Nyabiaɖaka
◼ Amekawoe woate ŋu azã be woaxlẽ memamãwo le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me?
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 1977 kple October 1980 tɔwo ƒo nu tso amesiwo dze anye nuxlẽlawo ŋu. Wozãa nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ̃wo ne woli. Ele be woatia wo tso hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ̃ bubu siwo dze le hamea me la dome. Ele be amesiwo woade dɔ asi na nate ŋu axlẽ nu wòazɔ tẽ, woate gbe ɖe gɔmesesea dzi nyuie ahanya gbetɔtrɔ. Ele be dzo nanɔ wo me eye woaɖe nuƒo ƒe nɔnɔme siwo hiã siwo woɖo ɖe Theocratic Ministry School Guidebook ƒe ta 6 me afia. (Tsɔe sɔ kple Nexemya 8:8.) Ele be woƒe agbenɔnɔ hã nanye kpɔɖeŋu.
Esi wònye agbalẽ me nusɔsrɔ̃a le sue wu hamea ƒe kpekpe bubuwo ta la, ɖewohĩ nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ̃ siwo dze axlẽ nu manɔ wo katã me o. Ne ele alea la, nusɔsrɔ̃dzikpɔla ŋutɔ ate ŋu axlẽ memamãwo, alo abia tso nɔvinyɔnu xɔnyɔnyrɔ̃ si dze eye wòxlẽa nu nyuie si be wòana kpekpeɖeŋu. Ne nɔvinyɔnue le exlẽm la, mahiã kokoko be wòatsyɔ nu ta o, elabena menye nu fiam wòle o. Gake ate ŋu atsyɔ nu ta faa ne ekpɔe be ema sɔ na ye wu.
Le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me la, anɔ eme godoo be nɔviŋutsu siwo dze axlẽ nu anɔ anyi. Ele be Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nawɔ ɖoɖowɔɖi na nuxlẽlawo do ŋgɔ eye wòaklãe ɖe nyatakakaʋuƒoa dzi. Enye hamemegãwo ƒe ha bliboa ƒe agbanɔamedzi be woatia amesiwo woade dɔ asi na be woaxlẽ nu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me. Ne nɔviŋutsu aɖe mexlẽa nu nyuie o la, Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla naxɔ ŋgɔ ana nuxlɔ̃ame kple kpekpeɖeŋui dɔmenyotɔe. Woate ŋu atrɔ exlẽlawo enuenu alesi wòhiãe be nuxexlẽ nalé vi ɣesiaɣi. Ne woɖe nɔviŋutsu aɖe ƒe ŋkɔ le eme la, ele woana wòanya nusitae kple nɔnɔme siwo ŋu wòhiã be wòawɔ dɔ le be wòagadze ake.
Eɖanye Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo sue mee wole nu xlẽm le alo hamea katãe wole exlẽm na le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me o, ele be amesi wode dɔ asi na la nabu eƒe mɔnukpɔkpɔa ŋkubiãnyae. (Tim. I, 4:13) Ele be wòaƒo nu kakaɖedzitɔe ahaxlẽ nua aɖaŋutɔe be ‘nyateƒenya siwo le eteƒe’ la nadze ƒã.—Nyagb. 12:10.