INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/06 axa 5
  • Kpekpeɖeŋu si Li na Mí Ɣesiaɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpeɖeŋu si Li na Mí Ɣesiaɣi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Kristo Hamea—Enye Afisi Wokpɔa Ŋusẽdoame Tsonɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • ‘Yɔ Hamemetsitsiwo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 2/06 axa 5

Kpekpeɖeŋu si Li na Mí Ɣesiaɣi

1. Aleke wòate ŋu adzɔe be ame aɖe nagbɔdzɔ le gbɔgbɔ mee?

1 Esesẽna na Anna, nɔvinyɔnu si srɔ̃ mele nyateƒea me o, eye dɔ si wòwɔna hã xɔa eƒe ɣeyiɣiwo katã la, be wòade Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi, akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye be wòasrɔ̃ Mawu ƒe Nya le eɖokui si. Togbɔ be elɔ̃ Yehowa hã la, megatsɔa dzo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Dzidzɔtɔe la, hamemegã lɔ̃amewo na kpekpeɖeŋui.

2. Mɔ ka nue Kristotɔwo katã ate ŋu aɖee fia le be yewole klalo ana kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi?

2 Ne míelɔ̃ xɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si Kristo-hamea nana la, míeɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋutɔ ŋu. Hamemetsitsi siwo le hamea me dia mɔnukpɔkpɔwo be yewoade dzi ƒo na amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye be yewoana kpekpeɖeŋu wo le mɔ ŋutɔŋutɔ aɖewo nu, le Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia sɔsrɔ̃ me. (Tes. I, 5:14) Zi geɖe la, Ŋɔŋlɔawo me nyawo tsɔtsɔ de dzi ƒo na wo lɔlɔ̃tɔe koe ahiã. Kpekpeɖeŋu nana amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la nye Kristotɔwo katã ƒe agbanɔamedzi, ke menye hamemegãwo ɖeɖeko tɔ o. Ðikeke mele eme o be, mía dometɔ ɖesiaɖe nya dɔ si gbegbe “nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la,” wɔna ɖe ame dzi.—Lod. 25:11; Yes. 35:3, 4.

3, 4. Nukae kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo bia tso mía si, eye aleke míate ŋu awɔe?

3 Wɔ Afɔɖeɖea: Ðetsɔleme ɖeɖe fia amesiwo hiã kpekpeɖeŋu bia be míate ɖe wo ŋu, aɖe dadavilɔlɔ̃ afia, ahado vevie nu le kpekpeɖeŋu nana wo me. Esi Yonatan se nɔnɔme sesẽ si me Dawid nɔ la, ‘edze mɔ yi Dawid gbɔ le ave me, eye wòtsɔ Mawu de dzi ƒo nɛ.’ (Sam. I, 23:15, 16) Na kpekpeɖeŋu amewo ameŋububutɔe. Viɖe geɖe dona tsoa nyagbɔgblɔ siwo ɖea ɖetsɔleme fiana me. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe lododo aɖe ɖee fia be hafi míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu be dzo nagaɖo wo me la, ehiã na kutrikuku kple agbagbadzedze geɖe. (Luka 15:4) Didi vevie be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu aʋã mí be míaku kutri le kpekpeɖeŋu nana wo me, ne edze abe ɖe woƒe afɔɖeɖe wɔwɔ mele tsɔtsɔm o ene hã.

4 Edea dzi ƒo na ame ale gbegbe ne míete ɖe mía nɔviwo ŋu, vevietɔ esiwo le míaƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa me, hekpe wo be woawɔ ɖeka kpli mí le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ne míele kpekpeɖeŋu nam mía nɔvi Yehowa subɔla aɖe be wòakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, míate ŋu azã mɔnukpɔkpɔ ma atsɔ ade dzi ƒo nɛ be wòawɔ geɖe le Mawu subɔsubɔ me. Dzidzɔ ɣeyiɣi mawo siwo me míewɔa dɔ le ɖekae le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la, nyea dzideƒo na amesiwo koŋ ŋu míele kpekpem ɖo be woali ke le gbɔgbɔ me.

5. Le ame aɖewo gome la, kpekpeɖeŋu kae hamemegãwo ate ŋu ana?

5 Ðoɖo si me Lɔlɔ̃ Le: Ðewohĩ ahiã be míana kpekpeɖeŋu geɖe wu amesiwo megakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kpɔ o, alo womegawɔ ɖeka kple hamea kpɔ o ɣeyiɣi aɖe la, atsɔ atu woƒe xɔse ɖo. Ðewohĩ agbalẽ siwo nye Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La, Te Ðe Yehowa Ŋu, alo Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? sɔsrɔ̃ kpli wo koe ahiã. Esi wònye amea xɔ nyɔnyrɔ xoxo ta la, zi geɖe la, mahiã be woawɔ nusɔsrɔ̃a kplii eteƒe nadidi o. Ele be Hame ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia nalé ŋku ɖe eŋu akpɔe ɖa be amekawoe woate ŋu awɔ ɖoɖo sia na hã.—Mikpɔ November 1998 kple November 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, ƒe Nyabiaɖakawo.

6. Aleke wokpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu be ŋusẽ gaɖo eŋu le gbɔgbɔ me?

6 Anna, si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la, lɔ̃ ɖe ɖoɖo si hamemegãwo wɔ be nɔvinyɔnu aɖe si tsi le gbɔgbɔ me nawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii la dzi dzidzɔtɔe. Le nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kplii zi ene ko me la, wokpe ɖe eŋu be ƒomedodo kplikplikpli gaɖo woa kple Yehowa dome. Egadze kpekpeawo dede gɔme eye didia gaɖo eme vevie be yeakafu Yehowa Mawu le dutoƒo. Nɔvinyɔnua nana hã be woa kpli woyia Biblia-nusrɔ̃vi bubuwo gbɔ tsɔ na kpekpeɖeŋui le gbeadzisubɔsubɔdɔa me vaseɖe esime eya ŋutɔ su te be wòaɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme. Kpekpeɖeŋu nana lɔlɔ̃tɔe alea koe wòhiã be dzo nagaɖo eme!

7. Viɖe kawoe dona tsoa eme ne míedo ŋusẽ mía nɔewo le gbɔgbɔ me?

7 Ŋusẽdodo amesiwo gbɔdzɔ la hea yayrawo vɛ na mí katã. Amesi ŋu wokpe ɖo kpɔa dzidzɔ be ƒomedodo kplikplikpli gaɖo ye kple Yehowa dome, kple be yegale gome kpɔm le nuwɔwɔ ɖekae me kple Eƒe habɔbɔa. Enyea dzidzɔ na hamemetsitsiwo ne wokpɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siawo tɔgbe. (Luka 15:5, 6) Etea hame bliboa ƒoa ƒu ɖekae esi woyi edzi le lɔlɔ̃ ɖem fia wo nɔewo. (Kol. 3:12-14) Susu nyui kawo gbegbee nye si le mía si be míasrɔ̃ Yehowa, kpeɖeŋutɔ si li na mí ɣesiaɣi!—Ef. 5:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe