Kristo Nye Kpɔɖeŋu na Sɔhɛwo
1 Esi wowɔ Biblia me numedzodzro didi aɖe kple xexeme ɖekakpui aɖe vɔ megbe la, egblɔ be: “Yesu Kristo ƒe amenyenye ʋãme la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Kplɔla si ŋu mate ŋu aɖo ŋu ɖoe nye sia.” Míate ŋu agblɔ nya sia ke le dukɔwo ƒe ame ŋkuta alo kamedela kple modzaɖela xɔŋkɔ aɖeke ŋu o. Xexeame ƒe dzidzenu kple agbenɔnɔ siwo medze Kristotɔ o siwo nu wowɔa nu ɖo gaglãa la na be womenye kpɔɖeŋu siwo wòdze be míasrɔ̃ o.—Ps. 146:3, 4.
2 Sɔhɛwo ate ŋu aka ɖe edzi be ne yewonɔ agbe ɖe Yesu Kristo dzixɔse nu la, ke yewonye Mawu ƒe alẽwo eye Yesu nya yewo. Alẽkplɔla Nyui la léa be na wo. (Yoh. 10:14, 15, 27) Sɔhɛ siwo srɔ̃a Kristo abe woƒe Kpɔɖeŋuɖola ene la nye yayramewo.
3 Nɔviŋutsu aɖe si le dɔ wɔm fifia le Brooklyn Betel la tsɔ subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ sia wɔ eƒe taɖodzinui tso esime wòxɔ ƒe enyi ke. Wode dzi ƒo nɛ be wòabu Betel subɔsubɔdɔ be enye mɔ nyui aɖe si dzi yeato asrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋu ne yetsi. Edzilawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo tsɔa taɖodzinu sia nɔa eŋkume ɖom. Bene woakpe ɖe eŋu ne wòadzra ɖo ɖe eŋu la, wode dzi ƒo nɛ be wòaku kutri abe Beteltɔwo ene, be wòawɔ aƒemedɔwo, wòakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo ŋu, eye wòatrɔ asi le eƒe subɔsubɔdɔa ŋu wòanyo ɖe edzi wu. Fifia si wòwɔ dɔ le Betel ƒe geɖe enye sia la, eda akpe be yedze agbagba srɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋu la esime yenɔ tsitsim.
4 Yesu mewɔ xexeame ƒe dɔwɔɖui o; subɔsubɔdɔae wòtia. Nɔvinyɔnu ɖetugbi aɖe si di be yeawɔ mɔɖeɖedɔa ne yewu suku nu la nɔ hehem ɖe megbe le ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui nyui makpɔmakpɔ ta. Enɔ ebum be: ‘Makpɔ dɔ aɖe gbã, ke emegbe mabia be mawɔ mɔɖeɖedɔa.’ Hamemegã aɖe gblɔ nɛ be zi alesi wòle lalamee la, zi nenemae wòate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nyuie wu, elabena naneke maxe mɔ na ewɔwɔ o. Egblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ la nafia mɔm.” Ebia enumake be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa eye emegbe eva zu gbesiagbe mɔɖela. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke le ema megbe hafi wòkpɔ dɔ nyui aɖe si sɔ na ɖoɖo si wòwɔ ɖe eƒe mɔɖeɖedɔa ŋu o.
5 Yesu tsɔ dzideƒo ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedasia na amesiame. (Mat. 4:23) Kristotɔ sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ alesi woatsɔ dzideƒo aɖe gbeƒãe, eye womana ame bubuwo nado vɔvɔ̃ na wo o. Ðasefo aɖe si nye ƒe 14 vi gblɔ be: “Amesiame nya nye tenɔnɔ le sukua be Kristotɔe menye. . . . Wonyae nyuie ale gbegbe be ne medo go nye sukuhati aɖe le gbeadzi la, mekpea ŋu nam o. Zi geɖe la, nye sukuhatiwo ɖoa to, eye geɖe xɔa agbalẽ.”
6 Kristo ƒe kpɔɖeŋua ŋu bubu ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woawɔ nyametsotso nyuiwo le woƒe etsɔme ŋu. Le esi woatsi dzi ɖe xexemenuwo yometiti ŋu teƒe la, wosubɔa Yehowa kple dzonɔameme tsɔ ɖoa kpe edzi be ‘yewoɖoa ŋku yewo Wɔla Wɔnuku la dzi.’ (Nyagb. 12:1) Abe Kristo Yesu ene la, wole ‘lɔlɔ̃ na Fofo la’ si me yayra siwo de ŋgɔ boo wu nusianu si le xexeame si le la tum ɖo. Le esi ‘wo nu nava yi’ kple xexe xoxoa teƒe la, woate ŋu akpɔ mɔ na ‘anyinɔnɔ yi ɖe mavɔmavɔ me.’—Yoh. I, 2:15-17.