Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ January 1
Xlẽ 1 Mose 2:16, 17. Eyome gblɔ be: “Ame aɖewo gblɔna be Mawu nya do ŋgɔ be Adam awɔ nu vɔ̃. Ame aɖewo hã susui be anye alakpanuwɔwɔ nenye be Mawu nya nu si ado tso eƒe nuwɔna me hafi va nɔ nu xlɔ̃mee. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia si dze egɔme tso axa 13 la ɖe ale si Mawu zãa ŋutete si le esi be wòanya etsɔme la me.”
Awake! January
“Ame aɖewo susui be seselelãme dzro ko dzie wotu mawusubɔsubɔdzixɔsewo ɖo ke menye ɖe kpeɖodzi vavãwo dzi o. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Le Biblia ƒe nya nu la, ele be woatu mawusubɔsubɔdzixɔsewo ɖe kpeɖodzi sẽŋuwo dzi. [Xlẽ 1 Yohanes 4:1.] Nyati sia si dze egɔme tso axa 28 la ɖe ale si míawɔ akpɔ egbɔ be míetu míaƒe xɔse ɖe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔwo dzi la me.”
Gbetakpɔxɔ February 1
“Srɔ̃gbegbe bɔ egbea ŋutɔ. Nu ka koŋ gbɔe nèsusu be esia tso? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ aɖaŋuɖoɖo aɖe si kpe ɖe srɔ̃tɔ geɖe ŋu la ɖa. [Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:24.] Magazine sia ƒo nu tso nu ade aɖewo siwo ɖea fu na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo la ŋu, eye wògblɔ ale si Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu dɔ wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ame ŋui.”
Awake! February
“Edze abe ame geɖe wu va tsɔ ɖe le nya siwo ku ɖe nukpekpe siwo wosusu be wodona zã me ɖanoa ʋu le lãme na amewo kpakple adzetɔwo ŋu me vevie. Èsusui be afɔku aɖeke mele gbɔgbɔyɔyɔ me oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nuxlɔ̃ame sia si Mawu na blema Israel viwo ɖa. [Xlẽ 5 Mose 18:10-12.] Magazine sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la me.”