INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/97 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 1
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 8
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 15
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 22
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 29
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 9/97 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 1

Hadzidzi 26

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe Tiatiawo. Yɔ May ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeyea.

15 min: “Tsɔ Nusiwo Le Vevie Wu Ðo Nɔƒe Gbãtɔ.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Ƒo nu tso “Nusiwo Sɔ la Ðoɖo Nɔƒe Gbãtɔ” si le February 22, 1987, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 8-9 ŋu.

20 min: “Nana be Ame Bubuwo Nanya Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona.” Nuƒo si wotu ɖe memamã 1, 7 kple 8 dzi. Na woawɔ memamã 2-6 ƒe wɔwɔfia. Te gbe ɖe edzi be nusrɔ̃lawo wɔwɔ nanɔ susu me na mí eye míaɖoe adze nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔme.

Hadzidzi 107 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 8

Hadzidzi 27

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

10 min: “Biblia Nusɔsrɔ̃ Siwo me Nusrɔ̃lawo Tsona.” Nuƒo.

15 min: Hamemegã nadzro nyati si nye “Ʋã Nusrɔ̃viawo be Woaɖe Adzɔgbe Axɔ Nyɔnyrɔ” (km-EW 7/96 ƒe emedegbalẽvi, mm. 20-2) me kple gbeƒãɖela kpɔnuteƒe siwo wɔa nusɔsrɔ̃ tsekuwo.

Hadzidzi 109 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 15

Hadzidzi 30

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: Wɔ Videowo Ŋudɔ Nyuie. Dzro aɖaŋu siwo woɖo tso Habɔbɔa ƒe videowo ŋudɔwɔwɔ ŋu me eye nàgblɔ mia gbɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo siwo fia alesi míate ŋu awɔ videoawo ŋudɔ geɖe wu le míaƒe ƒomewo kple míaƒe subɔsubɔdɔa siaa me.

20 min: Èle Suku-gbalẽ Gbadza la Ŋudɔ Wɔma? Hamemegã nadzro nya siwo le October 1, 1985, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 30-1 me kple dzila aɖewo kpakple ɖevi aɖewo. Woagblɔ woa ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo le Suku-gbalẽ gbadza la zazã me.

Hadzidzi 112 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 22

Hadzidzi 32

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

17 min: Alesi Míawɔ Adze Dzeɖoɖo Gɔme. Míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe alesi míete ŋu ɖoa dze si me tsɔɖui le la kple amewoe dzi. Ne míegblɔ nya aɖe si na amewo di be yewoaɖo to la, ke míeɖu mɔxenu gãtɔwo kekeake siwo míedoa goe le ɖaseɖiɖi me la dometɔ ɖeka dzi. Dzro nya vevi siwo le School Guidebook, nusɔsrɔ̃ 16 lia, memamã 11-14 me kple nyaselawo. Na gbeƒãɖela bibi siwo te ŋu dzea dzeɖoɖo gɔme bɔbɔe la nagblɔ ŋgɔdonya siwo wogblɔna ne wole nu ƒom kple amewo abe (1) amesi to ablɔdzi va yina, (2) mɔzɔla si le ʋu me, (3) nudzrala si le fiase me, (4) asiƒlela si le ʋutɔɖoƒe, (5) amesi nɔ zikpui dzi le abɔ me, (6) amesi woƒo ka na le telefon dzi ɖaseɖiɖi me ene.

20 min: Dzro Hamea ƒe Ƒe 1997 Subɔsubɔƒe ƒe Akɔntabubu Me. Subɔsubɔdɔdzikpɔla nakafu hamea ɖe agbagba nyui si wodze ta, vevietɔ le March, April, kple May me. Gblɔ aɖaŋu siwo hamemegãwo ƒe ha la ɖo kple esiwo le nutome sue dzikpɔla ƒe nyatakaka si va yi me ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔ kple Biblia-nusɔsrɔ̃ dzidzi ɖe edzi ŋu. Gblɔ taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo le subɔsubɔƒe yeyea me, siwo ƒe ɖewoe nye Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze kple wo wɔwɔ kpakple kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le ɣleti siwo me kwasiɖanuwuwu atɔ̃ le me—November, May, August.

Hadzidzi 113 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 29

Hadzidzi 37

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ gbeadzikɔntabubu ana. Gblɔe be míadze Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme le kwasiɖa si gbɔna me le agbalẽ me nusrɔ̃ƒe. Le dzadzraɖo ɖe nudɔdɔwɔwɔ ŋu le October me la, dzro nusita wòhiã be ‘Míalé Ŋku Ðe Míaƒe Anyigbamamã Ŋu,’ ‘Míanya Magazineawo me Nyawo,’ ‘Míadzra Míaƒe Ŋgɔdonya Ðo,’ ‘Míatrɔ Ðe Nɔnɔme si me Aƒemenɔlaa Le Ŋu,’ kple ‘Míakpe Ðe Mía Nɔewo Ŋu,’ siwo dze le October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8 la me.

15 min: Nukae Wòle Be Kristotɔ Nawɔ ne Wobia tso Esi be Wòakpe Asi Ðe Ʋɔnunyamedzodzro Ŋu? Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe April 1, 1997, Gbetakpɔxɔ, axa 27-9 dzi.

15 min: De Bubu Wò Subɔsubɔdɔa Ŋu. Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa ƒe axa 81-3 me dzodzro kple nyaselawo. Bia nya siawo bene nya veviawo nadze: (1) Viɖe kawoe míekpɔna ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu? (2) Vevienyenye kae le míaƒe gbeƒãɖeɖe ƒe agbanɔamedzia ŋu? (3) Nukawoe ʋã mí be míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa? (4) Agbenɔnɔ ka ƒomevie wobia tso amesi di be yeasubɔ Mawu la si? (5) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu ɖe gbeƒãe me?

Hadzidzi 121 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe