INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/00 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 13
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 20
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 27
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme April 3
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 3/00 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 13

Hadzidzi 118

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

15 min: “Míeɖea Gbeƒã Nyanyui.” Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme. Gblɔ Ŋɔŋlɔawo me nya tuameɖo siwo míate ŋu aɖe tso Sidzedze-gbalẽa me ne míele enam le gbeadzi ƒe kpɔɖeŋuwo.

20 min: “Ðe Míate Ŋu Awɔ April 2000 Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeakea?” (Memama 1-11) Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Yɔ ame xexlẽme gbogbotɔ kekeake si kpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me nyitsɔ laa le miaƒe hamea me. Bia amesiwo le xexlẽme sia me woagblɔ viɖe siwo woa ŋutɔwo wokpɔ esi wodzi woƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖe edzi. De dzi ƒo na hamea me tɔwo be woaɖoe woƒe taɖodzinu be woakpɔ kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeye le April me. Dzro nusi gbɔ ame naɖo hafi adze, si woyɔ ɖe Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa ƒe axa 113-14 me. Gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ate ŋu axɔ dɔbiagbalẽa le kpekpea megbe.

Hadzidzi 187 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 20

Hadzidzi 21

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: “Nukae Mate Ŋu Awɔ?” Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla nadzro nyatia me kple subɔsubɔdɔwɔla ɖeka alo eve. Le kuxi vovovowo ta la, gbeƒãɖela aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokui me be akpa sue aɖe koe yewowɔna le hamea ƒe dɔwo wɔwɔ me. Midzro mɔ vovovo siwo dzi mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ato awɔ akpa vevi aɖe le hamea tutuɖo kple Fiaɖuƒedɔa dodo ɖe ŋgɔ me la me. Ƒo eta kple nusi amesiame awɔ be wòate ŋu ‘Akpɔ Gome le Akɔntabubu Mamlɛa Me.’—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa, axa 108-10.

20 min: “Ðe Míate Ŋu Awɔ April 2000 Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeakea?” (Memama 12-18) Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Na woawɔ alesi woakpe ame nyanyɛ ava Ŋkuɖodziae afia kpuie. Ƒo nu tso April ɣletia ŋu le 2000 Calendar dzi eye nàgblɔ ɖoɖo siwo wowɔ na kpekpe hena gbeadziyiyi le miaƒe hamea me. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòawɔ ɖoɖo nyui akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me le ɣletia me alesi wòate ŋui, si awɔe be hame bliboa ƒe gomekpɔkpɔ naɖe kpe wu. De dzi ƒo na amesiwo katã ate ŋui be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa eye be woaxɔ dɔbiagbalẽ le kpekpea megbe.

Hadzidzi 65 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 27

Hadzidzi 119

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe March gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu ana. Ðe gbeƒã amesiwo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me ƒe ŋkɔwo. Ðe eme be metsi megbe akpa be woabia ewɔwɔ o. Gblɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖowɔɖi bliboa si ŋu wowɔ ɖoɖo le le ɣletia me. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me le kwasiɖanuwuwu sia be woatsɔ adze gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me gɔme nyuie le April me. Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le ɣletia me. He susu yi nyati ɖeka dzi eye nàgblɔ nya siwo woate ŋu azã atsɔ ana magazine ƒe tata yeye ɖesiaɖe nyuie. Amesiame nekpɔ egbɔ be Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa nanɔ ye si eye wòadze agbagba azãe atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme kple ɖetsɔlemetɔwo.

13 min: “Bia Kpekpeɖeŋu.” Hamemegã ƒe nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. Ðe nu me tso alesi mía dometɔ ɖesiaɖe hiã kpekpeɖeŋu aɖe ƒomevi ɣeaɖewoɣi ŋuti. Enye nyateƒe be ele be amesiame natsɔ ye ŋutɔ ƒe agba ya. (Gal. 6:5) Gake ne míete ŋu le te nɔm ɖe enu o la, mele be míahe ɖe megbe le kpekpeɖeŋu biabia tso gbɔgbɔmemetsitsi aɖe si le hamea me gbɔ o. Kpe nyaselawo be woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo ɖe alesi kpekpeɖeŋu si ame bubuwo na wo tufafatɔe de dzi ƒo na woe.

10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

12 min: Dzro 2000 Yearbook me. Dzro “1999 Grand Totals” si le axa 31 la me kple nyaselawo eye nàgblɔ eme nya ɖedzesiwo. Dzro “A Letter From the Governing Body,” (Lɛta si tso Dziɖuha Gbɔ) le axa 3-5 hã me. Bia tso ame aɖewo si be woaƒo nu tso alesi woawɔ atsɔ aɖaŋu si woɖo awɔ dɔe ŋu.

Hadzidzi 195 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme April 3

Hadzidzi 72

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo. Tia nuteƒekpɔkpɔ siwo dzɔ nyitsɔ laa le miaƒe anyigbamama me, si ade dzi ƒo na ame bubuwo be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

17 min: “Daniel ƒe Nyagblɔɖi la Sɔsrɔ̃.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Ƒo nu tso alesi míakpɔ viɖe tso Biblia-gbalẽ si nye Daniel sɔsrɔ̃ me ŋu kpuie. (Kpɔ ta 1, memama 15-17, le Daniel ƒe Nyagblɔɖi ƒe agbalẽa me.) De dzi ƒo na amesiame be wòade Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃a edziedzi.

18 min: Ðe Wòle Be Maɖe Nugbegblẽwɔwɔ Gãwo Agblɔa? Nuƒo si hamemegã aɖe atsɔ moveviɖoɖo aƒo na sɔhɛwo. Kuxi geɖewo do mo ɖa le míaƒe ŋkekea me egbea si kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe sɔhɛwo dzi: agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu si le gbegblẽm ɖe edzi, ŋutasesẽ ƒe dzidzi ɖe edzi, atikevɔ̃ɖiwo zazã ƒe numame, kple bubumademade ŋusẽwo ŋu. Ƒewuivi aɖewo nɔa agbe eve eye woɣlaa woƒe nugbegblẽwɔwɔ. Esia dea hame bliboa katã ƒe gbɔgbɔmenyonyo afɔku me. Wo dometɔ aɖewo wɔ nuvɔ̃ gãwo eye wodi be yewoaɣlae. Ne èse be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe, si le hamea me wɔ nuvɔ̃ gã aɖe si nye ŋkubiãnya tsɔ da le Mawu ƒe se dzi la, nukae wòle be nàwɔ? De ŋugble le gɔmeɖose si le Mose III, 5:1 ŋu kpɔ. (Kpɔ Gbetakpɔxɔ, August 15, 1997, axa 27-30.) Kpɔ Young People Ask ƒe agbalẽa, axa 68-9, eye nàɖe nusi ame ate ŋu awɔ le nya sia ƒomevi me la me.

Hadzidzi 68 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe