INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/97 axa 7
  • Nya Kae Magblɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Magblɔ?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzeɖonya Siwo Míate Ŋu Azã le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Èle Reasoning Gbalẽa Zãma?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Di Amesiwo Lɔ̃na Wofiaa Nu Wo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Alesi Míatu Nyameɖeɖeŋutete Ðoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 11/97 axa 7

Nya Kae Magblɔ?

Ne míedo go amesiwo xɔ mí le gbeadzi la, míedina be míatrɔ ayi wo gbɔ agava ɖi ɖase na wo. Gake ɖewohĩ míaƒe susu anɔ mía wɔm evevee le nya si míagblɔ atsɔ adze dzeɖoɖo bubu gɔmee ŋu. Àte ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔ akpɔ: Bia nya aɖe si ado dzidzɔ nɛ, eye emegbe nàʋu Reasoning-gbalẽa afia ŋuɖoɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me lae. Anyo be nàɖo biabia aɖewo ɖi siwo me nàte ŋu atia esi nèkpɔ be anyɔ ɖetsɔleme wu le le tɔtrɔyi aɖe koŋ me. Esiwo woŋlɔ ɖe ete, siwo woɖe tso Reasoning-gbalẽa me, fia axa si nàkpɔ ɖesiaɖe ƒe ŋuɖoɖo le:

◼ Nukata míetsina kua amegã hekuna? (98)

◼ Ðe susu nyuiwo li si ta míaxɔ Mawu dzi asea? (145)

◼ Ðe Mawu tsɔ ɖe le nusi dzɔna ɖe amewo dzi me ŋutɔŋutɔa? (147)

◼ Ðe wòle be woayi dziƒo hafi akpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ le etsɔmea? (163)

◼ Nukatae wòle vevie be míanya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ahazãe? (196)

◼ Nukae Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na mí? (227)

◼ Tameɖoɖo kae le amegbetɔ ƒe agbe ŋu? (243)

◼ Nukatae subɔsubɔhawo bɔ alea gbegbe ɖo? (322)

◼ Aleke woawɔ anya subɔsubɔha si nye nyuitɔ? (328)

◼ Ŋusẽ ka gbegbee Satana kpɔ ɖe xexeame dzi egbea? (364)

◼ Nukata Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? (393)

◼ Nukata vɔ̃ɖinyenye bɔ alea gbegbe ɖo? (427)

Àte ŋu ade biabia siawo wò Biblia alo Reasoning-gbalẽa me be nàke ɖe wo ŋu kaba. Ne nane le susu me na wò koŋ be nàgblɔ le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me la, ade dzi ƒo na wò be nàtrɔ ayi amesiwo tsɔ ɖe le eme gbɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe