INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/98 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 10/98 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ siwo míana le October me: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo. November: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. December: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me kple New World Translation. January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1985 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o ate ŋu ana True Peace and Security—How Can You Find It?

◼ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia ƒe emedegbalẽvi nye “Ƒe 1999 Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖowɔɖi” eye ele be míadzrae ɖo hena zazã le ƒe 1999 katã me.

◼ Hame aɖewo ƒe kpekpedeɣi atrɔ le January 1 dzi. Míele ŋku ɖom edzi na hame siwo zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la ƒe Subɔsubɔ kɔmitiwo be woakpe le October kple November dome bene woadzro kpekpedeɣiwo ɖɔliɖɔli me le míaƒe lɛta si míeŋlɔ le October 7, 1994, ɖo ɖe hamewo katã la nu.

◼ Hame siwo meɖo “1999 Special Annual Literature Order Form” (S-14 Special) ɖa haɖe o la, naɖoe ɖa fifia. Taflatse miɖo ŋku edzi be ne miaƒe hamea meɖo nudɔdɔ tɔxɛ ƒe agbalẽvi sia ɖa kaba o la, miaxɔ Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—1999 tɔ kple ƒe sia ƒe ƒe nudɔdɔ siwo ŋu ɖoɖo le o.

◼ Eva ɖo habɔbɔa gbɔ be hame aɖewo ŋlɔa lɛta na ame ɖekaɖeka kple hame aɖewo le Ghana kple duta tsɔ le gakpekpeɖeŋu biam hena Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔwo wɔwɔ. Togbɔ be susu nyuiwo tae wole esia wɔm hã la, míeda asi ɖe edzi kura o. Wowɔ Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpata Tuga ƒe ɖoɖoa be woaƒo ƒu ga hena Fiaɖuƒe Akpata tutu alo akpata siwo li xoxo la kekeɖenu. Míele dzi dem ƒo na hamewo katã be ne wohiã ga la wobia gadodo woana wo le Fiaɖuƒe Akpata Tugaa me.

◼ Míele ŋku ɖom edzi be mele be gbeƒãɖela siwo si Biblia me nyabiabiawo le le nya vovovowo ŋu alo esiwo di aɖaŋuɖoɖo le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me ŋutɔ nava, woaƒo ka, alo aŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa tẽ hena ŋuɖoɖowo o. Míele dzi dem ƒo na wo be woazã Watch Tower Publications Index atsɔ awɔ numekuku le Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me. Azɔ hã hamemegãwo kple nɔviŋutsu bubuwo biabia le Fiaɖuƒe Akpata me akpe ɖe wo ŋu. Ne wodze agbagba le go siawo me eye womekpɔ ŋuɖoɖo na nusi wohiã o ko hafi woaŋlɔ nyabiabiawo aɖo ɖe Habɔbɔa. Taflatse te ɖe hamemegãwo ŋu hena mɔfiamewo xɔxɔ tso agbalẽ ŋɔŋlɔ na alɔdzedɔwɔƒea ŋu.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, April 1997 ƒe gbeƒãɖeɖewo.

◼ Agbalẽ Siwo Gali:

Sing Praises to Jehovah (hadzigbalẽ suetɔ).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe