Subɔsubɔkpekpewo Hena August
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 3
Hadzidzi 216
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe April gbeadzisubɔsubɔkɔnta kple miaƒe hamea tɔ ŋu, eye nàhe susu yi gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye gbogbotɔ kekeake dzi.
15 min: “Ðe August Anye Dzinu Ðedzesia?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. De dzi ƒo na amesiame be wòade gbeadzi le August kple subɔsubɔƒe yeyea ƒe ɣleti ɖesiaɖe me.
20 min: “Zã Agbalẽ Gbadzawo Tsɔ Nyɔ Dzodzro Ðe Amewo ƒe Dzi Kple Susu Siaa Me.” Nyatia me dzodzro kple nyaselawo. Ƒo nu tso agbalẽ gbadza siwo wota le ƒe siwo va yi me be amewo nanya Ŋɔŋlɔawo me nya veviwoe ŋu kpuie. (Kpɔ Watch Tower Publications Index 1986-1995, axa 652-3.) Dzro agbalẽ gbadza yeyewo me, eye nàƒo nu tso amesi tɔgbe adi be yeaxɔ wo dometɔ aɖe ŋu. Wɔ etsɔtsɔna ƒe wɔwɔfia ɖeka alo eve, eye nàƒo nu tso Biblia-nusɔsrɔ̃wɔwɔ ƒe ɖoɖoa ŋu.
Hadzidzi 191 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 10
Hadzidzi 127
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ƒo nu tso alesi wòle be gbeƒãɖela ɖesiaɖe naɖoe be yeade gbeadzi le August me ŋu.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
20 min: “Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Tsɔ numeɖeɖe siwo sɔ tso April 8, 1992, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 17-19, kple July 15, 1991, Gbetakpɔxɔ (Vol. 112, No. 14), axa 23-6, me de eme.
Hadzidzi 37 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 17
Hadzidzi 163
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Kpe nɔviawo be woaƒo nu kpuie tso alesi woaxɔ ame aɖe si woɖi ɖase na le ablɔdzi, le modzakaɖebɔ me, alo le teƒe bubu aɖe ƒe ŋkɔ kple adrɛs be woatrɔ ayi atu eƒe ɖetsɔlemea ɖo.
35 min: “Ŋkuléle Ðe Nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si Hiã Kpata ƒe Zɔɖeɖe Ŋu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Xlẽ memamã 5, 10, kple 11. Ƒo nu tso alesi Biblia-nusɔsrɔ̃wɔwɔdɔa le edzi yim le mia gbɔe ŋu. De dzi ƒo na amesiame si le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔm la be wòagaxlẽ July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ake ale be woatu woƒe nufiafiaɖaŋuwo ɖo. Dzro emedegbalẽvi ma ƒe memamã 5 kple 25 me.
Hadzidzi 108 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 24
Hadzidzi 213
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro aɖaka si ƒe tanyae nye “Akpe Blaatɔ̃ Vɔ Enyi!” si le July 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la me. Esi wònye kwasiɖanuwuwu ɖeka koe susɔ le August me ta la, de dzi ƒo na amesiame be wòayi gbeadzi hafi dzinua nawu enu. “Nye Gbeƒãɖela si Tsia Dzi Ðe Magazinewo Ŋu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.
15 min: Alesi Woado Vevie Nu le Mɔɖeɖedɔa Me. Nuƒo si wotu ɖe September 15, 1993, Gbetakpɔxɔ, axa 28-31 dzi. Bia gbe mɔɖela aɖe si srɔ̃ akɔkpekpe kple kuxi sesẽwo eye wògale mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi.
15 min: Wɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Agbalẽvia Ŋudɔ Nyuie. Numedzodzro kple nyaselawo. Zã kpɔɖeŋu yeyewo nàɖe alesi nyatakaka siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi nu dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽvia mee kple viɖe siwo míekpɔna tsoa eme fia: (1) nyati siwo ʋãa mí be míade gbeadzi edziedzi; (2) nuteƒekpɔkpɔ siwo dea dzi ƒo na mí le míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ me; (3) aɖaŋuɖoɖo siwo kpena ɖe mía ŋu be míagblɔ nyanyuia wòaɖe kpe; (4) agbalẽ yeye siwo li siwo aɖe vi le míaƒe anyigbamamã me ŋuti gbeƒãɖeɖewo; (5) subɔsubɔdɔa ŋuti nyatakaka siwo fiaa alesi Fiaɖuƒedɔa le edzi yimee; (6) Teokrasi Nyadzɔdzɔwo, siwo naa xexeame katã ƒe dɔa ƒe ŋgɔyiyi ŋuti nyatakakawo; (7) gbeƒãɖeɖe kple ɖoɖowɔɖi siwo na míenyaa nu tsoa wɔna siwo gbɔna ŋu nyuie; (8) Nyabiaɖaka siwo naa nya veviwo ŋuti ŋuɖoɖowo; kple (9) emedegbalẽvi siwo na míenyaa nu tsoa takpekpewo, dɔwɔna tɔxɛwo, kple nya bubu siwo kpena ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ ɖe míaƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ŋu la ŋuti. De dzi ƒo na amesiame be wòaxlẽ tata ɖesiaɖe, wòatsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo awɔ dɔe, wòatsɔe ava Subɔsubɔ Kpekpewo kple kpekpewo hena gbeadziyiyi me, eye wòatsɔe ada ɖe eya ŋutɔ ƒe agbalẽdzraɖoƒe hena zazã le etsɔme.
Hadzidzi 210 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme August 31
Hadzidzi 65
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe August ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Hamea ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nakpɔ egbɔ be amesiame si le woƒe ƒuƒoƒowo me tsɔ eƒe akɔntabubu na ale be woate ŋu aƒo wo katã nu ƒu hafi September 6 lia naɖo. Dzro September ƒe agbalẽnunana me. Wɔ gbeƒãɖeɖemɔnu aɖe ƒe wɔwɔfia si me woabia nya sia le be “Nukatae wòle be míazã Mawu ƒe ŋkɔ?” Zã Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 3, memamã 6 lia atsɔ aɖo eŋui. Ðe gbeƒã gbeadziyiɖoɖo siwo miewɔ na kwasiɖa la.
15 min: “Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Dzikpɔla Zimenɔla.” Nuƒo si dzikpɔla zimenɔla la naƒo. Le nuƒoƒo tso dɔ siwo wòwɔna ŋu vɔ megbe la, neɖe alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe hamea ƒe nuwɔwɔ aduadu kple hamemegãwo le woƒe alẽkpɔkplɔdɔa me ŋui afia.
18 min: Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòakpe Akɔ Kple Kuxiwo le Suku. Hamemegã nadzro nya me kple dzila eve alo etɔ̃ siwo ƒe viwo le suku dem. Ƒo nu tso kuxi siwo ɖeviawo doa goe koŋ le suku la dometɔ aɖewo ŋu kpuie, abe alesi wode dzesii le August 8, 1994, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 5-7 mee ene. Emegbe mitrɔ ɖe axa 8-10 miadzro alesi dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo tae eye woana dzila kple nufiala dome ƒomedodo nyui nanɔ anyi me.
Hadzidzi 24 kple gbedodoɖa hena kpakpã.