INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/95 axa 5-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tanya Suewo
  • Ðo nyabiabia siwo gbɔna la ŋu:
  • Ŋlɔ nya alo nyagbe si hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:
  • Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:
  • Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 4/95 axa 5-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Dodokpɔ

Agbalẽ maʋumaʋu ƒe dodokpɔ le January 2 vaseɖe April 17, 1995 ƒe kwasiɖawo ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku me dɔdasiwo me nyawo ŋu. Ðo biabia alesinu nàte ŋui la ŋu le ɣeyiɣi si wona me la ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi.

[De dzesii: Le nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa me la, Biblia koe woate ŋu azã atsɔ aɖo biabia ɖesiaɖe ŋui. Wò ŋutɔ wò numekukuwɔwɔ tae wofia asi agbalẽ siwo le biabiawo yome ɖo. Menye Gbetakpɔxɔ siwo katã wofia asii la ƒe axa kple memamãe woyɔ o.]

Ðo nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ŋu be Nyateƒee alo Aʋatsoe:

1. Yehowa kple Satana dometɔ si sesẽ wu ŋue dziɖulanyenye ƒe nya la ku ɖo. [jv axa 11-12]

2. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea nye hame siwo menɔ kpɔkplɔ aɖeke te o siwo nɔ wo ɖokui si. [jv axa 29 mm. 1-3]

3. Aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi. [uw axa 127 mm.. 4]

4. Nyagbɔgblɔ “dzikpɔla” kple “ame tsitsi,” alo “hamemegã” katã fia ɖoƒe ɖeka ma ke. [jv axa 35 etenuŋɔŋlɔ]

5. Lododowo 11:25 nye tamesusu alo nukpɔsusu siwo sɔ kple wo nɔewo si wotsɔ ŋlɔ Hebritɔwo ƒe agbalẽae la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka, eye Lododowo 10:7 nye vovototo dede nu eve siwo sɔ kple wo nɔewo dome ƒe kpɔɖeŋu. [si axa 107 mm. 7]

6. Le ƒe 33 M.Ŋ. me, esime wofɔ Yesu ɖe tsitre eye wòbɔbɔ nɔ Mawu ƒe nuɖusi me la, edze fiaɖuɖu gɔme ɖe eƒe nusrɔ̃la siwo wosi ami na la dzi tso ɣemaɣi. (Kol. 1:13) [gt ta 132]

7. Anye ƒe 3,000 hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nava ke ɖe domenyiŋusẽ ŋu la, Psalmo 139:13-16 ɖee gblɔ xoxoxo. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92 5/15 axa 4.]

8. Nunya koŋ ŋue Lododowo 8:22-31 ƒo nu tsoe. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ wE87 5/15 axa 28.]

9. Mele be Kristotɔ vavã nalé fu naneke o. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w92 1/1 axa 21.]

10. Esi Kristotɔ gbãtɔ geɖe ɖi ɖase esi wodze ŋgɔ ku ta la, gɔmesese si va le Helagbe me nya si wozã na “ɖaseɖiɖi” ŋu ku ɖe amesiwo lɔ̃ faa be woaku ɖe woƒe dzixɔsewo ta la ŋu. [jv axa 13]

Ðo nyabiabia siwo gbɔna la ŋu:

11. Yɔ Yehowa ƒe ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa dometɔ etɔ̃ ƒe ŋkɔ. [jv axa 13-14]

12. Le Yesaya 43:10 kple 61:1, 2 ƒe nya nu la, susu eve kawo tae wòle be Yesu nanye Yehowa ƒe ɖasefo? [jv axa 19 mm. 4]

13. Ne Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo nya Mawu ƒe ŋkɔ xoxo ɖe, ke aleke Yesu ɖee fia wo alo na wonyae? [jv axa 21 mm. 1]

14. Ðoɖowɔwɔ ƒe tɔtrɔ ɖedzesi eve kawoe va nɔ hamea me esime apostolo mamlea ku anye le ƒe 150 megbe? [jv axa 35 mm. 2, axa 36 mm. 2]

15. Togbɔ be Ðɔɖɔɖoa he nu nyui aɖewo vɛ hã la, yɔ vodada vevi eve teti siwo tsi Protestant-hawo ŋu tso Katoliko-ha me. [jv axa 39 mm. 2, 3]

16. Aʋatsonufiafia kae te ɖe ƒewuivi Charles Taze Russell ƒe dzi ɖianukware la dzi? [jv axa 43 mm. 2]

17. Nukae na Nɔviŋutsu Russell ƒe Biblia me nufiafiawo me ɖeɖe to vovo na eŋɔli me agbalẽŋlɔla geɖe tɔ? [jv axa 53 mm. 3]

18. Vi kae Yesu ƒe Psalmowo nyanya ɖe nɛ? [si axa 105 mm. 30]

19. Nukata apostolo wɔnuteƒeawo, Yesu fofovi Yakobo, kple nusrɔ̃la siwo wu 500 xɔe se be wofɔ Yesu ɖe tsitre? [gt ta 131]

20. Amekae na nunya Salomo, eye nuka gɔmee wòle be esia nana míase ne míele Lododowo xlẽm? [si axa 106 mm. 1]

Ŋlɔ nya alo nyagbe si hiã be wòakpe nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe ɖo:

21. Amesiwo Yesu gblɔ eƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 1:8 na la nye ․․․․․․․ ƒe ɖasefowo xoxo, eye wogana mɔnukpɔkpɔ wo fifia be woanye ․․․․․․․ ƒe ɖasefowo. [jv axa 26 mm. 1, 2]

22. Nɔviŋutsu Russell xɔe se be Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ anye ․․․․․․․, eye anyo be míade dzesii be Sir Isaac Newton gblɔ do ŋgɔ na Russell ƒe ɣeyiɣia be Kristo atrɔ agbɔ ava ɖu dzi eye “․․․․․․․.” [jv axa 46 etenuŋɔŋlɔ]

23. Petro yɔ nya tso ․․․․․․․ me edziedzi le eƒe nuƒo xɔŋkɔa me le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi; wonyrɔ̃ amesiwo ade ․․․․․․․ le nudzɔdzɔ ma me va kpe hamea. [si axa 105 mm. 25, 26]

24. Psalmo gblɔe ɖi be woatsɔ ․․․․․․․ ana Yesu be wòano, be woadzidze nu ɖe eƒe ․․․․․․․ dzi, eye be adze abe ɖe ․․․․․․․ gblẽe ɖi ene. [si axa 105 mm. 30]

25. Wova nya Kristotɔnyenye be ․․․․․․․ elabena enye mɔ alo agbenɔnɔ si wotu ɖe ․․․․․․․ dzixɔxɔse kple eƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ nyuie dzi. [jv axa 29 mm. 5]

Tia ŋuɖoɖo si sɔ le nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me:

26. Esi Yesu nɔ fuwɔametia ŋu la, wotsɔ aha tsitsi si wotɔtɔ nɛ be wòano gake egbe elabena (Sea meɖe mɔ ɖe eŋu o; Nazaretetɔ wònye; edi be yeƒe susu kple tamebubu ƒe ŋutetewo nanɔ te bliboe). [gt ta 125]

27. Míaƒe awuwo nyanyã ahawɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu me fia be (míadzudzɔ nuvɔ̃ wɔwɔ; míakpɔe adze sii be míehiã na nuvɔ̃ tsɔtsɔke to Yesu ƒe vɔsa dzi; míatsɔ míaƒe agbe aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ̃). [uw axa 106 mm. 7]

28. (Herodes; Pilato; Felike), si na ta emegbe esi Yudatɔwo ƒo nya ɖe enu madzudzɔmadzudzɔe eye wòtsɔ Yesu de asi be woawu la gblɔ zi atɔ̃ ya teti be Yesu nye ame maɖifɔ. [gt ta 124]

29. Wometsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo ku eye wonɔ ku me hafi Pentekoste (36; 35; 33) M.Ŋ. ɖo la be woanɔ agbe le dziƒo o. [uw axa 111 mm. 5]

30. Satana te tɔ ɖe edzi be (lɔlɔ̃; fuléle; ame ŋutɔ ƒe viɖe didi) ye ʋãa amegbetɔwo katã eye be (Mawu ƒe ŋkɔ; ame bubuwo; wo ɖokui) ŋue wotsi dzi ɖo. [uw axa 124 mm. 14]

Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la sɔ kple nyagbɔgblɔ siwo le ete:

Lod. 3:27, 28; Yoh. 19:4-6; 19:25-27; Rom. 15:2, 3; Nyaɖ. 7:16, 17

31. Agba le Kristotɔwo dzi be woalé be na wo dzila tsitsiwo. [gt ta 126]

32. Alesi míaƒe dzedzeme akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii la le vevie na mí ŋutɔ, eyata míetsɔa nusiwo dzea mía ŋutɔwo ŋu wɔwɔ saa vɔe faa. [uw axa 130 mm. 10, 11]

33. Ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míawɔ nyui na ame bubuwo eɖanye le gbɔgbɔ me alo le ŋutilã me o, ele be míawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ akpe ɖe mía haviwo, vevietɔ míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo ŋu. [Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ; kpɔ w93 12/15 axa 20.]

34. Bubu kple dzigbɔɖi tsɔtsɔ nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nui ate ŋu ade bubu Yehowa ŋu, eye amewo hã ade bubu ŋuwò. [gt ta 123]

35. Míele vivi sem le nɔnɔme siwo ƒe ŋugbe wodo míeyɔna wòsɔ be “gbɔgbɔmeparadiso” la me xoxo. [uw axa 107-8 mm. 9-11]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe