Na Magazine Siwo Nyo Wu Ðesiaɖe le Xexeame La
1 Wogblɔ be Gbetakpɔxɔ ƒe taɖodzinue nye be “wòado Yehowa Mawu ɖe dzi be eyae nye xexeame katã ƒe Aƒetɔ Fiagã.” Nyɔ! la “kɔa nu me na ƒome bliboa. . . . Magazine sia dea dzi ƒo be woaka ɖe Wɔla la ƒe ŋugbedodo be yeahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe xexeme yeye vɛ hafi dzidzime si kpɔ ƒe 1914 me nudzɔdzɔwo teƒe nu nayi la dzi.” Magazineawo ŋutɔ mee míeyɔ nya siawo tsoe. Taɖodzinu siawo yometiti na wozu akɔfafatsoƒe na wo xlẽla miliɔn geɖewo.
2 Míadɔ magazine siawo na amewo le míaƒe subɔsubɔdɔa me le April kple May me. Be míawɔ dɔ sia nyuie la, ele be míanya wo me nyawo nyuie. Xlẽ tata ɖesiaɖe eye nàde dzesi nya siwo nàte ŋu azã ne èle wo nam la ɖi. Bu nusiwo ŋu amewo tsia dzi ɖo la ŋu. Hadomegbenɔnɔ, ƒome, alo seselelãme nya kawo ŋue amesiwo dome nèle la buna wu? Dze agbagba nàbu tame tso nane si nèsusu be awɔ dɔ ɖe wo dzi vevie eye wòaʋã wo be woadi be yewoagasrɔ̃ nu ayi ŋgɔe la ŋu.
3 Nuƒoƒo tso April 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la Ŋu: Enye ame akpa gãtɔ ƒe didi vevie be yewoanɔ xexe si me nyo wu si me kuxi gbogbo siwo gblẽa amewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me zi geɖe manɔ o la me.
Ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Medi be mafia nya vivi aɖe si wogblɔ le nyati sia si nye ‘Xexeme aɖe si Nyo Wu—Drɔ̃e aɖe Ko Wònyea?’ me la wò. Egblɔ be: ‘Edze ƒã be míaƒe xexe sia menye teƒe si de blibo o. . . . Edze abe ɖe seɖoƒe meli na fifi fukpekpewo o ene.’ Nusiawo wɔnɛ be wòsesẽna be míaka ɖe etsɔ me dzi, alo mèkpɔe nenema oa? Gake mafia nusi Psalmo 37:11 gblɔ le etsɔ me ŋu la wò.” Ne èxlẽ kpukpui sia vɔ la, bia aƒemenɔla se be nukae wòsusu le ŋugbedodo sia ŋu hã. Ne egblɔ be edzɔ dzi na ye la, ekema ʋu nyati si nye “Xexeme aɖe si Nyo Wu—Etu Aƒe!” la nɛ le axa 4 lia eye nàgblɔ be: “Woŋlɔ Ŋɔŋlɔawo me kpukpui aɖewo ɖe nyati sia me, eƒe ɖee nye esi míexlẽ fifi laa le Psalmo 37:11. Mexɔ se be nyati siawo xexlẽ kple ŋɔŋlɔ siwo le eme didi le wò Biblia me adzɔ dzi na wò. Adzɔ dzi nam be matsɔ wo na wò.” Wɔ ɖoɖo kplii be nàgatrɔ ava tu eƒe ɖetsɔleme ɖo.
4 Nuƒoƒo tso April 15 ƒe Gbetakpɔxɔ la Ŋu: Nyati si le axa 6 bia be: “Afikae Nàkpɔ Mɔfiafia si Dzi Nàka Ðo la Le?”
Ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Kuxiwo va bɔ ɖe xexeame ale gbegbe fifia, abe [gblɔ nane si ŋu amewo tsi dzi ɖo le afisi nèle alo nyadzɔdzɔ aɖe] ene. Ena míebiana be ɖe ame aɖe ate ŋu ato nɔnɔme sesẽ siawo me ado hã. Enye dzidzɔ be Timoteo II, 3:16, 17 ka ɖe edzi na mí be Biblia nye mɔfiamegbalẽ si kplɔa ame yia agbenɔnɔ si me dzidzɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ le me.” Ne èxlẽ kpukpui siawo vɔ la, fia alesi Gbetakpɔxɔ kpena ɖe mía ŋu be míase nusita Biblia nye mɔfiamegbalẽ si dzi míate ŋu aka ɖo lae eye nàgblɔ nudɔdɔwɔwɔ ƒe ɖoɖoa nɛ.
5 Ne èdi be yeana Nyɔ! boŋ la, àte ŋu azã March 22 ƒe Awake! ƒe nyati si nye “Aleke Mawɔ Atsri Fefe le Agbegbegblẽnɔnɔ Ŋu?” Anɔ eme be àkpɔe be ame akpa gãtɔ tsi dzi ɖe nu gbegblẽ siwo tsoa agbegbegblẽnɔnɔ me ŋu eye wodi be yewoanya nusi yewoate ŋu awɔ tso eŋu.
6 Ne míedoa vivi ɖe míaƒe magazineawo, siwo nyo wu ɖesiaɖe le xexeame ŋu la, míatsi dzi be míana wo ame bubuwo be woawo hã naxɔ Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔ la eye woawo hã nado Yehowa ɖe dzi be eyae nye xexeame katã ƒe Aƒetɔ Fiagã la.—Ps. 83:19.