Gbeƒãɖeɖedɔa—Mɔnukpɔkpɔ si ŋu Bubu Lee Wònye
1 Mɔnukpɔkpɔ si ŋu bubu le ye nyanyuia ƒe subɔsubɔdɔ si Yehowa tsɔ de asi na mí la nye. (Rom. 15:16; Tim. I, 1:12) Nenemae nèbunɛa? Mele be míaɖe mɔ ɣeyiɣiawo ƒe yiyi kple amewo ƒe fewuɖuɖu naɖe alesi wònye nu xɔasii le mía ŋkume la dzi akpɔtɔ o. Bubu si wotsɔ na ame ʋee aɖewo ko ye Mawu ƒe ŋkɔ la tsɔtsɔ nye. Aleke míawɔ be míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu nadzi ɖe edzi?
2 Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedasia menyoa xexeame ŋu o. Ame geɖe metsɔa ɖeke le míaƒe dɔa me o alo mewɔa dɔ aɖeke ɖe wo dzi o. Ame bubuwo ɖua fewu le eŋu eye wotsia tre ɖe eŋu. Tsitretsiɖeŋu sia ate ŋu atso dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, alo ƒometɔwo gɔ̃ hã gbɔ. Míadze mɔtralawo kple bometsilawo le wo gbɔ. (Yoh. 15:19; Kor. I, 1:18, 21; Tim. II, 3:12) Wogblɔa dziɖeleameƒonyawo be yewoatsɔ atsi dzo si le mía me alo be yewoana míaɖe míaƒe dɔwɔwɔ dzi akpɔtɔ alo míaɖe asi le míaƒe mɔnukpɔkpɔ si ŋu bubu le la ŋu. Satana, amesi “gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu . . . bene . . . ŋutikɔkɔe nyanyui la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o” ye le megbe na dziɖeleameƒonya siawo. (Kor. II, 4:4) Aleke nèwɔna ɖe eŋu?
3 Ele vevie be wòanɔ susu me na mí be míaƒe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒeae nye dɔ vevitɔ kekeake si mía dometɔ aɖe ate ŋu awɔ egbea. Agbeɖeɖenya si womate ŋu ase to mɔ bubu aɖeke nu o ye le mía si. (Rom. 10:13-15) Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋue nye nu vevitɔ ke menye amegbetɔ tɔ o. Xexeame ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu meɖea dzi le mía ƒo be míagagblɔ nyanyuia dzideƒotɔe o.—Dɔw. 4:29.
4 Yesu bu Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ mɔnukpɔkpɔ gãe. (Yoh. 4:34) Etsɔ eɖokui katã ɖo anyi na subɔsubɔdɔa wɔwɔ eye meɖe mɔ susuhenuwo alo tsitretsiɖeŋulawo na wòɖe eƒe dɔwɔwɔ dzi kpɔtɔ o. Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe gbedasia xɔ nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me ɣesiaɣi. (Luka 4:43) Wode se na mí be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. (Pet. I, 2:21) Ne míewɔ esia la, ke míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo.” (Kor. I, 3:9) Ðe míele mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ wɔm bliboea? Ðe míedia mɔnukpɔkpɔ siwo me míagblɔ nyanyuia na amewo le gbeadzi kple vomeɖaseɖiɖi mea? Esi míenye Yehowa ƒe Ðasefowo ta la, ele be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi ‘aʋu eƒe ŋkɔa me le dutoƒo.’—Heb. 13:15.
5 Nɔnɔme si le mía si kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe gome si míekpɔna le subɔsubɔdɔa me dzi. Ðe míekpɔa ŋudzedze deto ɖe nusiwo katã Yehowa wɔ na mí ŋua? Ðe míetu Yehowa lɔlɔ̃ si ʋãa mí be míawɔ nusianu si míate ŋui le eƒe subɔsubɔdɔa me ɖo ɖe míaƒe dzi mea? Ŋugbledede le yayra siwo xɔm míele fifia kple nusiwo ƒe ŋugbe Yehowa do be yeawɔ le etsɔ me ŋu kpena ɖe mía ŋu be míadzi míaƒe lɔlɔ̃ na mía Wɔla la ɖe edzi. Lɔlɔ̃ sia ʋãa mí be míawɔ nu—be míayi edzi adzi gome si míekpɔna le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me kple eƒe nyonyo ɖe edzi eye míawɔe edziedzi. Míaƒe dzonɔameme ɖea míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple mía havi fiana.—Mar. 12:30, 31.
6 Nusi míewɔna le nane ŋu kple nusi míegblɔna le nua ŋu fiaa alesi gbegbe míebui nu xɔasii. Ðe míebua míaƒe mɔnukpɔkpɔ be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea nu xɔasii vavãa? Ðe míedoa kɔkɔ míaƒe subɔsubɔdɔa? Ðe míeɖoe kplikpaa be míayi dɔ vevi sia dzi togbɔ be wotsia tre ɖe mía ŋu hã? Ne míedea asixɔxɔ gã mɔnukpɔkpɔ wɔnuku sia ŋu la, míatsɔ dzonɔameme kple dzi blibo awɔe godoo.—Kor. II, 4:1, 7.