Subɔsubɔ Kpekpewo Hena may
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 1
Hadzidzi 43
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
15 min: “Nyanyui na Ðokuibɔbɔlawo.” Dzro nyatia me kple nyaselawo, eye emegbe nàna woawɔ alesi woanae ƒe wɔwɔfia ɖeka alo eve.
20 min: “Fiaɖuƒe Ŋuti Nya Tɔxɛ aɖe na Amesiame.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. Dzro dɔ si miewɔ va ɖo fifia le Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la mamã me la me, vevietɔ nàgblɔ alesi ame yeye siwo le gbeadzi yim zi gbãtɔ la kpe asi ɖe gbeadziyiɖoɖowo ŋu nyuie. Gblɔ anyigbamamãa kpekpe ɖo ŋuti nyatakakawo; gblɔ nusi hiã be woawɔ ne hame aɖe bia kpekpeɖeŋu. De dzi ƒo na amesiame be wòadze agbagba geɖe wu amã Fiaɖuƒe Ŋuti Nya agbɔsɔsɔ si wonae. Te gbe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋuti nuŋlɔɖi wɔwɔ kple tɔtrɔyiwo wɔwɔ ahadze agbagba be woadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme ƒe vevienyenye dzi. Na woawɔ enana mɔnu si ŋuti ɖaŋu woɖo la ƒe wɔwɔfia.
Hadzidzi 55 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 8
Hadzidzi 61
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. “Nuteƒekpɔkpɔ Nyuiwo Ate Ŋu Asu Wò Hã Asiwò!” Kpe nyaselawo le ɣeyiɣia ƒe mɔɖeɖe nu, be woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siwo su wo si esi wonɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya la nam.
15 min: Míaƒe nuhiahiãwo. Alo nuƒo si wotu ɖe nyati si nye “Alesi Kristotɔwo Wɔa Nu Ðe Dutoƒovlodoame Ŋui” dzi le April 1, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ axa 26-9 me.
15 min: “Nukatae Nàwɔ Amesiwo Mele Aƒeme O Ŋuti Nuŋlɔɖi?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.
Hadzidzi 60 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 15
Hadzidzi 54
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
15 min: “Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la Sɔsrɔ̃ abe Kekeliviwo Ene.” Nyabiabia kple Ŋuɖoɖowo.
20 min: “Ðe Fiaɖuƒe Akpata si Sɔ Le Miaƒe Hamea Sia?” Hamemegã aɖe natsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emedegbalẽvia ƒe nyati gbãtɔ mee. Dzo nenɔ eme eye wòado vivi ɖe ame ŋu.
Hadzidzi 118 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 22
Hadzidzi 66
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ le mɔkekeɣletiawo me. Dzro dzedze ƒe nudidi siwo wogblɔ le agbalẽ si nye Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe axa 112-13 me.
15 min: “Dzesidede si Hea Ðeɖekpɔkpɔ Vɛ.” Numedzodzro kple nyaselawo. De wɔwɔfia ɖeka alo eve eme atsɔ afia alesi woate ŋu awɔ tɔtrɔyiwoe.
20 min: “Midzɔ Nu Miatsɔ Ado Alɔ Ghana Alɔdzedɔwɔƒea.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emedegbalẽvia ƒe nyati evelia mee. Hamemegã nawɔe.
Hadzidzi 30 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 29
Hadzidzi 79
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo aɖaŋu si ade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woadze agbagba axlẽ mawunyakpukpui aɖe wòanye woƒe nyagbɔgblɔ ƒe akpa aɖe ne woyi amewo ƒe aƒeme. Ame geɖewo dea bubu Biblia ŋu eye wolɔ̃na ɖoa to ne wole exlẽm. Eƒe aɖaŋuɖoɖowo sẽŋu eye aʋã ame aɖe si si dzi anukwaretɔ le. Asɔ be nàlé Biblia ɖe asi ne ègogo ʋɔtrua nu. Ele be nàxlẽ mawunyakpukpuia kple seselelãme wòazɔ tẽ.—Kpɔ School Guidebook, axa 32-3, memamã 12-15.
12 min: Nyabiaɖaka. Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Ðe nusita kpekpeawo ɖea vi na mí geɖe wu ne míedzra ɖo do ŋgɔ eye míetsɔ nusrɔ̃gbalẽ siwo katã wotia na mí ɖe asi la me.
18 min: Na Creation-gbalẽa le June me. Gblɔ nya siwo amesiwo dzi agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? wɔ dɔ ɖo la gblɔ. (Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ siwo nye March 15, 1987, axa 32; May 1, 1986, axa 32; September 1, 1986, axa 31.) Fia nɔnɔmetata siwo le axa 6, 236-7, 243, kple 245, eye nàfia alesi woate ŋu azã wo atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ enana ƒe wɔwɔfia aɖe si aɖe tiatia si wòle be amesiame nawɔ be wòakpɔ agbe mavɔ la me, eye wòazã numeɖeɖe kple ŋɔŋlɔ siwo le axa 250-1. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòaxɔ ɖewo azã le gbeadzi le kwasiɖanuwuwu sia.
Hadzidzi 63 kple gbedodoɖa hena kpakpã.