Lé Ŋku Ðe Nyagblɔɖinya La Ŋu
1 “Nyagblɔɖi, si li sesĩe wu la, le mía si.” (Pet. II, 1:19) Nukatae Petro gblɔ nya sia? Nusi Petro kple nusrɔ̃la eve bubu kpɔ eye wose le Kristo ƒe nɔnɔmetɔtrɔ la me anye ƒe 32 ye nye ema la ɖo kpe Fiaɖuƒe nyagblɔɖi siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me kpakple esiwo Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ ɖi la dzi na wo, alo ‘wona woli ke sesĩe wu.’ Ŋutega wɔdɔɖeamedzi sia ka ɖe edzi na wo be nyateƒee, Yesu Kristo ava le Fiaɖuƒeŋusẽ me kple ŋutikɔkɔe gã kpakple Fofoa ƒe megbenɔnɔ nɛ bliboe. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ‘wɔe nyuie be wonɔ ŋku lém ɖe nyagblɔɖinya ma ŋu abe akaɖi si le keklẽm’ le woƒe dzi me ene si ne ɖe menye eyae o la, anye ne viviti ado ɖe woƒe dzi me. Ŋkuléle ɖe nyagblɔɖinya si kɔa nu me na ame ŋu ana woanɔ ŋudzɔ eye wòanɔ keklẽm na wo be woanya nu tso ŋu yeye ƒe keke, esime Kristo “ŋukeɣletivi” la ava le Fiaɖuƒe ŋutikɔkɔe me ŋu.—Pet. II, 1:16-19; Mat. 17:1-9.
2 Míenɔ anyi kpɔ ŋutikɔkɔe nɔnɔmetɔtrɔ la teƒe kple Petro o. Gake mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su Kristotɔ siwo li le dzidzime sia me siwo lé ŋku ɖe nyagblɔɖinya la ŋu la si be menye Kristo ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna la ƒe ŋutikɔkɔe ko wokpɔ o, ke boŋ wokpɔ kpeɖodzi gbogbo siwo li be Ŋutikɔkɔefia la le dzi ɖum nyateƒe hã! Tso ƒe 1914 me ke la, ƒe sia ƒe si va yina la naa kakaɖedzi ganɔa nyagblɔɖinya la ŋu wu ne míele “dzesi” wɔdɔɖeamedzi si Yesu gblɔ le eƒe ‘anyinɔnɔ’ le Fiaɖuƒeŋusẽ me ŋu la kpɔm. Dzesia ƒe akpa vevi aɖee nye be woaɖe gbeƒã eƒe dziɖuɖua, alo Fiaɖuƒea, na dukɔwo katã hafi Fia la nahe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu vɛ. Le Kristo ƒe mɔfiafia te la, wole Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔm fifia le anyigba 231 dzi kple le mɔ si lolo wu si meva susu me na mí kpɔ o nu. (Mat. 24:3-14) Gakpe ɖe eŋu la, esi “xaxa gã” la le aƒe tum la, Fia si woɖo zi dzi la le “ameha gã” siwo “tso dukɔ sia dukɔ” me siwo ɖe “alẽvi la ƒe ʋu” si xe tafe ɖe mía ta la dzixɔse fia la nu ƒom ƒu.—Nyaɖ. 7:9, 10, 14.
3 Esi “ŋukeɣletivi” la do xoxo, si fia be Kristo va Fiaɖuƒeŋusẽ me la, ɖe wògahiã kokoko be míalé ŋku ɖe nyagblɔɖinya la ŋua? Ẽ! Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la ɖe ŋutega gbogbo aɖewo fia apostolo Yohanes siwo ƒe ƒuƒoƒoe nye Nyaɖeɖefia-gbalẽa. Togbɔ be wonye dzideƒo kple mɔfiame tsoƒe na Kristotɔ gbãtɔwo hã la, asixɔxɔ gã aɖe le wo ŋu na amesiwo le agbe le ‘Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me,’ si me míele fifia. (Nyaɖ. 1:10) Eyatae Yehowa ƒe amewo ƒe hamewo tsɔ kutrikuku vevie le agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo srɔ̃mee.
4 “Dzidzɔtɔe nye amesi le nyagblɔɖi sia me nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi ɖoɖi la tu aƒe.” (Nyaɖ. 1:3, NW) Ne míedi be míanye dzidzɔtɔwo la, ele be míase nyagblɔɖi me ŋutega siawo me, ẽ, woƒe gɔmesese vavãtɔ nasu mía si. Nukae esia bia? Nyawo gbugbɔgagblɔ hiã be wòana Nyaɖeɖefia me nuŋlɔɖia ƒe vevienyenye nawɔ dɔ ɖe míaƒe dzi dzi bliboe. Apostolo Petro si nye ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la me tɔ la nya alesi nyateƒe veviwo gbugbɔgagblɔ le vevie be yeatsɔ ‘anyɔ’ ye nɔviwoe le gbɔgbɔ me. (Pet. II, 1:12, 13) Egbegbe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe ha la hã kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu to alesi wohea míaƒe susu yia nyagblɔɖinya la dzi edziedzi me.—Matt. 24:45-47.
5 Alesi Míalé Ŋku Ðe Eŋui: Ŋkuléleɖeŋu kae dze na Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖinya la? Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be Mawu meƒo nu na Kristotɔwo to mawudɔlawo alo nyagblɔɖilawo dzi abe alesi wòƒo nu na esubɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la ene o. Ke boŋ Yehowa ƒo nu na mí to Via lɔlɔ̃tɔ kekeake, amesi wòɖo “nuwo katã ƒe domenyila” la dzi. (Heb. 1:1, 2) “Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu, bene míagato eŋuti ayi o.” (Heb. 2:1) Nyateƒee, ele be míalé to ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu, vevietɔ ɖe nyagblɔɖinya si to Yesu Kristo dzi va ŋu. Aleke míawɔ alé to ɖe míaƒe Nyaɖeɖefia la sɔsrɔ̃ ŋu etɔxɛe?
6 Gbã la, ele vevie ŋutɔ be míade Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a kwasiɖa sia kwasiɖa. Nyateƒee, le Eŋlisigbe me hamewo me tɔ aɖewo gome la, esiae anye zi evelia si wole agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo la srɔ̃m. Eyata ame aɖewo magatsɔ dzo ɖe agbalẽ me nusrɔ̃ƒea dede ŋu tututu o, kple susu be ne kpekpe aɖe to yewo ŋu hã la, yewonya nane tso nyatia ŋu xoxo. Gake ne ƒe sia ƒe va yi la, nyagblɔɖinya la gakuna ɖe mía ŋu ɖe edzi wu eye wògasɔ ɖe ɣeyiɣia dzi wu zi gbãtɔ si míexɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia Taƒoƒo le ƒe 1988 me. Ehiã be mí katã míanɔ ŋudzɔ ɖe egbegbe nudzɔdzɔ siwo le vavam kple du le Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖiawo mevava me ŋu. Ekema míate ŋu anɔ klalo be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Na wòanye wò taɖodzinu be ne anya wɔ la, agbalẽ me nusɔrɔ̃ ɖeka pɛ hã mato ŋuwò le Nyaɖeɖefia la me dzodzro vevi sia me o.
7 Evelia, dzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie. Xlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ eye nàbu alesi woɖo kpe Nyaɖeɖefia ƒe kpukpui siwo srɔ̃m míele la ƒe numeɖeɖewo dzii la ŋu. Ne èwɔe alea la, ana be manye nyabiaseawo ƒe ŋuɖoɖo koe nàkpɔ le esɔsrɔ̃ me o. Dze agbagba be menye sidzedze koe nàkpɔ o ke boŋ be nunya kple gɔmesese hã nasu asiwò. (Lod. 4:7) Etɔ̃lia, tsɔ dzonɔameme kpɔ gome le eme to nyawo ŋu ɖoɖo kple ŋɔŋlɔawo xexlẽ me. Na wòanye wò taɖodzinu be ne mede ɖeke o la, nàɖo nya ŋu zi ɖeka ya teti eye anyo wu be nàɖo eŋu zi geɖe le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me. Esia wɔwɔ ana wò susu nanɔ nusɔsrɔ̃a ŋu.
8 Menye dzadzraɖo, kpekpeawo dede, kple gomekpɔkpɔ le wo me koe toléle ɖe nyagblɔɖinya ŋu bia o. Efia hã be ne míekpã le nusrɔ̃ƒea vɔ megbe gɔ̃ hã la, míayi edzi ‘anɔ ŋugble dem le nusiawo ŋu, bene woage ɖe mía me.’ (Tim. I, 4:15) Ne míedi be nyagblɔɖinya la nanɔ keklẽm abe akaɖi ene le míaƒe dzi me la, ke ele be míaɖe mɔ nɛ wòakpɔ ŋusẽ ɖe amesi míenye le ememe dzi vevie—ɖe míaƒe tamesusuwo, nudzodzrowo, seselelãmewo, ameʋãŋusẽwo, kple taɖodzinuwo dzi. (Pet. II, 1:19) Eyata ele be míanɔ nya siawo tɔgbe biam mía ɖokui ase be: Nukae nya sia fia na nye ŋutɔ? Nukae mesrɔ̃ le Yehowa kple Via Yesu Kristo ŋu? Gɔmeɖose kawo dzie wotu nyatia ɖo? Ðe nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmesese le dɔ wɔm ɖe nye dzi dzia? Aleke matsɔ nyateƒe siawo awɔ dɔe le nye agbenɔnɔ me? Le nye ƒomea me? Le hamea me? Ne míetsɔa nusiwo míesrɔ̃na wɔa dɔe le mía ŋutɔ míaƒe agbenɔnɔ me la, ke míate ŋu agblɔ abe hakpala la ene be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.”—Ps. 119:105; Hiob 29:3, 4.
9 Nɔ Ŋudzɔ le Ɣeyiɣi Sesẽ Siawo Me: Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo le ƒe 33 M.Ŋ. me tso Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna kple nɔnɔme si anye dzesi na wo be woasi ayi dedienɔƒe la ŋu. (Luka 19:41-44; 21:7-21) Ƒe siwo wu 30 va yi le esia megbe. Awɔ na Yudea Kristotɔ aɖewo be nu boo aɖeke matrɔ le ɣeyiɣi kpui siwo le ŋgɔgbe me o. Aleke gbegbe apostolo lɔlɔ̃tɔ Petro ƒe nuxlɔ̃ame si le eƒe agbalẽ evelia me, si wòŋlɔ le ƒe 64 M.Ŋ. me lɔƒo be ‘woalé ŋku ɖe nyagblɔɖinya la ŋu’ sɔ ɖe ɣeyiɣia dzie nye si! (Pet. II, 1:19) Eteƒe medidi le ema megbe o, le ƒe 66 M.Ŋ me la, Roma-srafowo va ɖe to ɖe Yerusalem. Esi Roma-srafowo dzo kpata si menye ɖe susu gobi aɖeke ta o la, Yudea Kristotɔ siwo nɔ ŋudzɔ la wɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiamea dzi hesi. Emegbe le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-srafoawo gatrɔ gbɔ eye wotsrɔ̃ Yerusalem keŋkeŋ. Aleke gbegbe dzi adzɔ Kristotɔ mawoe nye si be yewolé ŋku ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖinya la ŋu nyuie!
10 Nukawo ŋue wòle be egbegbe Kristotɔwo nalé ŋku ɖo? Le Nyaɖeɖefia me ŋutegaawo me la, Yesu xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo li egbea tso nudzɔdzɔ geɖe siwo adzɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea me ŋu. Nusiawo dometɔ geɖe dzɔ xoxo le ƒe 80 siwo va yi me: Fiaɖuƒea dzidzi; aʋa si dzɔ le dziƒo si me woɖu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi le, eye emegbe woxaxa wo ɖe anyigba la ƒe nutowo me; Babilon Gã la ƒe anyidzedze; kple lã wɔadã dzẽ si nye xexemeŋusẽ enyilia la ƒe dodo. Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖinya la ƒe akpa siawo ƒe emevava na míeka ɖe edzi geɖe wu be eteƒe magadidi hafi míakpɔ nudzɔdzɔ ʋãme bubu siawo teƒe o: ame 144,000 la me tɔ susɔeawo nutetre, ameha gã la nu ƒoƒo ƒu keŋkeŋ, Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃, Harmagedon-ʋa la, Satana dede aʋli me, kple Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu la. Aleke gbegbe wòle vevie nye si be míalé to ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃me sia ŋu: “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpeƒe o”!—Nyaɖ. 16:15.
11 Ðe míele ŋudzɔa? Aleke gbegbe míebua nyagblɔɖinya la nu vevie? Eɖanye ƒe 5 ye nye esia si míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa alo ƒe 50 ye o, nya si Paulo gblɔ na Roma Kristotɔwo la sɔ na mí nyuie be: “Mienya ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mí wu tsã, esime míexɔ se la. Zã la va yi vɔ, eye ŋu le kekem!” Paulo yi edzi xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa’ eye ‘woazɔ nyuie.’ (Rom. 13:11-13) Míele xexe si do viviti tsiɖitsiɖi le agbenyuinɔnɔ gome la me. Xexemetɔ geɖe bua nusi dzia ŋɔ na ame ƒe 30 alo 40 koe nye sia la be naneke megblẽ le eŋu o le ƒe alafa 20 lia sia ƒe ƒe mamleawo me. Nɔviwo, mikpɔ nyuie be xexeame ƒe viviti nagana miadɔ akɔlɔ̃e le gbɔgbɔ me gbeɖe o. Ne mieɖe mɔ ɖe xexe sia me ƒe tamebubu kple agbenɔnɔ ɖigbɔ ŋu la, nyaʋiʋli vevi siwo dze ŋgɔ mí egbea siwo gbɔ woakpɔ keŋkeŋ kpuie la adzo le miaƒe susu me: Yehowa ƒe fianyenye taʋiʋli kple eƒe ŋkɔa ŋutikɔkɔ. Gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ ade ame ƒe agbekpɔkpɔ si tu aƒe fifia alea la afɔku me.
12 Na Wò Dzi ƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Nyagblɔɖinya la Ŋu Nadzi Ðe Edzi: Blema Hebri nyagblɔɖilawo tsɔ ɖe le Mesia la ŋuti nyagblɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me siwo woawo ŋutɔ gblɔ ɖi la ƒe emevava me vevie. ‘Wodi’ alesi Mawu ƒe tameɖoɖo le eme vamee ‘la vevie eye wodzro nu me tsitotsito’ le eŋuti. (Pet. I, 1:10, 11) Nenema ke ne èlé ŋku ɖe nyagblɔɖinya si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ŋu la, wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu adzi ɖe edzi. Wò gbɔgbɔmenuwo didi nu asẽ ɖe edzi, ale be wòaʋã wò be nàku “Mawu ƒe nu gogloawo” me. (Kor. I, 2:10) Ne ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu yɔ dzi me na wò la, mahiã be ame aɖeke nagblɔe na wò hafi nàyi kpekpeawo o; àse le ɖokuiwò me be yeanɔ dedem eye yeakpɔ gome le wo me edziedzi. (Luka 6:45) Eye ne ‘nya la le wò ŋutɔ wò dzi me’ la, aʋã wò be ‘nàʋu eme le gaglãgbe hena agbexɔxɔ.’—Rom. 10:8-10.
13 Zi geɖe si míele ŋgɔ yim ɖo ta nuwuɣia me la, zi geɖe wu nenemae fewuɖulawo anɔ fewu ɖum le mía ŋu ɖe alesi míexɔ Mawu ƒe nyagblɔɖinyawo dzi se la ta. (Pet. II, 3:3, 4) Gake míawo ya míanɔ ŋudzɔ ɖe nyagblɔɖinya la ŋu. Mawu ƒe Nya la ƒe akaɖia na míenya afisi míele na ɣeyiɣia. Eƒe keklẽ si me kɔ nyuie la na míenya be xexeme doviviti sia ƒe ŋkeke mamleawo mee míele. Ŋukeɣletivi la do! Kristo le Fiaɖuƒeŋusẽ me. Míele ŋu yeye la ƒe keke kpɔm xoxo. Mina xexeme yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la nanye nu ŋutɔŋutɔ na mí abe alesi wònyee na apostolo etɔ̃ siwo si mɔnukpɔkpɔ su be wokpɔe le Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe ŋutega la me ene!