INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/95 axa 7
  • Èkpɔ be Hiahiã aɖe Lia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èkpɔ be Hiahiã aɖe Lia?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Agbetsitsi Le Xexe Xoxo Sia Ƒe Nuwuwu Bia Ðekawɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Kpekpeɖeŋu si Li na Mí Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 4/95 axa 7

Èkpɔ be Hiahiã aɖe Lia?

1 Woƒo nu tso Yehowa ŋu be enye Kpekpeɖeŋunala kple Sitsoƒe. Míenya be míate ŋu ate ɖe eŋu le hiãɣi wòakpe ɖe mía ŋu. (Ps. 18:3; 46:2) Míate ŋu asrɔ̃ eƒe veveseɖeameti sia to kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo me ne míekpɔ be hiahiã aɖe li.

2 Nukae ʋãa ame be wòdzea agbagba kpena ɖe ame bubuwo ŋu? Ame geɖe kpɔnɛ be esia nye nusi me lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ le be woawɔ. Enye nyateƒe be Mawu ƒe Nya la dea ewɔwɔ ƒe dzi ƒo. (Rom. 15:1) Paulo ƒoe ɖe mía nu be ‘míagakpɔ nusi nye mía ŋutɔ tɔ ko dzi o, ke boŋ míakpɔ nusi nye ame bubuwo tɔ hã dzi.’—Fil. 2:4.

3 Mí katã míate ŋu akpɔ dzidzɔ le esia wɔwɔ me. (Dɔw. 20:35) Paulo tɔ asi Timoteo dzi be enye amesi “alé be na” nɔviawo. (Fil. 2:20) Enyo be sɔhɛ geɖe le mía si le hamea me egbea siwo si susu ma tɔgbe le. Gake míeɖanye sɔhɛwo alo ame tsitsiwo o, nanewo li míate ŋu awɔ ne míekpɔ be hiahiã aɖe li.

4 Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be hiahiãwo le ame aɖewo ŋu siwo gbɔ woate ŋu akpɔ nyuie wua? Ðewohĩ woxɔ nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe ɖe kɔdzi, eye ame ʋee aɖewo yi ɖasrãe kpɔ; alo ame aɖe zu nuwɔametɔ, gake ame aɖeke meli atsɔ dɔ nɛ alo akpe ɖe eŋu le aƒemedɔwo me o. Yesu bua amesiwo le Yehowa subɔm be wonye ƒome si me tɔwo léa be na wo nɔewo. (Mar. 3:33-35) Le lo si wòdo le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti me la, eɖee fia be woxɔ amesiwo yi ɖe Fia la ƒe ɖusime la ɖe afima le esi wokpe ɖe Fia la nɔviwo ŋu ta.—Mat. 25:40.

5 Aleke Mana Kpekpeɖeŋui? Nukae míate ŋu awɔ akpe ɖe ame ŋu ne míekpɔe be hiahiã li? Ðe míate ŋu axɔ ŋgɔ ana kpekpeɖeŋu le mɔ aɖe nua? Ðewohĩ ame tsitsi aɖewo li siwo hiã na dzideƒo, gake zɔhɛ kplikplikpli aɖeke mele wo si akpe ɖe wo ŋu o. Sɔhɛ aɖewo ahiã na kpekpeɖeŋu. Ðetsɔlemetɔ yeye ƒe ƒome si me ɖevi geɖe le ava Fiaɖuƒe Akpata me esime gbeƒãɖela si srɔ̃a nu kpli wo meva o. Woakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ne ame aɖe alɔ̃ faa akpe ɖe wo ŋu alé be na ɖeviawo.

6 Ne míaƒe lɔlɔ̃ na nyateƒea kple Yehowa ƒe habɔbɔa le tsitsim ɖe edzi la, míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame bubuwo ŋu le hamea me kple ɖetsɔtsɔ le eme na wo hã tsina ɖe edzi. Paulo de dzi ƒo na mí be míakeke mía ɖokui ɖe enu le go sia me. (Kor. II, 6:11-13) Yesu te gbe ɖe edzi be lɔlɔ̃ ɖeɖe fia mía nɔewo nye mɔ vevitɔ si dzi míato aɖee fia be míenye eyomedzelawo nyateƒe.—Yoh. 13:35.

7 Eyata ne míekpɔ hiahiã aɖe la, ele be lɔlɔ̃ na mía nɔviwo kple hamea naʋã mí be míaxɔ ŋgɔ ana kpekpeɖeŋu le mɔ ɖesiaɖe nu alesi míate ŋui. (Gal. 6:9, 10) Ðetsɔtsɔ le ame bubuwo me alea tea mí ƒoa ƒui kplikplikpli le lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me. (Kor. I, 10:24) Míetoa mɔ sia dzi wɔa míaƒe akpa dzi tsɔ kpɔa hiahiã aɖe gbɔ le míaƒe hamea me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe