Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Agbalẽŋlɔla
1 Hamea ƒe agbalẽŋlɔla wɔa akpa vevi aɖe le egbɔkpɔkpɔ me be “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.” (Kor. I, 14:40) Esi wònye Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti la me tɔ ta la, ekpɔa hamea ƒe nyatakakawo kple nuŋlɔɖi veviwo ŋuti nyawo gbɔ. Togbɔ be dɔ si wɔm wòle madze gaglã ame bubuwo nakpɔ abe hamemegã bubuwo tɔ ene o hã la, míehiã eƒe dɔwɔnawo vevie ŋutɔ eye míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.
2 Ne míexɔ lɛta tso Habɔbɔa alo ame bubuwo gbɔ la, agbalẽŋlɔla la wɔa eme dɔ eye ne ehiã be woaɖo eŋu la, eɖoa eŋu. Ekpɔa egbɔ be lɛta siwo míexɔ la ka hamemegãwo katã si woxlẽe eye edaa wo ɖe nuŋlɔɖidzraɖoƒe hena zazã le etsɔme. Eléa ŋku ɖe magazine kple agbalẽgã dɔgbalẽviwo ŋu heɖoa wo ɖe Habɔbɔa. Ekpɔa amesiwo kpɔa gakɔntawo kple magazine nudɔdɔwo ƒe dɔwo dzi tẽe eye ekpɔa takpekpenyawo hã gbɔ.
3 Esi wòle be agbalẽŋlɔla la naɖo hamea ƒe ɣleti ɖesiaɖe ƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta ɖe Habɔbɔa le dzinua ƒe ŋkeke adelia dzi ta la, ele vevie be mía dometɔ ɖesiaɖe míabu míaƒe gbeadzikɔnta kaba le dzinu ɖesiaɖe ƒe nuwuwu. Emegbe eŋlɔa subɔsubɔkɔntawo ɖe Hamea ƒe Gbeƒãɖela ƒe Nuŋlɔɖigbalẽviwo dzi. Gbeƒãɖela ɖesiaɖe ate ŋu abia woatsɔ eya ŋutɔ ƒe dɔ siwo wòwɔ ƒe nuŋlɔɖiwo nɛ wòakpɔ.
4 Ne gbeƒãɖela aɖe ʋu va alo ʋu dzo le hamea me la, agbalẽŋlɔla la biana tsoa hame kemɛa ƒe hamemegãwo si be woaɖo lɛta si aƒo nu tso amea ŋu kpakple eƒe Hamea ƒe Gbeƒãɖela ƒe Nuŋlɔɖigbalẽvi ɖa alo aɖo amea tɔ ɖe wo.—Míaƒe Subɔsubɔdɔa, axa 104-5.
5 Agbalẽŋlɔla la dzroa mɔɖelawo ƒe dɔwɔnawo me eye wònaa hamemegãwo, vevietɔ subɔsubɔdɔdzikpɔla nyaa nu tsoa kuxi ɖesiaɖe si mɔɖelaawo le go domee ŋu. Ekɔa to dzi na Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo tso gbeƒãɖela siwo medea gbeadzi edziedzi o ŋu. Agbalẽŋlɔla la kple subɔsubɔdɔdzikpɔla siaa xɔa ŋgɔ wokpɔa afɔ siwo woaɖe atsɔ ana kpekpeɖeŋu amesiwo medea gbeadzi ɣleti ɖesiaɖe o.—Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, November 1987, axa 1.
6 Esi míekpɔ dɔ siwo agbalẽŋlɔla la wɔna nyuie vɔ alea la, mina míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ ana eƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ nabɔbɔ nɛ.—Kor. I, 4:2.