Subɔsubɔkpekpewo Hena June
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 5
Hadzidzi 7
13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Gbeƒãɖeɖe tiatiawo tso Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Dzro “Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me. Ne ènya ŋkeke si miawɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si gbɔna la, ke ɖe gbeƒãe eye nàde dzi ƒo na amesiame be wòawɔ ɖoɖo ayi.
15 min: “Yehowa Doa Ŋusẽ Ame.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ si le February 1, 1992, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 32 lia me.
17 min: “Yehowa Ye Nye Mía Wɔla.” Dzro eme kple nyaselawo. Na woawɔ wɔwɔfia ɖeka alo eve atsɔ aɖe alesi woazã dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo lae fia. Ðo aɖaŋu aɖewo le alesi woatrɔ ayi amesiwo xɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya si míemã le April kple May me gbɔ lae ŋu kpuie.
Hadzidzi 17 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 12
Hadzidzi 221
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
17 min: “Kristo Nye Kpɔɖeŋu na Sɔhɛwo.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nya aɖewo tso nyati sia ŋu le September 1, 1986 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 4-6 me.
18 min: “Kpe Ðe Xɔsemanɔsitɔwo Ŋu.” Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nadzro nyatia me kple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ eye emegbe woadzro alesi woawɔ nyatia ŋudɔe me. Wosrɔ̃ mɔnuawo to aɖaŋuɖoɖoawo wɔwɔ fia wo nɔewo me.
Hadzidzi 122 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 19
Hadzidzi 83
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
23 min: “Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 1995 ‘Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo’ Nutome Gã Takpekpe.” Agbalẽŋlɔla natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emee. Xlẽ memamã kple mawunyakpukpui veviwo ko. De dzo nɔviawo me ɖe Tamale takpekpea yiyi ŋu. Hame siwo me amesiwo ƒe lãme gbɔdzɔ le la ate ŋu ate gbe ɖe akpa si ku ɖe Hiahiã Tɔxɛwo ŋu le memamã 5-8 me dzi.
17 min: “Wɔ Wò Ɣeyiɣi Ŋuti Dɔ Nyuie.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Ku ɖe ɣeyiɣi si wogblẽna ɖe television kpɔkpɔ ŋu la, dzro aɖaŋuɖoɖo siwo le tanya sue si nye “Ðokuidziɖuɖu” te le May 22, 1991 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! axa 11.
Hadzidzi 208 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 26
Hadzidzi 75
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro tɔtrɔyiwo wɔwɔ ƒe vevienyenye me kpuie. Míewɔa míaƒe nufiafiadɔ ƒe akpa vevitɔ ne míetrɔ yi ɖatu amewo ƒe ɖetsɔleme ɖo. Ame ʋee aɖewo koe ate ŋu azã agbalẽ ɖeɖeko awɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi. Ne míetrɔ yi o la, ke mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ si su mía si be míakpe ɖe wo ŋu la tsi mía ŋu. Tɔtrɔyiwo wɔwɔ mee Biblia-nusɔsrɔ̃ tsona. Gbeƒãɖela geɖe kpɔ emetsonu nyuitɔwo esi wotrɔ yi le ŋkeke ɖeka alo eve megbe tsɔ wu be woalala kwasiɖa ɖeka nava yi hafi.—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa ƒe axa 88-9.
15 min: Nyabiaɖaka. Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nawɔe. Gagblɔ nya bubu aɖewo tso School Guidebook ƒe axa 91-2 me.
15 min: Dzro July ƒe agbalẽnunana me. Ƒo nu tso agbalẽ gbadza siwo le hamea si ƒe akpa ɖedzesiwo ŋu. Na gbeƒãɖelawo nawɔ alesi woana wo le gbeadzi ƒe wɔwɔfia kpuie. Le kpɔɖeŋu me: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? (Ʋu axa 26-7, tsɔ nɔnɔmetatawo fia, eye nàdzro mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso Paradiso si gbɔna ŋu la dometɔ ɖeka me.) Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu? (Trɔ ɖe axa 30-1, dzro mawunyakpukpui siwo woyɔ ɖe eme dometɔ ɖeka me, eye nàƒo nu tso nɔnɔmetataa ŋu.) Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku. (He susu yi nyabiabia siwo le axa 2 dzi eye nàƒo nu tso Ŋɔŋlɔ ɖeka alo eve ƒe nya fakɔname siwo le axa 31 ŋu.) Yɔ agbalẽ gbadza siwo le mia si la na hamea.
Hadzidzi 225 kple gbedodoɖa hena kpakpã.