INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/97 axa 1
  • Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo me Nusrɔ̃lawo Tsona

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo me Nusrɔ̃lawo Tsona
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Aleke Mate Ŋui, Ne Ame Aɖeke Mefiam Oa?”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Akpa 1—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 9/97 axa 1

Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo me Nusrɔ̃lawo Tsona

1 Esi Filipo ‘gblɔ Yesu ŋu nyanyuia’ fia Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la vɔ la, ebia be, ‘Nukae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?’ (Dɔw. 8:27-39) Le aƒedzikpɔlaa gome la, elɔ̃ Mawu ƒe ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me xoxo, eye esi wòxɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso Filipo gbɔ vɔ la, esɔ gbe azu nusrɔ̃la. Gake menye amesiamee kpɔe dze sii be ele be yewo ŋutɔ yewoadzro Ŋɔŋlɔawo me o.

2 Míeda akpe be Yehowa ƒe habɔbɔa ta Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la be yeatsɔ ade dzi ƒo na amesiwo xɔ Mawu dzi se be woatsɔ adzro gbedasi si le Biblia me na míaƒe ŋkekea mee. Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza la ŋu na Biblia sɔsrɔ̃. Woŋlɔ nyatiawo bɔbɔe wòvivi ame nu ale gbegbe be anukwaretɔ ɖesiaɖe akpɔ be aɖe vi na ye, eɖanye afikae wòde suku see o, eye wòaʋãe wòadi be yeadzro Biblia me.

3 Ne èdi be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme la, anyo be nàdzro aɖaŋu nyui siwo woɖo ɖe July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me le alesi míawɔ nusɔsrɔ̃ siwo tsea ku le Sidzedze-gbalẽa me ŋu la me. Ne miele nusɔsrɔ̃a wɔm la, lé ŋku ɖe nusrɔ̃via ƒe ŋgɔyiyi ŋu ale be nànya afisiwo ŋu wòhiã be nàgalé ŋku ɖo. De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔ ahaxlẽ ŋɔŋlɔawo. Ne eɖoa nya ŋu le eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ me la, ana nàkpɔ alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu tso dzime kee. Zi geɖe la, amesiwo xlẽa Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubuwo kpee eye wodea hamea ƒe kpekpewo edziedzie wɔa ŋgɔyiyi kabakaba. De dzi ƒo nɛ be wòanɔ nu ƒom tso nusiwo srɔ̃m wòle ŋu na ame bubuwo. Fia nusi wòhiã be wòawɔ ayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me lae dɔmenyotɔe. Mele be míanɔ nusɔsrɔ̃ wɔm ɖaa kple amesiwo gbe nyametsotso wɔwɔ o. Ele be nusrɔ̃viawo ŋutɔ natso le wo ɖokui si asrɔ̃ nu, anɔ tsitre sesĩe ɖe nyateƒea ƒe akpa dzi, eye woayi ŋgɔ aɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ.

4 Le aƒe aɖewo me la, wowɔa nusɔsrɔ̃ geɖe, elabena wowɔa nusɔsrɔ̃a vovovoe kple ƒomea me tɔwo. Gake le wo dometɔ akpa gãtɔ me la, anyo wu ne ƒomea katã ƒo ƒu srɔ̃ nua ɖekae, elabena ate ƒomea aƒo ƒu le gbɔgbɔ me.

5 Se si Yesu de na mí enye be míawɔ nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19) Be míawɔ esia la, ele be míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ aɖo afisi woate ŋu abia be, ‘Nukae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe