INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/98 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena December
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 7
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 14
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 21
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme December 28
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 12/98 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena December

MIDE DZESII: Míewɔ ɖoɖo be miadzro takpekpea me nuƒowo me nyati veviwo me le Subɔsubɔkpekpea me tso kwasiɖa si dze egɔme December 28. Hame siwo ayi woƒe takpekpe le kwasiɖa ma alo emegbe la natrɔ asi le ɖoɖoa ŋu be woawɔ numetoto sia le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Ele be woatsɔ numedzodzro si wodzra ɖo nyuie le ŋkeke ɖesiaɖe me nyati veviwo ŋu la ade nɔvi eve alo etɔ̃ si do ŋgɔ. Ele be nyaselawo ƒe nyaŋuɖoɖowo kple nuteƒekpɔkpɔwo nanɔ kpuie ahaku ɖe nyaa ŋu tẽ.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 7

Hadzidzi 186

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo, kpakple “Míegbɔ Akpe Blaade Ŋu!” Ƒo nu tso dukɔa kple miaƒe hamea ƒe August gbeadzisubɔsubɔkɔnta ŋu. De dzo gbeƒãɖelawo me be woaɖoe be woade gbeadzi edziedzi, eye woabu akɔnta kaba le dzinu ɖesiaɖe ƒe nuwuwu.

15 min: “Ele Be Míayi Edziedzi.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Ƒo nu tso Xezekiel 3:17-19 me nyawo ŋu kpuie atsɔ ate gbe ɖe agba si le mía dzi be míayi edzi agblɔ nuxlɔ̃ame gbedasia dzi.

20 min: “New World Translation la Nana.” Nɔviŋutsu ɖeka kple gbeƒãɖela bibi eve alo etɔ̃ nadzro nyatia me. De “All Scripture” ƒe agbalẽa, axa 327-31 me nya ʋee aɖewo siwo do ƒome kple nyatia eme. Wɔ agbalẽ si míana le December me tsɔtsɔna kple alesi woaƒo nu tso Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe ɖoɖoa ŋuti fia.

Hadzidzi 176 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 14

Hadzidzi 206

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ðo aɖaŋu le alesi míalɔ̃ gbe na amewo ŋuɖɔɖotɔe le xexeame ƒe ŋkekenyuiwo ɖuɣi ŋu. Ne Ame Vevitɔ Kekeake alo Nufiala Gã ƒe agbalẽwo le hamea si la, fia alesi woate ŋu azã wo nyuie le gbeadzi le Kristmas ŋkekenyuiawo ɖuɣi. Gblɔ gbeadziyiɖoɖo tɔxɛ siwo miewɔ ɖe December 25 kple January 1 ŋu.

15 min: “Dzikpɔla Siwo Xɔa Ŋgɔ—Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ Dzikpɔla.” Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe nuƒo. Aƒo nu tso eƒe agbanɔamedziwo kple kpekpeɖeŋu si vavalawo katã ate ŋu ana be agbe nanɔ nusɔsrɔ̃a me, nufiame nanɔ eme, eye wòatu ame ɖo le gbɔgbɔ me ŋu.—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa, axa 67.

20 min: “Wokpɔnɛ Be Míeto Vovo.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Dzro nɔnɔme ɖesiaɖe si na míeto vovo la me kpuie. Gblɔ alesi míate ŋu azã nyatakaka sia atsɔ afia mɔ ɖetsɔlemetɔwo va habɔbɔa gbɔe, kple alesi míazãe atsɔ afia alesi nyateƒea naa amesiwo nɔa agbe ɖe enu la ɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo fianae.

Hadzidzi 146 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 21

Hadzidzi 163

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ne miaƒe hamea ƒe kpekpedeɣiwo atrɔ le ƒe yeyea me la, ke de dzi ƒo na amesiame lɔlɔ̃tɔe be wòayi edzi ava hamea ƒe kpekpewo edziedzi le kpekpedeɣi yeyeawo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woana Biblia nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔwo nanya nu tso tɔtrɔ ɖesiaɖe si miewɔ la ŋuti. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo katã be woadzra Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽvi si wona wo la ɖo nyuie, vevietɔ emedegbalẽviawo. Anɔ eme be míegbɔna wo zã ge ɣebubuɣi.

12 min: Nyabiaɖaka. Ðe alesi woamã Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽviawo le hamewo mee la me.

25 min: “Tu Wò Agbenɔnɔ Ðe Yehowa Subɔsubɔ Dzi.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Bia gbe tre kple ƒome ƒe ta aɖe siwo te ŋu wɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖo na gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ eye wote ŋu lé eme ɖe asi. Na woagblɔ ɖoɖo siwo wòhiã be ame ŋutɔ nawɔ si ana be wòate ŋu atsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ.

Hadzidzi 119 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme December 28

Hadzidzi 178

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe December ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Tsɔ agbalẽ xoxo siwo wota do ŋgɔ na ƒe 1985 si le hamea si woana le January me la fia. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woaxɔ ɖe hena mamã kwasiɖanuwuwu sia.

10 min: “Na Ƒe 1999 Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ðoɖowɔɖia Naɖe Vi na Wò.” Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzikpɔla ƒe nuƒo. Na gbeƒãɖela aɖewo nagblɔ alesi “Biblia Xexlẽ ƒe Ðoɖowɔɖi Bubu” si dzi wowɔ ɖo kwasiɖa sia kwasiɖa la ɖe vi na woe. De dzi ƒo na amesiame be wòaxlẽ Biblia gbesiagbe.

25 min: Nutome gã takpekpea me nuƒowo me dzodzro.

Hadzidzi 195 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe