Àte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋua?
1 Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ye subɔla wɔnuteƒewo ŋu. (Kron. II, 16:9; Yes. 41:10, 13) Yesaya tsɔe sɔ kple alẽkplɔla aɖe si léa be na eƒe alẽwo esi wòŋlɔ be: “Alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.” (Yes. 40:11) De ŋugble le mɔ aɖewo siwo dzi míato asrɔ̃ Yehowa ƒe belélename lɔlɔ̃tɔe ŋu kpɔ.
2 Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu: Míate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu ne míekpea wo na hadede tuameɖowo. (Lod. 13:20) Nɔviŋutsu aɖe ɖo ŋku alesi amewo kpe ɖe eŋui esime wòdze hadede kple hamea gɔme dzi hegblɔ be: “Zi geɖe la, ƒome aɖe kpeam be mava kpɔ gome le yewoƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me. Esi menɔ ŋgɔyiyi wɔm la, nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo nye mɔɖelawo kpeam edziedzi be manɔ gbeadzi kple yewo ŋkeke bliboa. Míeɖoa dze geɖe tso gbɔgbɔmenuwo ŋu.” Egblɔ kpee be: “Hafi mava zu Kristotɔ la, zi geɖe medoa go va ɖea modzaka Fiɖa kple Memleɖa fiẽ ɖesiaɖe. Gake ɣeyiɣi si metsɔ nɔ nɔviwo gbɔe la na meva kpɔ amesiwo made ha kplii.” Lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si hamea ɖe fia nɔviŋutsu sia kpe ɖe eŋu wòli ke sesĩe le xɔse me, eye ele subɔsubɔm fifia le Betel.—Kol. 2:6, 7.
3 Mitu Mia Nɔewo Ðo: Ðewohĩ míakpɔe be mɔnukpɔkpɔ aɖe aʋu ɖi na mí be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu ne woɖo nɔnɔme sesẽwo me. Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo awɔ telefon dzi ɖaseɖiɖi kple gbeƒãɖela aɖe si ŋu ŋusẽ boo megale o alo akpee be nàkplɔe ayi wò Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe wɔƒe, alo ɖewohĩ kura gɔ̃ hã be nàkplɔ wò nusrɔ̃via va eƒemea? Ðe wòadzɔ dzi na dzila aɖe si ƒe viwo metsi o be woana kpekpeɖeŋu ye le gbeadzia? Ðe ame aɖewo li siwo ŋu kpena, eye le esia ta woadi be woakpe ɖe yewo ŋu le tɔtrɔyi alo subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubu aɖe wɔwɔ mea? Ne míetsɔ ɖe le eme na mía nɔviwo lɔlɔ̃tɔe la, ekema míadi mɔ siwo dzi míato atu wo ɖo.—Rom. 14:19.
4 Ne míesrɔ̃a alesi Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔlawoe la, ana míado ŋusẽ mía nɔewo, míana hamea nawɔ ɖeka le lɔlɔ̃ me, eye míahe kafukafu vɛ na mía Fofo si le dziƒo.—Ef. 4:16.