Kpɔ Viɖe Tso Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me—akpa 3
1 Apostolo Paulo di be ye nɔviwo nado gbe ɖa ɖe ye ta ale be ŋutete nasu ye si be yeagblɔ nyanyuia kple dzideƒo. (Ef. 6:18-20) Míedi be míatu ŋutete ma tɔgbe ɖo. Be míate ŋu awɔe nenema la, míekpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si Teokrasi Subɔsubɔ Sukua nana ŋu, si wodea dzi ƒo na kpekpedela siwo dze be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe eme.
2 Woɖoa aɖaŋu na mí sukuviawo ɖekaɖeka be wòakpe ɖe mía ŋu míadzi míaƒe nuƒoƒo kple nufiafia ƒe ŋutetewo ɖe edzi. (Lod. 9:9) Míate ŋu akpɔ viɖe tso aɖaŋu si woɖona na sukuvi bubuwo hã me, ahawɔ ɖe nya siwo míesena la dzi. Ne míele dzadzram ɖo ɖe dɔdasi ŋu la, ele be míasrɔ̃ nyatia nyuie be míaka ɖe edzi be alesi míeɖea emee la sɔ. Ele be nyati vevieawo kple ŋɔŋlɔ siwo míezãna la nasɔ kple tanya si ŋu míele nu ƒom tsoe. Ne ame bubu akpɔ gome le dɔdasia me kpli mí la, ke ele be míato eme nyuie ɣeyiɣi didi aɖe hafi míava wɔe le sukua me. Ne míele ŋgɔyiyi wɔm la, ele be míadze agbagba azã nuŋlɔɖi kpuiwo aƒo nu le mía ŋutɔ ƒe nyawo me tsɔ wu be míaŋlɔ nya sia nya ava xlẽ.
3 Ele be amesiwo katã si dɔ le le sukua me nava kaba, woatsɔ woƒe Nuƒo Ŋuti Aɖaŋuɖoɖo ƒe agbalẽvia ana sukudzikpɔla la, eye woanɔ akpata ƒe ŋgɔgbe lɔƒo. Ele be nɔvinyɔnuwo nana sukudzikpɔla nanya alesi woawɔ woƒe dɔae kple ne woatsi tre alo anɔ anyi le woƒe dɔa wɔwɔ me do ŋgɔ. Nuwɔwɔ aduadu le mɔ siawo nu naa ɖoɖowɔɖia zɔna nyuie eye ekpena ɖe amesiwo le nuƒolanɔƒea dzi kpɔm naa nusianu sɔa gbe do ŋgɔ.
4 Dɔdasi 2 lia Dzadzra Ðo: Biblia xexlẽ ƒe taɖodzinu ɖekae nye be wòakpe ɖe sukuvia ŋu be wòana eƒe nuxexlẽ nanyo ɖe edzi. Mɔ nyuitɔ ka dzie woato aɖo esia gbɔ? Nua xexlẽ to eme edziedzi wòaɖi sesĩe nye mɔ nyuitɔ si woato wòamã nu na ame. Be sukuvia nanya nya sesẽwo gɔmeɖeɖe kple wo yɔyɔ nyuie la, ele be woadi wo le nyagɔmeɖegbalẽ me. Esia abia hã be wòanya dzesi siwo kpena ɖe ame ŋu le nyayɔyɔ me si wozã le nyagɔmeɖegbalẽa me la nyuie.
5 New World Translation naa kpekpeɖeŋu le ŋkɔ tɔxɛwo kple nya siwo womebɔna zãna o siwo le Biblia me la yɔyɔ me. Ewɔa esia to wo me mamã ɖe nyakuiwo me kple gbeɖiɖidzesiwo ŋudɔwɔwɔ me. (Kpɔ All Scripture Is Inspired of God and Beneficial,” axa 325-6, memamã 27-8.) Se si le eŋue nye be, nyakui si do ŋgɔ na gbeɖiɖidzesi la dzie wotea gbe ɖo wu. Ne ablɔɖegbeɖiɖi ye wu nyakui si tame gbeɖiɖidzesi le nu la, wohea ablɔɖegbeɖiɖia yɔyɔ me. Ne xaxagbeɖiɖie wu nyakui aɖe nu la, ke woyɔa ablɔɖegbeɖiɖi si le eme la wònɔa kpuie. (Tsɔ Saʹlu sɔ kple Salʹlu.) Nɔvi aɖewo ɖoa to Habɔbɔa ƒe kasɛt dzi nuxexlẽwo be wòatsɔ adzra ɖo ɖe woƒe Biblia xexlẽ ƒe dɔdasiwo ŋu.
6 Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo vi suewo ŋu woadzra ɖo ɖe nuxexlẽ ƒe dɔdasi ŋu. Esia afia be woaɖo to ne ɖevia le eme tom eye emegbe woaɖo aɖaŋu nyuiwo nɛ be wòanyo wu. Ɣeyiɣi si wona la ana wòagblɔ ŋgɔdonya kpui aɖe kple nyataƒonya si sɔ si wòatsɔ aɖe alesi woawɔ nyati veviawo ŋudɔ afiae. Nusrɔ̃via ato esia me atu nuƒoƒo le eya ŋutɔ ƒe nyawo me ƒe ŋutete ɖo.
7 Hakpala la bia le gbedodoɖa me be: “Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbeƒã wò kafukafu!” (Ps. 51:17) Míaƒe gomekpɔkpɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me nekpe ɖe mía ŋu be didi sia ke nava eme na míawo hã.