Alɔ Megaku Wò Le Nyanyuia Gbɔgblɔ Me O
1 Kristotɔ gbãtɔwo bu woƒe subɔsubɔdɔa nu vevii ale gbegbe. Luka ka nya ta be: “Gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.” (Dɔw. 5:42) Naneke mete ŋu xe mɔ na wo o, yometiti gɔ̃ hã mete ŋui o! (Dɔw. 8:4) Wogblɔ nyateƒea na ame bubuwo gbesiagbe.
2 Ke míawo hã ɖe? Bia ɖokuiwò se be: ‘Ðe mesea alesi gbegbe nuwɔwɔ kpata hiãe le míaƒe ɣeyiɣia me le ɖokuinye mea? Ðe meɖoe be mayi edzi agblɔ nyanyuia si alɔ makum oa?’
3 Amesiwo Alɔ Mekuna le Gbeƒãɖeɖe me O ƒe Egbegbe Kpɔɖeŋuwo: Wode nɔvinyɔnu aɖe si dzi lãmetutudɔ dze la dzitodzitomɔ̃ me wòtsi teƒe ɖeka. Mete ŋu dea Fiaɖuƒe Akpata me alo takpekpe aɖeke o. Gake nyanyuia gbɔgblɔ ƒe dzo nu sẽ le eme ale gbegbe. Le ƒe 37 siwo wòtsi teƒe ɖeka me la, ete ŋu kpe ɖe ame 17 ŋu wosrɔ̃ nyateƒea! Aleke wòwɔe? Togbɔ be mete ŋu wɔa aƒeme yi aƒeme dɔa o hã la, ekpɔ mɔnu aɖe si dzi wòtona ɖia vomeɖase na amesiwo vaa egbɔ gbesiagbe.
4 Ehiã be mía nɔvi Bosniatɔwo nadze ŋgɔ aʋawɔwɔ kple hiãkame. Ke hã wogaɖea gbeƒã na amewo edziedzi kokoko. Gbeƒãɖelawo zãa gaƒoƒo 20 le mamã dedie nu dzinu sia dzinu le Sarajevo tsɔ gblɔa nyanyuia na amewo, eye wo dometɔ ɖesiaɖe wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ eve le mamã dedie nu. Togbɔ be nɔnɔme si me wole sẽ ŋutɔ hã la, ɖeɖi metea wo ŋu le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia me o.
5 Ðeviwo hã ɖea dzo si le wo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu fiana. Wode Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si le Rwanda xɔ aɖe me eye asrafowo dzra ɖo ɖe wo wuwu ŋu. Ƒomea bia mɔ be woana yewoado gbe ɖa gbã. Woɖe mɔ na wo, eye Deborah si nye vinyɔnu dzaa le wo dome do gbe ɖa sesĩe be: “Yehowa, le kwasiɖa sia me la, mía kple Papa míena magazine atɔ̃. Aleke míawɔ agatrɔ ayi amesiawo gbɔ afia nyateƒea wo ahakpe ɖe wo ŋu woakpɔ agbe?” Le nyɔnuvia ƒe xɔse sẽŋu kple eƒe subɔsubɔdɔa lɔlɔ̃ ta la, womeka asi ame aɖeke ŋu le ƒome bliboa me o.
6 Ehiã egbea be míanɔ ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo me míaɖi ɖase na amewo eye míadi amesiwo ‘ƒe nɔnɔme dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ le la ŋu. (Dɔw. 13:48) Hamemegãwo wɔa ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖi le ƒuƒoƒo me ŋu le ɣeyiɣi siwo sɔ me, le ŋdi, ŋdɔ, alo fiẽ me le alesi wo gbɔ nɔnɔmewo le nu. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyatiwo kple Subɔsubɔkpekpewo, nutome sue kple nutome gã takpekpewo me nuƒowo ɖoa aɖaŋu siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi eye wodea dzi ƒo na mí be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea me to mɔnu vovovowo dzi. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo naa hehe gbeƒãɖelawo le ablɔdziɖaseɖiɖi me, wofiaa alesi woawɔ dɔ le anyigbamamã siwo me dɔwɔƒewo le me, eye wofiaa alesi woaɖi ɖase na amewo le afisiafi si woake ɖe wo ŋu le ƒe mɔnu bubuwo hã. Esiawo katã le gbe tem ɖe edzi be alɔ megaku wò le nyanyuia gbɔgblɔ me o!
7 Yesu ƒe apostolowo tsɔ dzideƒo gblɔ be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” Aleke wowɔ to mɔxenu siawo katã gbɔ gayi dɔa dzi? Wobia Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu, eye ekpe ɖe wo ŋu hã, eye “Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.” (Dɔw. 4:20, 29, 31) Menye amesiame sie nuteƒekpɔkpɔ ɖedzesiwo asu le subɔsubɔdɔa me ya o, gake ne le nyateƒe me míedi be alɔ nagaku mí le nyanyuia gbɔgblɔ fia me o eye míedzea agbagba be míagblɔe gbesiagbe gɔ̃ hã la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu.