Subɔsubɔkpekpewo Hena may
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 5
Hadzidzi 130
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
12 min: “Nɔ Yesu Yome Ðaa.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo le June 1, 1993, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 12 kpe ɖe eŋu.
23 min: “Bu Amesiwo Katã Ðe Ðetsɔleme Fia Ŋu Vevie.” Numedzodzro kple nyaselawo. Te gbe ɖe alesi wòhiãe be woatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo katã gbɔ dzi. Ðo aɖaŋu le mɔ nyui siwo dzi woato axɔ amesiwo míedoa goe le ablɔ dzi ƒe adrɛs ale be míate ŋu agava ɖe gbeƒã na wo la ŋu. Na gbeƒãɖela bibiwo nawɔ dzeɖonya siwo le axa 6-9 dometɔ eve ƒe wɔwɔfiawo. Dzro “Alesi Nàwɔ Tɔtrɔyi Wòadze Edzi,” le aɖaka si le axa 3 le March 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me la me. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ ɖoɖo na tɔtrɔyiwo wɔwɔ kwasiɖa ɖesiaɖe.
Hadzidzi 151 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 12
Hadzidzi 133
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Dzro “Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me.
12 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo.
23 min: “Aleke Nèbua Miaƒe Fiaɖuƒe Akpatae?” Emedegbalẽvia ƒe memamã 1-16 me dzodzro.
Hadzidzi 31 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 19
Hadzidzi 139
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðe gbeƒã kwasiɖaa ƒe gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowo.
20 min: “Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ.” Nɔviŋutsu bibi aɖe nadzro nyatia me kple gbeƒãɖela eve siwo dzea agbagba le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Woazã Sidzedze-gbalẽa ƒe akpa aɖewo awɔ kpɔɖeŋu atsɔ agblɔ nufiafia mɔnu siwo kpena ɖe wo ŋu woyia ŋgɔ eye wòna wokpɔa alesi nusrɔ̃via le nua srɔ̃m ŋutɔŋutɔe afia.—Kpɔ July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe axa 5, 8, 12, kple 21.
20 min: “Aleke Nèbua Miaƒe Fiaɖuƒe Akpatae?” Emedegbalẽvia ƒe memamã 17 vaseɖe eƒe nuwuwu me dzodzro.
Hadzidzi 93 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 26
Hadzidzi 148
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro June ƒe agbalẽnunana me. Gblɔ alesi woate ŋu azã nya siwo le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 10-11 ƒe memamã 17-19 adzra dzeɖonya kpui aɖe ɖoe. De dzi ƒo na amesiame be wòadze agbagba adze nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔme. Te gbe ɖe alesi wòhiãe be woakpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu woayi ŋgɔ kabakaba dzi.—Kpɔ January 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 13-14.
12 min: “Nukata Míeganɔa Wo Gbɔ Yim Kokoko?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nya vevi siwo le aɖaka si le Proclaimers-gbalẽa ƒe axa 570 kpe ɖe eŋu.
18 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Hamemegã ƒe nuƒo alo hamemegã eve ƒe numedzodzro si ku ɖe hamea ƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã aɖe ŋu. Na Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃me kple aɖaŋuɖoɖo nyuiwo hena ŋgɔyiyi.
Hadzidzi 174 kple gbedodoɖa hena kpakpã.