INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/96 axa 1
  • Kafu Yehowa “Gbesiagbe”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kafu Yehowa “Gbesiagbe”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kafu Yehowa Gbe Sia Gbe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • He Amewo ƒe Susu Yi “Xexeame ƒe Kekeli la” Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Yehowa Dze Ŋutɔŋutɔ na Kafukafu Geɖe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Midi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã—To Kafukafuvɔwo Sasa Ɣesiaɣi Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 3/96 axa 1

Kafu Yehowa “Gbesiagbe”

1 Fia Dawid do ŋugbe aɖe na Yehowa le Psalmo 145:2 be: “Makafu wò gbesiagbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi ɖaa tegbee.” Susu le míawo hã si si ta míakafu míaƒe Dziƒofofo la ahadoe ɖe dzi! Gake aleke míate ŋu asrɔ̃ Dawid ƒe kpɔɖeŋu le Yehowa ƒe fianyenye dodo ɖe dzi “gbesiagbe” me?

2 Míatsɔ Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yehowa Ŋu Ayɔ Míaƒe Dzimee: Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ɣesiaɣi naa míaƒe akpedada ɖe nusi Yehowa wɔ, nusi wòle wɔwɔm, kple nusi wòagawɔ na mí ta dea to ɖe edzi. Ne míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe nuwɔna wɔnukuwo ŋu le dzidzim ɖe edzi la, ana míanɔ nu ƒom tso eƒe nyuiwɔwɔ ŋu dzonɔamemetɔe. (Ps. 145:7) Míatsɔ didi vevie akafu Yehowa le ɣeyiɣi ɖesiaɖe si sɔ me.

3 Kafu Yehowa le Gbesiagbedzeɖoɖo Me: Ne míele dze ɖom kple aƒelikawo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, kple ame bubu siwo míedoa goe gbesiagbe la, mɔnukpɔkpɔwo ate ŋu su mía si be míaƒo nu tso míaƒe mɔkpɔkpɔ ŋu na wo. Ðewohĩ aƒelika aɖe agblɔ alesi wòtsi dzi ɖe nuvlowɔwɔ si le nutoa me ŋui; sukuhati aɖe atsi dzimaɖi ɖe atikevɔ̃ɖizazã alo agbegbegblẽnɔnɔ ŋu; dɔwɔhati aɖe agblɔ eƒe susu le dunyahehe me nya aɖe ŋui. Míate ŋu ahe woƒe susu ayi gɔmeɖose kple ŋugbedodo siwo le Mawu ƒe Nya la me siwo fia mɔ nyuitɔ si dzi míato fifia kple kuxi siawo gbɔ kpɔnu si ava mlɔeba la dzi. Nya siawo si míagblɔ le “egblɔɣi” la ate ŋu anye yayra!—Lod. 15:23

4 Ƒo Nu Tso Yehowa Ŋu Ɣeawokatãɣi: Amesi kpɔ ŋudzedze deto ɖe Yehowa ŋu dina be yeagblɔ nyanyuia na ame geɖe alesinu wòate ŋui. (Ps. 40:9-11) Ele be míabia mía ɖokui le go sia me be, ‘Ðe mele nusi ŋu nye nɔnɔmewo aɖe mɔ ɖo la katã wɔma?’ Ame geɖe kpɔe be esi yewowɔ asitɔtrɔ nyui aɖewo la, yewote ŋu va zu gbesiagbe mɔɖelawo. Ne fifi ƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ míawɔ ema o la, ɖe míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa? Esi Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣi si gbɔna la nye ɣeyiɣi si me míawɔ dɔ geɖe wu ta la, March kple April ƒe ɣletiawo anye ɣeyiɣi nyui si me míadzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me.

5 Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu be Woawɔ Ðeka Kpli Mí le Yehowa Kafukafu Me: Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu ɖoa ŋku susu siwo ta wòle be míada akpe na Yehowa ahakafu Eƒe ŋkɔ la dzi na mí ɣesiaɣi. Vevietɔ fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si míade dzi ƒo na míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo be woawɔ ɖeka kpli mí ne míaƒo nu tso Yehowa ƒe fianyenye ŋu le gaglãgbe. De dzi ƒo na wo be woatsɔ gbedodoɖa ade ŋugble le nya si wogblɔ le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe axa 173-5, memamã 7-9 ŋu. Ne wodze la, susu aɖeke meli si ta wòle be woahe ɖe megbe le esi nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si ta ko o. Gbeƒãɖela bibiwo li afia wo alesi míewɔa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ lae. Ne ame yeyewo ate ŋu alé dzi ɖe ƒo agblɔ nyanyuia la, woate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu.—Dɔw. 4:31; Tes. I, 2:2.

6 Enyea viɖe na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa ne míedina be míakafu Yehowa gbesiagbe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe