INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/98 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 7
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 14
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 21
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 28
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 9/98 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 7

Hadzidzi 28

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo. Dzro aɖaka si nye “Aɖaŋuɖoɖo Aɖe” me.

15 min: “Míate Ŋu Awɔ Dɔ Geɖe Wu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. De dzi ƒo na amesiame be wòaɖo subɔsubɔtaɖodzinu siwo gbɔ wòadze agbagba aɖo le subɔsubɔƒe yeyea me.—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔ, axa 116-18.

20 min: “Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu.” Hamemegã naɖe nu me be tsɔ kpe ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu la, wowɔ ɖoɖo be mɔɖelawo kple Subɔsubɔdɔa ƒe Hehenasukua delawo nakpe ɖe ame bubuwo ŋu le subɔsubɔdɔa me. Nebia nya siwo wòatu ɖe nyatia dzi eye wòana nyaselawo, vevietɔ mɔɖela kple gbeƒãɖela siwo le ɖoɖoa me la naɖo wo ŋu. Nedzro alesi woawɔ wòatse ku nyuitɔ kekeake la me. Mɔɖelaawo ate ŋu agblɔ alesi wose vivi na kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu kple alesi wòɖe vi na woe. Gbeƒãɖela siwo ŋu wokpe ɖo nagblɔ ŋudzedzekpɔkpɔnya tso lɔlɔ̃ ƒe mɔnuɖoɖo sia ŋu, woatɔ asi ɖoɖoa ƒe akpa siwo tututu kpe ɖe wo ŋu wokpɔ dzidzedze kple dzidzɔ geɖe le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me dzi.

Hadzidzi 172 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 14

Hadzidzi 160

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: Nukae Mawu Di tso Mía Si? Nuƒo. Míadze agbalẽ gbadza sia sɔsrɔ̃ gɔme le agbalẽ me nusrɔ̃ƒe le kwasiɖa si gbɔna me. De dzi ƒo na amesiame be wòadzra ɖo do ŋgɔ eye wòagana nusɔsrɔ̃ aɖeke nato eŋu o ale be wòanya agbalẽ gbadza sia me nyawo eye wòasrɔ̃ alesi woasrɔ̃e kple amewo. Xlẽ memamã si le tanya sue si nye “Alesi Woazã Agbalẽ Gbadza Siae” te. Ðe nya tso January 15, 1997 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16-17, me atsɔ ate gbe ɖe nyabiabia, mawunyakpukpui, kple nutata siwo le agbalẽ gbadzaa me zazã tsɔ fia nui ƒe vevienyenye dzi. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo naɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔlawo le alesi womaƒo nu fũ akpa o eye womatsɔ nya bubuwo anɔ eme dem o me.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, July 1996, axa 3, memamã 5.

20 min: Dɔ Kae Míewɔ le Ƒe si Va Yi Me? Agbalẽŋlɔla kple subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro hamea ƒe ƒe si va yi ƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta kple kpekpe siwo míede ŋuti nuŋlɔɖiwo me. Woagblɔ akɔntabubua ƒe akpa siwo me míedze agbagba le ahalé ŋku ɖe akpa siwo ŋu woate ŋu awɔ asitɔtrɔ le ŋu. Ðe gbeƒãɖelawo katã kpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le August mea? Ƒo nu tso taɖodzinu siwo gbɔ hamemegãwo di be yewoaɖo le dzinu siwo gbɔna me, hekpe ɖe alesi wodi be yewoakpe ɖe amesiame ŋu wòanye gbeƒãɖela si dea gbeadzi ɖaa ŋu. Ƒo nu tso nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ si va yi ƒe dzesidenya siwo sɔ ŋu.

Hadzidzi 144 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 21

Hadzidzi 122

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.

15 min: “Beléle na Aƒetɔ la ƒe Nuwo.” Hamemegã ƒe nuƒo si me wòadzro emedegbalẽa me le.

20 min: “Dze Agbagba Nànya Nɔviwòwo.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. De Gbetakpɔxɔ, October 1, 1998, axa 10-11 me nyawo eme. De dzi ƒo na amesiame be woadze agbagba ate ɖe wo nɔewo ŋu anya wo nɔewo nyuie.

Hadzidzi 34 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 28

Hadzidzi 17

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ September ƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta ana. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ ɖoɖo awɔ dɔ geɖe tso aƒeme yi aƒeme le October me atsɔ adzi magazine mamã ɖe edzii. Kpɔ October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 8 hena alesi woadzra ɖo ɖe etsɔtsɔna ŋuti ɖaŋuɖoɖowo. Zã magazine yeyeawo tsɔ wɔ etsɔtsɔna ƒe wɔwɔfiae, eye nàfia alesi woaƒo nu tso nudɔdɔwɔwɔ ŋu na aƒemenɔlaa. Woaxɔ magazine siwo woazã le kwasiɖanuwuwu ƒe magazinedɔa me.

20 min: “Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Subɔsubɔdɔdzikpɔla.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo. Le nuƒoƒo tso dɔ si wòwɔna ŋuti vɔ megbe la, wòatɔ asi mɔ siwo koŋ dzi hamea ate ŋu ato adzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ kple eƒe nyonyome ɖe edzi le mia gbɔ dzi.

13 min: Nukae Ana Woanye Hamea me Gbeƒãɖela Nyui? Nuƒo si ƒe akpa aɖe me nyaselawo ate ŋu aƒo nu le. Mehiã ŋutete alo nunana deŋgɔwo hafi o; ke boŋ nusi hiã wue nye ɖokuitsɔtsɔna faa ƒe nɔnɔme si me lɔlɔ̃, ɖokuibɔbɔ, dzonɔameme, kple ŋudzedzekpɔkpɔ le si anɔ mí katã si. Kpe nyaselawo woagblɔ nusita wosusu be nusiwo gbɔna la le vevie: (1) vividoɖeameŋugbɔgbɔ, (2) kpekpeawo dede edziedzi kple gomekpɔkpɔ le wo me, (3) lɔlɔ̃ be woaxɔ dɔdasiwo kple wo wɔwɔ, (4) asikpekpe ɖe hamemegãwo ŋu kple ɖe ɖoɖo siwo wowɔ na hamea ŋu, (5) ɖetsɔtsɔ vevie le kpekpe ɖe amewo ŋu me, kple (6) gbeadzidede edziedzi kple akɔntabubu kaba dzinu ɖesiaɖe.

Hadzidzi 25 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe