INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/95 axa 1
  • Fiaɖuƒenya La—Egɔmesese

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒenya La—Egɔmesese
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Ƒe Fiaɖuƒea—Èle Egɔme Sema?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Gbesiagbe Mawunyakpukpuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • ‘Miyi Edzi Miadi Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã’
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava!”
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 2/95 axa 1

Fiaɖuƒenya La—Egɔmesese

1 Le Yesu ƒe nukuwula ŋuti lododoa me la, egblɔ be nuku si ge ɖe “anyigba nyui la dzi” la nye kpɔɖeŋu na “amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme.” (Mat. 13:23) Esi míese Fiaɖuƒea ŋu nya la, ɖe ‘míese egɔmea’? Aleke gbegbe wòkpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzii? Ðe míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ tsɔ fia be míese gbedasi ma me nyateƒea?

2 Fiaɖuƒe gbedasia gɔmesese nyuie bia ɖokuisinusɔsrɔ̃. Ele be míadi ɣeyiɣi ade ŋugble le gbɔgbɔmenuɖuɖu si wonaa mí la ŋu. Gbetakpɔxɔ xexlẽ kple dzitsitsi sɔ kple alesi woatsɔ dzitsitsi aɖu nu vivi aɖe si me nunyiame nyuiwo le. Ðe nègbɔa dzi ɖi bua gbɔgbɔmenuɖuɖua ŋu tsitotsitoa? Bene míakpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso eme la, ele be nane nanɔ mía ʋãm ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖua ŋu eye eɖuɖu nadzro mí vevie. Ne nusiawo mele mía me o la, míabu viɖe siwo le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me ŋu tututu o alo míazã ɣeyiɣi si wòle be míazã ɖe eŋu la ɖe nu bubuwo ŋu. Mele bɔbɔe be woawɔ ɖe nusɔsrɔ̃ɖoɖo nyui dzi o. Togbɔ be ebia be woada nu veviwo kpɔ nyuie hã la, naneke mede gbɔgbɔmekesinɔnu siwo míakpɔ tso eme nu o.—Lod. 3:13-18; Kol. 1:27.

3 Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro kpena ɖe mía ŋu be míabu tame nyui tuameɖowo le Fiaɖuƒea ŋu ŋkeke ɖesiaɖe. Amesiwo “tsɔ ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me” wɔa ɖoɖo be yewoazã aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo gbesiagbe atsɔ axlẽ mawunyakpukpuia kple numeɖeɖeawoe. (Mat. 5:3, NW) Mawunyakpukpui geɖe ɖe Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo fia. Le kpɔɖeŋu me, mawunyakpukpui si nye Mateo 13:4 ŋue woƒo nu le le November 22, 1994 dzi. Numeɖeɖea ƒo nu tso Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa ŋu eye wòɖo ŋku afɔku siwo le hadede masɔmasɔwo kple ƒometɔwo kpakple aƒelikawo me dzi na mí. Esi Betel-ƒe siwo katã le xexeame godoo tsɔa aɖabaƒoƒo 15 dzroa gbesiagbe mawunyakpukpuia me le dɔwɔŋkeke ɖesiaɖe ƒe ŋdi ta la, ele gbe tem ɖe edzi na mí be viɖe le ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro me eye wòhiã vevie hã. Ðe wò ƒomea wɔ eme dzodzro ƒe ɖoɖo sia tɔgbe le miaƒe gbesiagbedɔwɔnawo mea?

4 Ne wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Fiaɖuƒea ŋu le dzidzim ɖe edzi la, aʋã wò nàsee le ɖokuiwò me geɖe wu be yeagblɔ Fiaɖuƒe gbedasia na ame bubuwo. Míekpɔa nusi míate ŋu atsɔ asɔ kple susuʋãnu si tsɔa nyatakaka nyui yeye siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu nyia míaƒe susui le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Wokpena ɖe mía ŋu be míaƒe susu nɔa alesi gbegbe xexeame hiã Mawu ƒe Fiaɖuƒeae ŋu ɣesiaɣi. Wokpena ɖe mía ŋu be míanye gbɔgbɔmeme siwo si “Kristo ƒe tamesusu” le. (Kor. I, 2:15, 16) Esiawo katã ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe mɔkpɔkpɔ eye wòadzi míaƒe dzonɔameme be míagblɔ Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa na ame bubuwo ɖe edzi.—Pet. I, 3:15.

5 Ehiã vevie be mía ŋutɔwo míase Fiaɖuƒe gbedasia gɔme. Fiaɖuƒea dzie Mawu ato aʋli eƒe fianyenye ta, aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa, eye wòahe xexeme yeyea—paradiso la—vɛ. Yesu de se na mí be míadae ɖe nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Ele be míanye tevi siwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le siwo anɔ eƒe dziɖuɖu te. (Mat. 6:10, 33) Wɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò la ŋudɔ bliboe bene eƒe yayrawo nasu asiwò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe