INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/00 axa 1
  • ‘Nukae Mate Ŋu Awɔ?’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Nukae Mate Ŋu Awɔ?’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tɔtrɔ Va Mawu Vavã la Gbɔ
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Kpe Ðe Hame Si Me Nèle La Ŋu
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Mía Ðokui Tsɔtsɔ Na Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Mina Woatu Hame La Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 3/00 axa 1

‘Nukae Mate Ŋu Awɔ?’

1 ‘Nukae mate ŋu awɔ?’ Ðikekemanɔmee la, nyabiabia sia nɔ susu me na Biblia-srɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo sue si ŋu Charles Taze Russell wɔ ɖoɖo ɖo le ƒe 1870 ƒeawo me. Esi wonɔ ŋgɔyiyi wɔm le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ gɔmesese me la, ɖewohĩ Biblia nusrɔ̃vi gbãtɔ mawo anya de ŋugble le nusiwo woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woanya nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu. Biblia me sidzedze si nɔ wo si sum tsɔtsɔ yi xexeame ƒe akpa sia akpa nye dɔ si keke ta ale gbegbe.

2 Edzɔ dzi na mí be wonɔ te ɖe gbetɔame ma nu. Le mɔ ka nu? Amesiame wɔ akpa si dze abe nu sue aɖe ene ale be egbea wova nya Yehowa Ðasefowo nyuie le xexe bliboa katã me—wonye habɔbɔ si me Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo esusɔ vie woade miliɔn ade le, amesiwo le subɔsubɔm le hame siwo ade 90,000 me le dukɔ kple ƒukpo 234 dzi!—Yes. 60:22.

3 Kpe Asi Ðe Eŋu Bliboe: Ele vevie be mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔ gome le dɔdasi nyadri si Yesu gblɔ ɖi be woawɔ le ŋkeke mamlɛawo me la me. (Mar. 13:10) Le nyateƒe me la, womate ŋu agblẽ dɔ sia katã ɖe hamemegã ʋɛ siwo li dzi o; eye gbeƒãɖeɖedɔa menye mɔɖelawo ɖeɖeko ƒe dɔ o. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, akpa vevi aɖe li Kristotɔ ɖeadzɔgbe ɖesiaɖe awɔ. Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa aɖe me. (Tim. I, 1:12) Afika ke míeɖakpɔ gome le esia wɔwɔ me se ɖo o, eɖea vi na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo.—Tim. I, 4:16.

4 Amesiame ate ŋu ado alɔ Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa bliboe le mɔ vevi bubuwo hã nu. Míate ŋu ado alɔ hame ƒe kpekpewo to wo dede edziedzi kple gomekpɔkpɔ le wo me dzonɔamemetɔe me. (Ps. 122:1, 8, 9) Míate ŋu awɔ míaƒe akpa dzi be hamea nanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ gome. Míate ŋu adzɔ nu atsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe dɔa ɖe míaƒe ŋutetewo nu. Míate ŋu akpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo ŋu. Amesiame ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ si me vividodoɖeameŋu kple ɖekawɔwɔ le afia le hamea me to kpekpe ɖe ame yeyewo kple ame tsitsiwo siaa ŋu me.—Kol. 3:12, 14.

5 Eyata ɖewohĩ àbia ɖokuiwò se be, ‘Nuka màte ŋu awɔ?’ Togbɔ be ɖewohĩ agbagba si nàdze adze nu sue hã la, wò akpa dzi wɔwɔ doa ŋusẽ hamea, agbe ɖoa eŋu, eye dzo nɔa eme. Eyata akpa vevi aɖe li mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ le bubudede Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu me!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe