Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
◼ Le October 7, 1998, dzi la, Bulgaria dziɖuɖua de Yehowa Ðasefowo agbalẽ me le se nu. Míewɔ ɖeka kple gbeƒãɖela 946 siwo le afima la le akpe dam na Yehowa ɖe mɔɖeɖe sia ta.
◼ Le October 12, 1998, dzi la, Latvia dziɖuɖua lɔ̃ ɖe edzi be woade hame 21 siwo le dukɔ ma me la dometɔ 2 ƒe ŋkɔ agbalẽ me.
◼ Togbɔ be wotsi tre ɖe nɔvi siwo le France ŋu hã la, wole kutri kum le woƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Le November kple December me la, womã Agbalẽ si Nyo na Amesiame ƒe agbalẽ gbadza la etɔxɛe be woatsɔ ahe dukɔa ƒe susu ava Biblia dzii. Beteltɔ siwo ade 50 dzo le France ƒe alɔdzedɔwɔƒea yi ɖe Britain be yewoava kpe asi ɖe agbalẽtata kple agbalẽɖoɖoɖa dɔ ŋu le afima ƒe alɔdzedɔwɔƒe, esi France Betel-ƒomea me tɔ 250 susɔeawo kpakple nɔvi siwo le gbeadzi la yi edzi le subɔsubɔm dzidzɔtɔe fuɖename manɔme