INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/94 axa 7
  • Dzilawo, Ðe Mia Viwo Nye Gbeƒãɖelawoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzilawo, Ðe Mia Viwo Nye Gbeƒãɖelawoa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 12/94 axa 7

Dzilawo, Ðe Mia Viwo Nye Gbeƒãɖelawoa?

1 Edze be woakafu dzilawo vevie le alesi wole togodoe dom le wo viwo hehe me hele wo dzi kpɔm nyuie togbɔ be míaƒe ‘ɣeyiɣiawo me nɔnɔ sesẽ’ hã la ta. (Tim. I, 3:1) Ðe mele be míakpɔ mɔ hã be dzilawo adze agbagba vevie nenema ke ahe wo viwo le nyateƒea me ahawɔ ɖoɖowo ɖe woƒe gbɔgbɔmenuwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu nyuie oa? Míele dzi dem ƒo na dzilawo vevie be woawɔ dɔ le esia ŋu madzudzɔmadzudzɔe.

2 Gbeƒãɖeɖe Nyanyuiae Nye Nu Vevitɔ: Dɔ bubu aɖeke megale vevie na Yehowa kple eƒe anyigba dzi habɔbɔa de gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nyanyui la nu o. (Mar. 13:10; tsɔe sɔ kple Yohanes 4:13, 14.) Nuka wɔm wò dzila nèle be viwòwo nadze gbeadziyiyi gɔme le wɔwɔ ɖe Romatɔwo 10:9, 10 me nyawo dzi me? Ne mia viwo tsi nyuie evɔ womenye gbeƒãɖelawo o la, ɖe mi dzilawo mianɔ te ɖe nyati sia dzi alé nya sia kpɔ vevie ne mietrɔ yi aƒemea? Enye nyateƒe be Ðasefowo ƒe vi geɖewo li siwo ɖo woƒe ƒewuiwo me alo le dodom le eme, amesiwo dea kpekpewo edziedzi gake womenye Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo o. Nukatae wòle alea?

3 Dzila siwo ŋutɔ nye gbeƒãɖela veviedolawo la le kpɔɖeŋu nyui aɖe si ana wòanɔ bɔbɔe na wo viwo be woanye gbeƒãɖelawo la ɖom na wo. (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 4:9.) Dzidzɔ ka gbegbee nye si ɖevi suewo kpɔna ne wofia traktwo nana wo eye wote ŋu nanɛ aƒemenɔlawo, eye ɖevi tsitsiwo hã naa magazinewo! Biblia xexlẽ vivia ɖevi siwo nya nuxexlẽ nu ne woyɔ wo be woaxlẽe le gbeadzi. Ðe nèle nuxexlẽ fiam viwòa? Le esi teƒe be ɖeviwo nakplɔ amewo ɖo ko le gbeadzi la, yiyi vivia wo nu wu ne wofia wo be woazã mawunyakpukpui ɖeka alo eve ƒe dzeɖonya bɔbɔe aɖe atsɔ aƒo nu na amewo le aƒewo me eye wote ŋu wɔe. Ne miele aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, miate ŋu aɖoe koŋ abia nya bɔbɔe aɖewo be ɖeviwo naɖo wo ŋu. Ewɔa dɔ ɖe aƒemenɔlawo dzi zi geɖe eye wodea bubu hehe si Yehowa Ðasefowo nana la ŋu.

4 Ehiã be Miahe Wo le Gbeadzi Ɣesiaɣi: Miate ŋu afia Bible Topics for Discussion kple Reasoning-gbalẽa me nyati bɔbɔe aɖewo ɖevi siwo tsi wu. Emegbe dzilawo ate ŋu afia alesi woa ŋutɔwo nadzra nyati bɔbɔewo ɖo tso agbalẽ siawo me la wo aɖaŋutɔe. Dzeɖonyawo me toto edziedzi le aƒeme kpena ɖe ɖeviwo ŋu woƒoa nu kple kakaɖedzi. Miate ŋu agbugbɔ ewɔwɔmɔnu siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me hã me adzro nenema.

5 Dzilawo, misrɔ̃ Yesu Kristo, amesi he eƒe nusrɔ̃lawo eye eya ŋutɔ yi gbeadzi kpli wo la ƒe kpɔɖeŋu. (Mat. 10:1-12; Luka 10:1) Gbeadziyiyi le vevie hena ɖeviwo ƒe gbɔgbɔ me lãmesẽ eye Yehowa ƒe habɔbɔa hã tsɔ ɖe le eme vevie. Eyata nyati siwo woagata ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la adzro nya sia me ayi ŋgɔe. Yehowa ayra ɖe dzila siwo awɔ aɖaŋuɖoɖo siawo dzi la ƒe agbagbadzedzewo dzi godoo.—Yoh. 13:17; Yes. 48:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe