INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/04 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Tanya Suewo
  • December 13 ƒe Kwasiɖa
  • December 20 ƒe Kwasiɖa
  • December 27 ƒe Kwasiɖa
  • January 3 ƒe Kwasiɖa
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 12/04 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

December 13 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 47

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ video si nye No Blood—Medicine Meets the Challenge atsɔ adzra ɖo na numedzodzro si woawɔ le kwasiɖa si gbɔna me. Gblɔ ɖoɖo tɔxɛ siwo miewɔ na gbeadziyiyi le December 25 kple January 1 dzi. Na woawɔ December 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple December 8 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! nana ƒe wɔwɔfia.

15 min: “Wò Kpekpeɖeŋu Hiã.”a Bia gbe hamemegã aɖe kpuie. Na wòagblɔ nusi de dzi ƒo nɛ wòdi be yeasubɔ le hamea me kple nusi kpe ɖe eŋu wòɖo nudidiawo gbɔ.

20 min: “Aleke Míaɖi Ðase na Míaƒe Ƒometɔwoe?”b Zã nyabiabia siwo le eme. Kpe nyaselawo woaƒo nu tso alesi wote ŋu nyɔ ɖetsɔleme ɖe woƒe ƒometɔwo me heɖi ɖase na wo la ŋu kpuie.

Hadzidzi 17; gbedodoɖa na kpakpã.

December 20 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 68

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: “Alesi Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Ðea Vi na Míi.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. Gblɔ nya aɖewo tso October 2004 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽ me kpee. Wɔ ɖoɖo do ŋgɔ ame ɖeka alo eve nagblɔ alesi sukua le vi ɖem na woe.

25 min: “Na Video si Nye No Blood—Medicine Meets the Challenge Naɖe Vi na Wò.” Numedzodzro kple nyaselawo tso No Blood video la ŋu si woazã nyabiabia siwo le axa 6 lia. Xlẽ memama mamlɛtɔ tsɔ ƒo etae. De dzi ƒo na amesiame be wòava kpekpea kwasiɖa si gbɔna hena numedzodzro le ɖoɖo yeye aɖe si akpe ɖe mía ŋu míatsri ʋu ŋu.

Hadzidzi 50; gbedodoɖa na kpakpã.

December 27 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 36

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe December gbeadzikɔntabubu ana. Ƒo nu tso August Subɔsubɔ ƒe Akɔntabubu ŋu kpuie. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamama) atsɔ awɔ alesi woana December 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple December 22 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfia. Miate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe me la, na woafia alesi woato mɔ vovovo dzi aɖo dzeɖonyanutsinya si nye “Menya nu tso miaƒe dɔa ŋu nyuie xoxo” la ŋui.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 20 (alo Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe agbalẽvia, axa 12).

25 min: Toɖoɖo Mawu ƒe Se be Míatsri Ʋu. Hamemegã nazã nuƒogbalẽ si alɔdzedɔwɔƒea ɖo ɖa atsɔ aƒo nuƒo sia. Gblɔe tso nuƒoa ƒe gɔmedzedzea be womakpe DPA gbalẽviawo ɖo fiẽ sia o. Ne nuƒolaa le nuƒogbalẽa me nyawo xlẽm la, ate ŋu agblɔ nya kpui aɖewo kpee atsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi, gake mana kpɔɖeŋu alo ayɔ mawunyakpukpui bubuwo akpee o. Woate ŋu axlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ alo agblɔ wo me nyawo ko le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu. Le teƒe siwo sɔ la, he susu yi nya siwo le aɖaka si nye “Ðoɖo Yeye be Woakpe Ðe Mía Ŋu Míatsri Ʋu” me la dzi. Agbalẽŋlɔla natsɔ DPA gbalẽvia kple “Mɔfiamewo Hena DPA Gbalẽvia Kpekpeɖo” ana gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ ɖesiaɖe woanɔ edzi kpɔm be wòakpe ɖe wo ŋu woakplɔ nuƒolaa ɖo. Agbalẽŋlɔla nekpɔ egbɔ hã be Identity Cards agbɔsɔsɔ si hiã la li.

10 min: Akpa si Wò Dzitsinya Wɔna. Hamemegã ƒe nuƒo si wòatu ɖe June 15, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 23-4, memama 16-19 dzi. Te gbe ɖe edzi be nyametsotso siwo míenɔa te ɖe dzitsinya dzi wɔna la le vevie, elabena wokpɔa ŋusẽ ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo dzi.

Hadzidzi 8; gbedodoɖa na kpakpã.

January 3 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 27

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Yɔ agbalẽ si míana le January me.

15 min: “Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ—Akpa 4.” Zã memama 1 nàtsɔ awɔ ŋgɔdonya si mawu miniti ɖeka o, eye emegbe nàna woatsɔ miniti atɔ̃ awɔ nya siwo le memama 2-3 me ƒe wɔwɔfia si me Biblia-nusɔsrɔ̃ dzikpɔla aɖe afia eƒe nusrɔ̃vi alesi wòadzra ɖoe ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Na woazã memama aɖe le Sidzedze-gbalẽa alo Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza me atsɔ awɔ wɔwɔfiae. Azɔ tsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo dzro memama 2-5 me, eye nàte gbe ɖe nya vevi siwo dze le wɔwɔfiaa me dzi.

25 min: “Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ.”c Hamemegã si dze ƒe dɔ. Na wò nuƒowo nade dzi ƒo na nɔviawo. Na hamea nanya nu tso ɖoɖo si miewɔ le mia gbɔ be miatsɔ ade dzo nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ sukua me ŋu. Te gbe ɖe nusrɔ̃gbalẽ yeyea ƒe akpa vevi aɖewo dzi eye nàde dzi ƒo na amesiwo hiã agbalẽa be woadɔe le agbalẽdzikpɔla gbɔ le kpakpã vɔ megbe teti.

Hadzidzi 79; gbedodoɖa na kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe