Midi Amesiwo Dze
1 Gbeƒãɖeɖedɔa ƒe taɖodzinu ɖekae nye be míadi ‘amesiwo dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ!’ (Dɔw. 13:48) Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo mamã nye mɔ nyui aɖe si dzi míato awɔ esia, elabena míaƒe magazinewo naa amewo nyaa nu tso Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. Míana magazine siawo le April me. Míele mɔ kpɔm be ne míedo go ɖetsɔlemetɔwo la, míate ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme le Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa me. Aɖaŋuɖoɖo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò la dometɔ aɖewoe nye si:
2 Ne èle April 1 ƒe “Gbetakpɔxɔ” nam la, àte ŋu aƒo nu tso “Kafu Fia Mavɔmavɔtɔ La!,” si ku ɖe ƒe si va yi ƒe nutome gã takpekpea ƒe dutoƒonuƒo ŋu, eye nàgblɔ be:
◼ “Ame geɖe siwo míeɖo dze kple la xɔ Mawu dzi se. Esesẽ na ame bubuwo ya be woaxɔ edzi ase. Aleke nèkpɔe? [Na wòaɖo eŋu.] Nusiwo nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔwo ƒo xlã mí siwo ɖee fia be ele be Mawu aɖe nanɔ anyi. [Xlẽ Psalmo 104:24.] Ne míekpɔ fotoɖemɔ̃ alo kɔmpiuta la, míelɔ̃na ɖe edzi enumake be nunyala aɖee wɔe. Ðe susu anɔ eme be míagblɔ be nusiwo wɔ nuku wu, abe anyigba la kple mí amegbetɔwo ɖe míedzɔ kpoyi koa?” Zã memamã aɖe si le nyatia me tsɔ fia susu nyui si ta wòle be míaxɔ Mawu dzi ase. Tsɔ magazineawo nɛ ne eɖe ɖetsɔleme fia.
3 Nyati si nye “Nusita Mawu ƒe Yayra Nɔa Tadedeagu Vavãtɔ Dzi” dze le April 15 ƒe “Gbetakpɔxɔ” me. Hafi nàtsɔe ana la, àte ŋu abia be:
◼ “Esi subɔsubɔha alafa geɖe le xexeame egbea ta la, èsusu be wo katã woate ŋu adze Mawu ŋua? [Na wòaɖo eŋu.] Yesu gblɔ ɖi be togbɔ be ame geɖe siwo tsɔa ɖe le mawusubɔsubɔ me agblɔ be yewo wɔ nu geɖe hã la, amesiwo mewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la makpɔ xɔxɔ o. [Xlẽ Mateo 7:21-23.] Ele vevie be míadze si subɔsubɔha vavãtɔ si Yesu fia.” Ʋu tanya si nye “Ku Kawoe Wòle Be Subɔsubɔha Vavãtɔ Natse?” si dze egɔme tso axa 16, eye nàdzro kpɔɖeŋu ɖeka me atsɔ aɖo kpe nya la dzii.
4 Ne nyati si nye “Esime Aʋawɔwɔwo Maganɔ Anyi O” si le April 22 ƒe “Nyɔ!” (Eʋegbe tɔe nye May 8) me zãm nèle la, àte ŋu agblɔ nya sia:
◼ “Wowɔ aʋa alafa geɖe hekpe ɖe xexemeʋa eve ŋu le ƒe alafa sia me. Gake kplɔla siwo katã kloe le xexeame gblɔna be ŋutifafa dim yewole. Amesiame si menya hã gblɔa nya ma ke. Ne ŋutifafa dim amesiame le la, ke nukatae womete ŋu le ekpɔm o? [Na wòaɖo eŋu.] Nukae nèbu be ehiã hafi míakpɔ ŋutifafa ŋutɔŋutɔ le anyigba dzi?” Ne aƒemenɔla ɖo eŋu vɔ la, ʋu axa 8 kple 9 eye nàxlẽ mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 46:9, 10 ene. Wɔ nɔnɔmetata kple mawunyakpukpui siwo le eme la ŋudɔ eye nàɖe alesi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe ŋutifafa si anɔ anyi ɖaa vɛ le xexeame katã me nɛ. Azɔ bia aƒemenɔla ne adi be yeaxlẽ magazinea, eye nàwɔ ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu.
5 Ne èdoa go ame geɖe siwo gblɔna be vovo mele yewo ŋu o la, àte ŋu azã mɔnu sia kpɔ:
◼“Míedi be míakpe ɖe amesiwo ŋu vovo menɔna kura o eye womekpɔa ɣeyiɣi bua gbɔgbɔmenuwo ŋu o la ŋuti. Wotrɔ asi le míaƒe magazine siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ŋu be woagblɔ nya vevi siwo ka mia kple wò ƒomea na mí kpuie. Madi be matsɔ esiawo na wò nàxlẽ.”
6 Ðo ŋku edzi nàna mɔnukpɔkpɔ amesiwo xɔ magazineawo be woawɔ nudzɔdzɔ ɖe wo ta hena alɔdodo míaƒe xexeame katã ƒe dɔa. Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ!, siwo me ‘nusi nyo wu ŋuti nyanyui’ le la xexlẽ aɖe vi na wo godoo.—Yes. 52:7.