INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/94 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 12/94 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le December me: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. January: Míate ŋu ana axa 416—alo 384—alo 192 ƒe agbalẽ siwo katã ƒe ŋkume biã siwo le hamea si ɖe asi si woka na wo dzi (kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 1994 tɔ, ƒe Gbeƒãɖeɖewo), alo axa 192-gbalẽ bubu ɖesiaɖe ɖe woƒe asi ŋutɔŋutɔ dzi. February: Míana Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. Ele be míatrɔ ayi amesiwo axɔ agbalẽ sia gbɔ, adze agbagba adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. March: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! MIDE DZESII: Hame siwo medɔ gbeadziyigbalẽ siawo haɖe o la nadɔ wo ɖe woƒe “Literature Request Form” (S-14) si woagaɖo ɖa le ɣleti si kplɔe ɖo me la dzi. Agbalẽ xoxo siwo míeyɔ ɖe etame la le Betel.

◼ Dzikpɔla zimenɔla alo ame aɖe si wòdee asi na la nato hamea ƒe gakɔntawo me le December 1 dzi alo le ema megbe teti. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔ esia.

◼ Ɣeyiɣia de be míakpe “Medical Directive Card” kple “Idendity Card” yeyewo ɖo le January 1 dzi. Ele be gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo katã nakpɔ egbɔ be yewokpe “Medical Directive” yeye ɖo na yewo ɖokui eye yewokpe “Identity Card” hã ɖo na yewo vi suewo.

◼ Mikpɔ egbɔ be yewoŋlɔ ƒea ƒe mawunyakpukpui yeyea klã ɖe yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata me kaba le January 1 dzi. Ƒea ƒe mawunyakpukpui lae nye: “Miwɔ Ðeka Kple Mia Nɔewo le Lɔlɔ̃ Me.”—Kolosetɔwo 2:2, NW.

◼ Taflatse hame siwo wu woƒe “Anyigbamamã si Womede Asi na Wo O” nu la naɖo ŋku edzi aɖo woƒe akɔntabubu ɖa kaba.

◼ Dziɖuha la wɔ ɖoɖo be Nigeria-lɔdzedɔwɔƒea nata mía degbe me magazinewo katã ɖe amadede ene me na Ghana, Togo, kple Benin (le mía gome la, Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twi) abe Eŋlisigbe me tɔwo ene. Adze egɔme tso January 1995 ƒe tatawo dzi. Nigeria-lɔdzedɔwɔƒea ata Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, Eŋlisigbe kple mía degbe me tɔwo hã na mí tso February 1995 tɔ dzi. Esiawo katã anya wɔ le agbalẽtamɔ̃ yeye si woɖo ɖe Nigeria fifia ta. Míele mɔ kpɔm be ana míamã mía degbe me magazineawo geɖe wu.

◼ Agbalẽ Siwo Li: Eŋlisigbe: New World Translation of the Holy Scriptures (bi12) (Akpa sesẽtɔ). Eʋegbe, Gɛgbe, Twi: Toɖoɖo Nufiala Gã La.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe