Ƒe 1999 Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖoɖowɔɖi
Mɔfiamewo
Ðoɖo siwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu le ƒe 1999 mee nye esi gbɔna.
AGBALẼ SIWO MÍAZÃ: Eʋegbe Biblia, Gbetakpɔxɔ [w-EW], Nyɔ! [g-EW] (Eŋlisigbe me Nyɔ! [g]), “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” (Ƒe 1990 Tɔ) [si], Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona [fy-EW], kple Insight on the Scriptures Babla 2 [it-2] mee dɔdasiawo atso.
Woadze sukua gɔme ÐE GAME DZI kple hadzidzi, gbedodoɖa, kpakple dzaadoname eye míawɔe ɖe ɖoɖo siwo gbɔna la nu:
DƆDASI GBÃTƆ: Aɖabaƒoƒo 15. Woade dɔ sia asi na hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla aɖe, eye nuƒoa atso Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, alo “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” me. Ne Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! mee dɔdasi sia tso la, ke anye aɖabaƒoƒo 15 ƒe nufiamenuƒo si me womabia nya nyaselawo le o; ne “All Scripture” gbalẽa mee wòtso la, anye nufiamenuƒo si axɔ aɖabaƒoƒo 10 vaseɖe 12 eye emegbe woazã nyabiabia siwo wota ɖe agbalẽa me atsɔ adzro emee aɖabaƒoƒo 3 vaseɖe 5 kple nyaselawo. Menye taɖodzinu lae nye be woakpe nyaa ɖo ko evɔ o, ke boŋ be woahe susu ayi nyaa ƒe vevienyenye dzi eye woate gbe ɖe nusi akpe ɖe hamea ŋu wu la dzi. Mizã tanya si wonae.
Nɔviŋutsu siwo wode dɔ sia asi na la nanɔ ŋudzɔ ɖe gamedzinɔnɔ ŋu. Ne woɖo aɖaŋu na nɔvi siawo ɖeɖe ɖe vovo la, woade dzesii alesi sɔ ɖe woƒe nuƒo ŋuti ɖaŋuɖoɖogbalẽvia dzi.
BIBLIA XEXLẼ ME NYATI VEVIWO: Aɖabaƒoƒo 6. Hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla aɖe si azã nyatia nyuie ɖe mia gbɔ nuhiahiãwo nu la nawɔ dɔ sia. Manye nuxexlẽ si wode asi la me nyawo me toto ɖe eme ko o. Woate ŋu atsɔ sɛkɛnd 30 vaseɖe 60 adzro ta siwo me woato la me gbã. Gake taɖodzinua koŋ ye nye be woakpe ɖe nyaselawo ŋu be woanya nusita nyatakaka la le vevie na mí kple alesi wòle vevie. Emegbe sukudzikpɔla ana sukuviawo nayi ɖe woƒe xɔ vovovoawo me.
DƆDASI 2 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Nɔviŋutsu naxlẽ Biblia ƒe akpa sia si wode esi. Woawɔe nenema ke le suku si woawɔ le Fiaɖuƒe Akpataa ŋutɔ me kple esiwo woawɔ le xɔ bubuwo me hã me. Zi geɖe la, nuxexlẽa ƒe didime nɔa kpuie ale be sukuvia nate ŋu aɖe nu me kpuie le ŋgɔdonya kple nuwunya la me. Ate ŋu aƒo nu le nusi ŋutinya gblɔ le nya la ŋu, eƒe vevienyenye le nyagblɔɖi alo nufiafia me, kple alesi woawɔ gɔmeɖose siwo le eme la ŋudɔe ŋuti. Axlẽ kpukpui siwo wode asi nɛ la katã eye wòagatɔ ɖe teƒe aɖeke o. Gake ne kpukpui siwo sukuvia axlẽ la katã metsiã ɖe wo nɔewo nu o la, ate ŋu ayɔ afisi nuxexlẽa gayi edzi le.
DƆDASI 3 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Woade dɔ sia asi na nɔvinyɔnu. Dɔdasi sia atso Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, alo Insight on the Scriptures, Babla 2 lia me. (Kpɔ Dɔdasi 4 lia hena alesi woatrɔ asi le nyati si wotu ɖe Biblia me me aɖe dzi ŋu la ŋuti numeɖeɖe.) Woate ŋu awɔe wòanye vomeɖaseɖiɖi, tɔtrɔyi, aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃, alo gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo. Le ɖewo me la, ate ŋu anye dzila si le nu fiam via. Ewɔlawo ate ŋu anɔ anyi alo atsi tre. Nusi sukudzikpɔla la adi vevie be yeakpɔe nye alesi sukuvia akpe ɖe aƒemenɔla alo ɖevia ŋu be wòade ŋugble le nyatia ŋu ase eme kple alesi wòafia alesi wòatsɔ ŋɔŋlɔawo awɔ dɔe. Ele be sukuvi si woade dɔ sia asi na la nanya nuxexlẽ. Sukudzikpɔla ana kpeɖeŋutɔ ɖeka sukuvia, gake woate ŋu agawɔ kpeɖeŋutɔ bubu hã ŋudɔ. Ne Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ ƒe agbalẽa me dzromee wole la, sukuvia atso nya me ne aƒemenɔla axlẽ memamã aɖewo le agbalẽa me alo maxlẽ ɖeke o. Ele be nya la ŋudɔwɔwɔ nyuie nanye nu vevitɔ, ke menye nɔnɔme si nu woawɔe ɖo o.
DƆDASI 4 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Ne Biblia me me aɖe ŋue dɔdasi sia ku ɖo la, ke woadee asi na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu. Ne Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa mee wòtso la, woadee asi na nɔviŋutsu. Woɖo tanya na dɔdasi ɖesiaɖe le ɖoɖowɔɖia me. Ne Biblia me me aɖe ŋue dɔdasia ku ɖo la, nyatakaka si ku ɖe eŋu dze le Insight on the Scriptures, Babla 2 lia me le amea ƒe ŋkɔ te. Sukuvia nasrɔ̃ mawunyakpukpui siwo woyɔ le nyatia me be nya siwo ku ɖe Biblia me mea ŋu la me nakɔ nɛ nyuie—eƒe agbemenudzɔdzɔwo, kpakple eƒe amenyenye, eƒe nuwɔnawo, kple eƒe nɔnɔme. Emegbe sukuvia natrɔ asi le tanya si wode asi nɛ ŋu eye wòatia mawunyakpukpui siwo sɔ wòazã. Ate ŋu ade ŋɔŋlɔ bubu siwo ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo sɔ ɖe tanyaa nu hã eme. Taɖodzinu si tae wole nu me dzrom le Biblia me mea ŋue nye be wòafia nusi míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋu me. Nuwɔna siwo me nuteƒewɔwɔ, dzinɔameƒo, ɖokuibɔbɔ, kple ɖokuitɔmadimadi dze le la nye kpɔɖeŋu nyui siwo wòle be míasrɔ̃; nuwɔna siwo me nuteƒemawɔmawɔ, kpakple nɔnɔme gbegblẽwo dze le la nye nuxlɔ̃ame sẽŋu na Kristotɔwo be woatrɔ le mɔ vɔ̃ dzi. Ne nɔviŋutsue wodee asi na la, ele be eƒe susu nanɔ Fiaɖuƒe Akpata me nyaselawo ŋu. Ne nɔvinyɔnu sie wodee la, newɔe abe Dɔdasi 3 lia ene.
*BIBLIA XEXLẼ ƑE ÐOÐOWƆÐI BUBU: Esia dze le kpɔtɔtɔ [ ] me le afisi woyɔ kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe hadzidzia ɖo la ƒe nuwuwu. To wɔwɔ ɖe ɖoɖowɔɖi sia si me àxlẽ axa abe ewo ene le kwasiɖaa me dzi la, àte ŋu axlẽ Biblia bliboa le ƒe etɔ̃ me. Wometu suku ɖoɖowɔɖia alo nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔa ƒe akpa aɖeke ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi sia si kpe ɖe eŋu dzi o.
MIDE DZESII: Hena nyatakaka kple mɔfiame bubuwo ku ɖe aɖaŋuɖoɖo, gamedzinɔnɔ, nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔwo, kple dzadzraɖo ɖe dɔdasiawo ŋu la, taflatse mikpɔ October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 3.
ÐOÐOWƆÐIA
Jan. 4 Biblia xexlẽ: Nyaɖeɖefia 16-18
Hadzidzi 23 [*Fiawo II, 16-19]
No. 1: Alesi Mawu ƒe Gbɔgbɔ Ʋã Amewo Woŋlɔ Biblia Lae (w97-EW 6/15 axa 4-8)
No. 2: Nyaɖeɖefia 16:1-16
No. 3: Kpɔ Viwò Ta tso Afɔku Me (fy-EW axa 61-3 mm. 24-8)
No. 4: Mateo—Tanya: Mawu Mekpɔa Ame Ŋku Me O
Jan. 11 Biblia xexlẽ: Nyaɖeɖefia 19-22
Hadzidzi 126 [*Fiawo II, 20-25]
No. 1: Nyaɖeɖefia—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 268-9 mm. 28-34)
No. 2: Nyaɖeɖefia 22:1-15
No. 3: Dzilawo—Mina Dzeɖoɖomɔnuwo Nanɔ Ʋuʋu Ði (fy-EW axa 64-6 mm. 1-7)
No. 4: Matia—Tanya: Mawu Di tso Dzikpɔlawo si be Woanye Gbɔgbɔmemewo
Jan. 18 Biblia xexlẽ: Mose I, 1-3
Hadzidzi 84 [*Kronika I, 1-6]
No. 1: Mose I ƒe Ŋgɔdonya (si axa 13-14 mm. 1-8)
No. 2: Mose I, 1:1-13
No. 3: Mifia Agbenyuinɔnɔ Kple Gbɔgbɔmenu Veviwo Ðeviwo (fy-EW axa 67-70 mm. 8-14)
No. 4: Melxizedek—Tanya: Yesu Kristo, Nunɔlagã le Melxizedek ƒe Ðoɖoa Nu
Jan. 25 Biblia xexlẽ: Mose I, 4-6
Hadzidzi 66 [*Kronika I, 7-13]
No. 1: Kpɔ Nyuie be Màgabu Susu Vɔ̃ Ðe Ame Ŋu O (w97-EW 5/15 axa 26-9)
No. 2: Mose I, 4:1-16
No. 3: Nusitae Amehehe Kple Bubu Le Vevie Ðo (fy-EW axa 71-2 mm. 15-18)
No. 4: Mefiboset (No. 2)—Tanya: Amenuveve—Mawu Subɔla Anukwaretɔwo ƒe Dzesi Wònye
Feb. 1 Biblia xexlẽ: Mose I, 7-9
Hadzidzi 108 [*Kronika I, 14-21]
No. 1: Nusi Biblia Gblɔ tso Tsiɖɔɖɔa ŋu Nye Nyateƒe (g97 2/8 axa 26-7 [g97-EW 2/8 axa 24-5])
No. 2: Mose I, 7:1-16
No. 3: Fia Mawu ƒe Nukpɔsusu le Dɔwɔwɔ Kple Fefe Ŋuti Ðeviwo (fy-EW axa 72-5 mm. 19-25)
No. 4: Mesax—Tanya: Nuteƒewɔwɔ Me Léle Ðe Asi le Sɔhɛmenɔɣiwo Ðea Vi
Feb. 8 Biblia xexlẽ: Mose I, 10-12
Hadzidzi 132 [*Kronika I, 22-29]
No. 1: Nyateƒe si Ku Ðe Aʋatsokaka Ŋu (g97 2/22 axa 17-9 [g97-EW 3/8 axa 11-13])
No. 2: Mose I, 12:1-20
No. 3: Ðeviwo ƒe aglãdzedze Kple Nusiwo Gbɔ Wòtsona (fy-EW axa 76-9 mm. 1-8)
No. 4: Mixa (No. 7)—Tanya: Kpɔɖeŋuwɔwɔ ƒe Ŋusẽ
Feb. 15 Biblia xexlẽ: Mose I, 13-15
Hadzidzi 49 [*Kronika II, 1-8]
No. 1: Yehowa ƒe Ŋusẽ Dzena le Amegbetɔwo ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Me (w97-EW 6/1 axa 24-7)
No. 2: Mose I, 14:8-20
No. 3: Mixa (Micaiah) (No. 2)—Tanya: Ðe Gbeƒã Kple Dzideƒo
No. 4: Mèganye Viwɔnavila alo Asisesẽtɔ Fũ Akpa O (fy-EW axa 80-1 mm. 10- 13)
Feb. 22 Biblia xexlẽ: Mose I, 16-19
Hadzidzi 188 [*Kronika II, 9-17]
No. 1: Nusi Wò Gbedodoɖawo Fiana (w97-EW 7/1 axa 27-30)
No. 2: Mose I, 18:1-15
No. 3: Ðevi ƒe Nuhiahiã Veviwo Gbɔ Kpɔkpɔ Ate ŋu Axe Mɔ ɖe Aglãdzedze Nu (fy-EW axa 82-4 mm. 14-18)
No. 4: Miryam (No. 1)—Tanya: Kpɔ Nyuie le Liʋiliʋilili Ŋuti
Mar. 1 Biblia xexlẽ: Mose I, 20-23
Hadzidzi 54 [*Kronika II, 18-24]
No. 1: Alesi Nàna Hehe Wò Dzitsinyae (w97-EW 8/1 axa 4-6)
No. 2: Mose I, 23:1-13
No. 3: Mardoxai (No. 2)—Tanya: Nuteƒewɔwɔ, Nɔnɔme si Ŋu Viɖe Le
No. 4: Mɔ Siwo Dzi Míato Akpe Ðe Ðevi si Da Vo Ŋu (fy-EW axa 85-7 mm. 19-23)
Mar. 8 Biblia xexlẽ: Mose I, 24-25
Hadzidzi 121 [*Kronika II, 25-31]
No. 1: Nuka mee Nyateƒea Wɔa Mí Ablɔɖeviwo Le? (w97-EW 2/1 axa 4-7)
No. 2: Mose I, 24:1-4, 10-21
No. 3: Mose—Tanya: Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Hehenana Ŋu
No. 4: Nuwɔwɔ Ðe Amesi Ðoe Dze Aglã Ŋu (fy-EW axa 87-9 mm. 24-7)
Mar. 15 Biblia xexlẽ: Mose I, 26-28
Hadzidzi 197 [*Kronika II, 32-36]
No. 1: Akpa si Hadzidzi Wɔna le Tadedeagu me Egbea (w97-EW 2/1 axa 24-8)
No. 2: Mose I, 26:1-14
No. 3: Kpɔ Wò Ƒomea Ta tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo Me (fy-EW axa 90-2 mm. 1-7)
No. 4: Naeman (No. 2)—Tanya: Yayra Xɔasiwo Tsoa Ðokuibɔbɔ Me
Mar. 22 Biblia xexlẽ: Mose I, 29-31
Hadzidzi 4 [*Ezra 1-7]
No. 1: Womatsɔ Dzo Atsrɔ̃ Anyigba lae O (g97 1/8 axa 26-7)
No. 2: Mose I, 31:1-18
No. 3: Nabal—Tanya: Mègaɖo Vɔ̃ Nyui Teƒe O
No. 4: Mawu ƒe Susu le Gbɔdɔdɔ Ŋu (fy-EW axa 92-4 mm. 8-13)
Mar. 29 Biblia xexlẽ: Mose I, 32-35
Hadzidzi 143 [*Ezra 8–Nexemya 4]
No. 1: Nukugbedada Siwo tso Mawu Gbɔ—Ɣekaɣie? (w97-EW 7/1 axa 4-7)
No. 2: Mose I, 35:1-15
No. 3: Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòadze Xɔ̃ Nyuiwo (fy-EW axa 95-7 mm. 14-18)
No. 4: Nadab (No. 1)—Tanya: Mɔnukpɔkpɔwo Mazãmazã Nyuie Hea Yehowa ƒe Ŋudzedzemakpɔmakpɔ Vɛ
Apr. 5 Biblia xexlẽ: Mose I, 36-38
Hadzidzi 106 [*Nexemya 5-11]
No. 1: Ðeɖekpɔkpɔ—Nusi Tututu Wòfia (w97-EW 8/15 axa 4-7)
No. 2: Mose I, 38:6-19, 24-26
No. 3: Natan (No. 2)—Tanya: Mègagbe Ðɔɖɔɖo Nana Amesi Hiã Nɛ la O
No. 4: Ƒome Modzakaɖeɖe Tuameɖowo Tiatia (fy-EW axa 97-102 mm. 19-27)
Apr. 12 Biblia xexlẽ: Mose I, 39-41
Hadzidzi 34 [*Nexemya 12–Ester 5]
No. 1: Nukatae Nàɖe Nugbegblẽwɔwɔ Agblɔ? (w97-EW 8/15 axa 26-9)
No. 2: Mose I, 40:1-15
No. 3: Ŋɔŋlɔawo ƒe Gɔmeɖose Zazã le Dzilaɖekaƒomewo Me (fy-EW axa 103-5 mm. 1-8)
No. 4: Natanael—Tanya: Tsri Alakpanuwɔwɔ
Apr. 19 Biblia xexlẽ: Mose I, 42-44
Hadzidzi 124 [*Ester 6–Hiob 5]
No. 1: Nusita Wòle Be Nàɖu Dzikudodo Dzi (g97 6/8 axa 18-19 [g97-EW 6/8 axa 22-4])
No. 2: Mose I, 42:1-17
No. 3: Dzilaɖekɛwo ƒe Dɔwɔɖuinya Sesẽ La (fy-EW axa 105-7 mm. 9-12)
No. 4: Nebukadnezar—Tanya: Yehowa Bɔbɔa Dadalawo Ðe Anyi
Apr. 26 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woakpe Nyaɖeɖefia 16–Mose I, 44 Ðo
Hadzidzi 18 [*Hiob 6-14]
May 3 Biblia xexlẽ: Mose I, 45-47
Hadzidzi 90 [*Hiob 15-23]
No. 1: Ðe Nuŋeŋezãwo Dzea Mawu Ŋua? (w97-EW 9/15 axa 8-9)
No. 2: Mose I, 45:16–46:4
No. 3: Tohehe le Dzilaɖekaƒomewo Me (fy-EW axa 107-10 mm. 13-17)
No. 4: Nebuzaradan—Tanya: Yehowa ƒe Nya Megbea Eme Vava O
May 10 Biblia xexlẽ: Mose I, 48-50
Hadzidzi 76 [*Hiob 24-33]
No. 1: Mose I—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 17-19 mm. 30-5)
No. 2: Mose I, 49:13-28
No. 3: Alesi Nàɖu Akogotsitsi ƒe Aʋa La Dzii (fy-EW axa 110-13 mm. 18-22)
No. 4: Nexemya (No. 3)—Tanya: Nye Kpɔɖeŋu na Alehã La
May 17 Biblia xexlẽ: Mose II, 1-4
Hadzidzi 2 [*Hiob 34-42]
No. 1: Mose II ƒe Ŋgɔdonya (si axa 19-20 mm. 1-8)
No. 2: Mose II, 4:1-17
No. 3: Nikodemo—Tanya: Amegbetɔvɔvɔ̃, Mɔ̃e Wònye Ðea Ame
No. 4: Alesi Míakpe Ðe Dzilaɖekaƒomewo Ŋui (fy-EW axa 113-15 mm. 23-7)
May 24 Biblia xexlẽ: Mose II, 5-8
Hadzidzi 42 [*Psalmo 1-17]
No. 1: Woda Ahe Ganye Kesinɔtɔwo—Aleke Wòate Ŋu Adzɔe? (w97-EW 9/15 axa 3-7)
No. 2: Mose II, 7:1-13
No. 3: Noa (No. 1)—Tanya: Toɖoɖo Le Vevie Hena Agbetsitsi
No. 4: Viɖe Siwo Le Mawusosroɖa ƒe Nɔnɔme Tsɔtsɔ Kpe Akɔ Kple Lãmegbegblẽe Me (fy-EW axa 116-19 mm. 1-9)
May 31 Biblia xexlẽ: Mose II, 9-12
Hadzidzi 24 [*Psalmo 18-28]
No. 1: Nusi Xexeame ƒe Akpa Aɖeke Manyemanye Fia (g97 9/8 axa 12-13 [g97-EW 9/8 axa 22-3])
No. 2: Mose II, 12:21-36
No. 3: Asixɔxɔ si Le Gbɔgbɔ si Daa Gbe le Ame Ŋu la Ŋuti (fy-EW axa 120-1 mm. 10-13)
No. 4: Obadya (No. 4)—Tanya: Ŋɔ Megadzi Wò O eye Nàlɔ̃ Mawu ƒe Subɔlawo
June 7 Biblia xexlẽ: Mose II, 13-16
Hadzidzi 58 [*Psalmo 29-38]
No. 1: Alesi Dzi Aɖo Ƒowò ne Mɔkpɔkpɔ Bu ɖe Wò (w97-EW 5/15 axa 22-5)
No. 2: Mose II, 15:1-13
No. 3: Ðo Nu Veviwo Nɔƒe Gbãtɔ eye Nàkpe Ðe Ðeviwo Ŋu be Woanɔ Te Ðe Dɔléle Nu le Ƒomea Me (fy-EW axa 122-3 mm. 14-18)
No. 4: Onesimo—Tanya: Dzitsinya Nyui Nenɔ Asiwò
June 14 Biblia xexlẽ: Mose II, 17-20
Hadzidzi 115 [*Psalmo 39-50]
No. 1: Alesi Kristotɔwo Dea Bubu Dzila Tsitsiwo Ŋui (w97-EW 9/1 axa 4-7)
No. 2: Mose II, 17:1-13
No. 3: Paulo—Tanya: Nyateƒea ƒe Futɔwo Ate Ŋu Atrɔ
No. 4: Alesi Wòle Be Míabu Atikewɔwɔe (fy-EW axa 124-7 mm. 19-23)
June 21 Biblia xexlẽ: Mose II, 21-24
Hadzidzi 5 [*Psalmo 51-65]
No. 1: Ðekawɔwɔ Le Biblia Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya si Nye Nyateƒe Dome. (g97 7/8 axa 26-7)
No. 2: Mose II, 21:1-15
No. 3: Aleke Srɔ̃nyɔnu Dzixɔsetɔ Ate Ŋu Ana Ŋutifafa Nanɔ Aƒe si me Mã Mee? (fy-EW axa 128-32 mm. 1-9)
No. 4: Petro—Tanya: Dzideƒo Nenɔ Mewò eye Nàtsɔ Dzo ɖe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋuti
June 28 Biblia xexlẽ: Mose II, 25-28
Hadzidzi 47 [*Psalmo 66-74]
No. 1: Dze Si Yehowa, Mawu si Li Ŋutɔŋutɔ (w97-EW 10/1 axa 4-8)
No. 2: Mose II, 25:17-30
No. 3: Filipo (No. 1)—Tanya: Dze Aɖaŋu eye Nàɖɔ Ŋu Ðo
No. 4: Aleke Srɔ̃ŋutsu Dzixɔsetɔ Ate Ŋu Ana Ŋutifafa Nanɔ Aƒe si me Mã Mee? (fy-EW axa 132-3 mm. 10-11)
July 5 Biblia xexlẽ: Mose II, 29-32
Hadzidzi 174 [*Psalmo 75-85]
No. 1: Mègaɖe Mɔ Xexeame ƒe Gbɔgbɔ Nade Aɖi Lãme na Wò O (w97-EW 10/1 axa 25-9)
No. 2: Mose II, 29:1-14
No. 3: Ŋɔŋlɔawo Tsɔtsɔ He Ðevi Siwo Le Aƒe Siwo Mã Mee (fy-EW axa 133-4 mm. 12-15)
No. 4: Filipo (No. 2)—Tanya: Nye Gbɔgbɔmeme
July 12 Biblia xexlẽ: Mose II, 33-36
Hadzidzi 214 [*Psalmo 86-97]
No. 1: Na Woaka ɖe Dziwò eye Nàlé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi (w97-EW 5/1 axa 4-7)
No. 2: Mose II, 34:17-28
No. 3: Ŋutifafa me Nɔnɔ Kple Dzila Siwo Le Ha Bubu Me (fy-EW axa 134-6 mm. 16-19)
No. 4: Pinehas (No. 1)—Tanya: Tso Bla ɖe Nudzɔdzɔewɔwɔ Ŋu
July 19 Biblia xexlẽ: Mose II, 37-40
Hadzidzi 38 [*Psalmo 98-106]
No. 1: Mose II—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 24-5 mm. 26-31)
No. 2: Mose II, 40:1-16
No. 3: Dzila Vixɔnyilanyenye ƒe Agbanɔamedzi Sesẽ La (fy-EW axa 136-9 mm. 20-5)
No. 4: Pinehas (No. 2)—Tanya: Mègado Vlo Yehowa O
July 26 Biblia xexlẽ: Mose III, 1-4
Hadzidzi 26 [*Psalmo 107-118]
No. 1: Mose III ƒe Ŋgɔdonya (si axa 25-6 mm. 1-10)
No. 2: Mose III, 2:1-13
No. 3: Mègana Ŋutilãmenudidi Namã Wò Ƒomea Me O (fy-EW axa 140-1 mm. 26-8)
No. 4: Foibe—Tanya: Tsɔ Dzideƒo Ʋli Nɔviwòwo Tae
Aug. 2 Biblia xexlẽ: Mose III, 5-7
Hadzidzi 9 [*Psalmo 119-125]
No. 1: Nusi Gbɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Vavãtɔ Tsona (w97-EW 10/15 axa 5-7)
No. 2: Mose III, 6:1-13
No. 3: Nusi Ahatsunono Gblẽna (fy-EW axa 142-3 mm. 1-4)
No. 4: Pilato—Tanya: Lɔlɔ̃ Ðe Amehawo ƒe Nya Dzi Daa Agba ɖe Ame Dzi
Aug. 9 Biblia xexlẽ: Mose III, 8-10
Hadzidzi 210 [*Psalmo 126-143]
No. 1: Gɔmeɖosea Gɔmesese Ðea Tsitsi Fiana (w97-EW 10/15 axa 28-30)
No. 2: Mose III, 10:12-20
No. 3: Kpekpe Ðe Ƒomea Me Tɔ si Nye Ahanomunɔtɔ Ŋu (fy-EW axa 143-7 mm. 5-13)
No. 4: Rabsake—Tanya: Womeɖoa Hehe Ðe Mawu Ta O
Aug. 16 Biblia xexlẽ: Mose III, 11-13
Hadzidzi 80 [*Psalmo 144–Lododowo 5]
No. 1: Kpɔ Nyuie le “Epikurotɔwo” Ŋu (w97-EW 11/1 axa 23-5)
No. 2: Mose III, 13:1-17
No. 3: Aƒeme Ŋutasesẽnuwɔwɔwo Kple Mɔ Siwo dzi Woato Axe Mɔ Nɛ (fy-EW axa 147-9 mm. 14-22)
No. 4: Raxel—Tanya: Mègana Agbemefukpekpewo Nana Nàʋã Ŋu alo Mɔkpɔkpɔ Nabu Ðe Wò O
Aug. 23 Biblia xexlẽ: Mose III, 14-15
Hadzidzi 137 [*Lododowo 6-14]
No. 1: Ŋkeke Mamlɛawoe Nye Siawo Nyateƒe (w97-EW 4/1 axa 4-8)
No. 2: Mose III, 14:33-47
No. 3: Raxab—Tanya: Xɔse Dɔwɔwɔ Manɔŋui Nye Nu Kuku
No. 4: Kaklãe Nye Egbɔkpɔnua? (fy-EW axa 150-2 mm. 23-6)
Aug. 30 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woakpe Mose I, 45–Mose III, 15 Ðo
Hadzidzi 145 [*Lododowo 15-22]
Sept. 6 Biblia xexlẽ: Mose III, 16-18
Hadzidzi 222 [*Lododowo 23-31]
No. 1: Ɣeyiɣi si me Fukpekpe Maganɔ Anyi O (w97-EW 2/15 axa 4-7)
No. 2: Mose III, 16:20-31
No. 3: Rebeka—Tanya: Na Yehowa Nanɔ Wò Kpeɖeŋutɔ Tiatia Me
No. 4: Srɔ̃ɖeɖemekuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ le Ŋɔŋlɔawo Nu (fy-EW axa 153-6 mm. 1-9)
Sept. 13 Biblia xexlẽ: Mose III, 19-21
Hadzidzi 122 [*Nyagblɔla 1-12]
No. 1: Nusitae Nuteteameɖokuigbenɔnɔ Menye Nunya ƒe Gɔmetoto O (g97 10/8 axa 20-1)
No. 2: Mose III, 19:16-18, 26-37
No. 3: Rexabeam—Tanya: Tsri Dada Kple Aɖaŋu Vɔ̃ Xɔxɔ
No. 4: Srɔ̃nu la Nana (fy-EW axa 156-8 mm. 10-13)
Sept. 20 Biblia xexlẽ: Mose III, 22-24
Hadzidzi 8 [*Hawo ƒe Ha 1–Yesaya 5]
No. 1: Nyatoƒoetoto Ðesiaɖee Menyo Oa? (w97-EW 12/1 axa 29-31)
No. 2: Mose III, 23:15-25
No. 3: Ruben (No. 1)—Tanya: Nugbegblẽwɔwɔ Ate Ŋu Agblẽ Nu Ɣeyiɣi Didi Aɖe
No. 4: Nusiwo Dzi Biblia Gblɔ be Woate Ŋu Anɔ Te Ðo Agbe Srɔ̃ (fy-EW axa 158-9 mm. 14-16)
Sept. 27 Biblia xexlẽ: Mose III, 25-27
Hadzidzi 120 [*Yesaya 6-14]
No. 1: Mose III—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 28-30 mm. 28-39)
No. 2: Mose III, 25:13-28
No. 3: Rut—Tanya: Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Kuna Ðe Ame Ŋu
No. 4: Nusi Ŋɔŋlɔawo Gblɔ tso Kaklã Ŋu (fy-EW axa 160-2 mm. 17-22)
Oct. 4 Biblia xexlẽ: Mose IV, 1-3
Hadzidzi 30 [*Yesaya 15-25]
No. 1: Mose IV ƒe Ŋgɔdonya (si axa 30-1 mm. 1-10)
No. 2: Mose IV, 1:44-54
No. 3: Tsitsi Aku Amegã Kple Nyagã Ðekae (fy-EW axa 163-5 mm. 1-9)
No. 4: Salome (No. 1)—Tanya: Tsɔ Ðokuibɔbɔ Subɔ Yehowae
Oct. 11 Biblia xexlẽ: Mose IV, 4-6
Hadzidzi 97 [*Yesaya 26-33]
No. 1: Yehowa Ðua Dzi le Dɔmetɔtrɔ Me (w97-EW 12/15 axa 28-9)
No. 2: Mose IV, 4:17-33
No. 3: Ŋusẽ Yeye Dodo Srɔ̃ɖenubablawo (fy-EW axa 166-7 mm. 10-13)
No. 4: Simson—Tanya: Kpɔ Ƒomedodo Xɔasi si Le Mia Kple Yehowa Dome Ta
Oct. 18 Biblia xexlẽ: Mose IV, 7-9
Hadzidzi 96 [*Yesaya 34-41]
No. 1: Afisi Míate Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ Le (w97-EW 3/15 axa. 23)
No. 2: Mose IV, 9:1-14
No. 3: Mina Mia Tɔgbuiyɔviwo ƒe Mia Gbɔ Nɔnɔ Naɖe Vi Na Mi eye Miatrɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu (fy-EW axa 167-70 mm. 14-19)
No. 4: Samuel—Tanya: Subɔ Mawu tso Ðevime
Oct. 25 Biblia xexlẽ: Mose IV, 10-12
Hadzidzi 125 [*Yesaya 42-49]
No. 1: Yehowa Tsɔa Ðe Le Eme na Fukpelawo (w97-EW 4/15 axa 4-7)
No. 2: Mose IV, 10:11-13, 29-36
No. 3: Tenɔnɔ Ðe Srɔ̃wò ƒe Ku Nu (fy-EW axa 170-2 mm. 20-5)
No. 4: Safira—Tanya: Mègakpɔ Gome Le Amebeble Me O
Nov. 1 Biblia xexlẽ: Mose IV, 13-15
Hadzidzi 64 [*Yesaya 50-58]
No. 1: Nusita Nukunuwo Ðeɖe Metua Xɔse Ðo O (w97-EW 3/15 axa 4-7)
No. 2: Mose IV, 14:13-25
No. 3: Sara—Tanya: Srɔ̃nyɔnu Mawu Vɔ̃la ƒe Tugbedzedze
No. 4: Mɔ Siwo nu Kristotɔ Dea Bubu Dzila Tsitsiwo Ŋu Le (fy-EW axa 173-5 mm. 1-5)
Nov. 8 Biblia xexlẽ: Mose IV, 16-19
Hadzidzi 78 [*Yesaya 59-66]
No. 1: Nusitae Koɖoɖo Meʋu Mɔ na Fififi O (g97 11/8 axa 18-19)
No. 2: Mose IV, 18:1-14
No. 3: Ðe Lɔlɔ̃ Kple Veveseseɖeameti Fia (fy-EW axa 175-8 mm. 6-14)
No. 4: Saul (No. 1)—Tanya: Ŋuʋaʋã Kple Dada ƒe Nugblẽŋusẽ
Nov. 15 Biblia xexlẽ: Mose IV, 20-22
Hadzidzi 46 [*Yeremya 1-6]
No. 1: Alesi Biblia Wɔ Va Ka Mía Si—Akpa I (w97-EW 8/15 axa 8-11)
No. 2: Mose IV, 20:14-26
No. 3: Trɔ ɖe Yehowa ŋu Ɣesiaɣi Hena Ŋusẽdodo (fy-EW axa 179-82 mm. 15-21)
No. 4: Sanxerib—Tanya: Yehowa Ðea Eƒe Amewo
Nov. 22 Biblia xexlẽ: Mose IV, 23-26
Hadzidzi 59 [*Yeremya 7-13]
No. 1: Alesi Biblia Wɔ Va Ka Mía Si—Akpa II (w97-EW 9/15 axa 25-9)
No. 2: Mose IV, 23:1-12
No. 3: Tu Mawusosroɖa Kple Ðokuidziɖuɖu Ðo (fy-EW axa 183-4 mm. 1-5)
No. 4: Sadrax—Tanya: Nɔ Anyi Mokakamanɔŋui le Xexe Mavɔ̃mawu Me
Nov. 29 Biblia xexlẽ: Mose IV, 27-30
Hadzidzi 180 [*Yeremya 14-21]
No. 1: Alesi Biblia Wɔ Va Ka Mía Si—Akpa III (w97-EW 10/15 axa 8-12)
No. 2: Mose IV, 27:1-11
No. 3: Tanyenye Ŋuti Nukpɔsusu Nyuitɔ (fy-EW axa 185-6 mm. 6-9)
No. 4: Seba (No. 4)—Tanya: Amesiwo Nɔa Megbe na Nu Gbegblẽ Ŋea Nusi Woƒãna
Dec. 6 Biblia xexlẽ: Mose IV, 31-32
Hadzidzi 170 [*Yeremya 22-28]
No. 1: Egbegbe Kristmas ƒe Dzɔtsoƒewo (w97-EW 12/15 axa 4-7)
No. 2: Mose IV, 31:13-24
No. 3: Akpa Vevi si Lɔlɔ̃ Wɔna le Ƒomea Me (fy-EW axa 186-7 mm. 10-12)
No. 4: Sixem (No. 1)—Tanya: Nu Dziŋɔwo Ate Ŋu Atso Gbɔdɔdɔ ƒe Agbegbegblẽnɔnɔ Me
Dec. 13 Biblia xexlẽ: Mose IV, 33-36
Hadzidzi 51 [*Yeremya 29-34]
No. 1: Mose IV—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 34-5 mm. 32-8)
No. 2: Mose IV, 36:1-13
No. 3: Simei (No. 12)—Tanya: Toɖoɖo Ate Ŋu Aɖe Wò Agbe
No. 4: Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ le Ƒomea Me (fy-EW axa 188-9 mm. 13-15)
Dec. 20 Biblia xexlẽ: Mose V, 1-3
Hadzidzi 159 [*Yeremya 35-41]
No. 1: Mose V ƒe Ŋgɔdonya (si axa 36-7 mm. 1-9)
No. 2: Mose V, 2:1-15
No. 3: Simeon (No. 1)—Tanya: Dziku si Dzi Womeɖu O la Hea Ŋukpe Kple Nuxaxa Vɛ
No. 4: Ƒomea Kple Wò Etsɔme (fy-EW axa 190-1 mm. 16-18)
Dec. 27 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Woakpe Mose III, 16–Mose V, 3 Ðo
Hadzidzi 192 [*Yeremya 42-48]