azãgbe siwo le eme na April sɔ nyuie na gbeadzisubɔsubɔdɔ dzidzi ɖe dzi. Míedi be míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ akafu Yehowa, mía Mawu la. Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le April me nye mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe dɔmenyo gbogbo siwo wòwɔ na mí ta la afia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe