Nuteƒekpɔkpɔ Nyuiwo Ate Ŋu Asu Wò Hã Asiwò!
Ewɔ abe sasrãkpɔ alo tɔtrɔyi nyui aɖe si gbeƒãɖela aɖewo wɔ ŋuti nuteƒekpɔkpɔ vivi, dedziƒoname siwo he dzidzɔ geɖe vɛ na wo la nɔa wo si wogblɔna ɣesiaɣi ene. Zi geɖe la, nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo mevana le wo ɖokui si o. Wo dometɔ geɖe sua ame si to veviedodo kple kutrikuku me. Menye gbeƒãɖela siwo ƒe nume bi wu alo esiwo bi wu la koe kpɔnɛ o.
Nusiwo wokpɔ le amesiwo kpɔ dzidzedze geɖe wu ŋu la ƒe ɖewoe nye si: (1) Wodea gbeadzi edziedzi, wodenɛ zi geɖe le kwasiɖaa me si na wokpɔa mɔnu geɖe ɖoa dze kple ɖetsɔlemetɔwo; (2) nukpɔsusu nyuitɔ nɔa wo si ɖe aƒemenɔlawo ŋu, womeƒoa nya ta doa ŋgɔ be womaɖo to o; (3) xɔlɔ̃dzedze ƒe nɔnɔme nɔa wo me, woɖea ɖetsɔleme si me vividoɖeameŋu vavãtɔ le la fiana amesiwo ɖoa to wo; (4) wodoa vevie hekua kutri gbugbɔ gawɔa tɔtrɔyiwo eye wogayia amesiwo menɔ aƒea me o hã gbɔ; kple (5) woɖoe woƒe taɖodzinui be yewoadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme.
Ne èdzro wò dɔwɔwɔwo me kpɔ vɔ la, ɖewohĩ àte ŋu akpɔ alesi nàte ŋu ase vivi le nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname mawo siwo nana be subɔsubɔdɔa tsea ku eye wòna ame ƒe dzi dzea eme la geɖe wu kpɔkpɔ me. Taflatse ne nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖewo su asiwò la, ŋlɔ wo eye nàɖo wo ɖe Habɔbɔa.