INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/94 axa 7
  • Lé Ŋku Ðe Wò Nufiafia Ŋu Ɣesiaɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lé Ŋku Ðe Wò Nufiafia Ŋu Ɣesiaɣi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Suku si Dzraa Mí Ðo ɖe Nusiwo Hiã Wu Ŋuti
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Na Ƒe 1999 Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ðoɖowɔɖia Naɖe Vi na Wò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Kpɔ Viɖe Tso Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me—akpa 2
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Viɖekpɔkpɔ tso Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 12/94 axa 7

Lé Ŋku Ðe Wò Nufiafia Ŋu Ɣesiaɣi

1 Teokrasi Subɔsubɔ Suku ɖoɖowɔɖi yeyea adze egɔme le January 1995 me. Nu yeye kae le ɖoɖoa me? Yehowa ƒe egbegbe habɔbɔ ƒe ŋutinya dodzidzɔname lae anye nyati si me míadzro le nufiamenuƒo akpa gãtɔ me. Míato Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom ƒe agbalẽa ƒe axa 178 me le ƒea me. Esi womabia numetotobiabiawo ne woƒo nufiamenuƒo si tso Proclaimers-gbalẽa me vɔ o ta la, nukae míawɔ be míalé fɔ ɖe míaƒe nufiafia ŋu be wòaɖe vi na mí bliboe?—Tim. I, 4:16.

2 Togbɔ be ame geɖe xlẽ Proclaimers-gbalẽa xoxo hã la, nyatia me dzodzro le sukuɖoɖowɔɖia me akpe ɖe amesiame ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖe teokrasidomenyinu si le esi la ŋu geɖe wu.—Ps. 71:17, 18.

3 Nufiamenuƒo Vivi Siwo me Dzo Le: Ele be woaƒo nufiamenuƒo siwo tso Proclaimers-gbalẽa me wòavivi eye dzo nanɔ wo me. Ele be woaɖe nyawo ƒe vevienyenye hã afia, woawɔ eŋudɔ atsɔ ana woade bubu Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu ahakpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo le mía si abe Mawu subɔlawo ene ŋu ɖe edzi. Ne ƒome ɖesiaɖe si ava Sukua tsɔ Proclaimers-gbalẽ ɖe asi va kpekpea la, ƒomea me tɔwo ƒe susu anɔ nufiamenuƒoa ŋu wu eye woakpɔ nɔnɔmetata kple foto siwo le agbalẽa me.

4 Biblia Xexlẽ Siwo Nana Wobua Tame: Nuxexlẽ nyuie kple gbeteteɖedzi le afisi wòhiã le, kple seselelãme tsɔtsɔ xlẽe le vevie le nu nyui fiafia me. Ele be Nuƒo 2 lia ƒe ŋgɔdonya nawɔ dɔ ɖe ame dzi eye woaƒo eta nyuie.

5 Miate ŋu akpɔ sukua ƒe nuƒowo kple alesi woawɔ dɔdasiawoe ŋuti numeɖeɖe bubuwo le “Theocratic Ministry School Schedule for 1995” la me. Midzra ɖo ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu Nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe