Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ July 1
“Èsusu be anya wɔ be mí amegbetɔ tsɛ siawo míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:27.] Magazine sia dzro nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu di be míate ɖe ye ŋu la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia la fiae.
Awake! July
“Modzakaɖeɖe geɖe siwo li egbea le eɖem fia be ame geɖe wu va le dzidzɔ kpɔm ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ŋu. Èsusu be gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔyɔyɔ me megblẽa naneke le ame ŋu oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ 5 Mose 18:10-12.] Nyati sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso afɔku siwo le gbɔgbɔyɔyɔ me ŋu la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia la fiae.
Gbetakpɔxɔ Aug. 1
“Ale si gbegbe nu va le gbegblẽm le nutoa me ŋu na mɔkpɔkpɔ megava le ame geɖe si nɔm ku ɖe anyigba la ƒe etsɔme ŋu o. Nu kae nèsusu ku ɖe nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Psalmo 37:11.] Magazine sia he susu yi Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi aɖewo siwo tae wòle be míakpɔ mɔ be etsɔme anyo la dzi.”
Awake! Aug.
“Ame geɖe xɔe se be anyigba ƒe dzoxɔxɔ ade nu gbagbe siwo le edzi la ƒe agbe afɔku me. Aleke nèsusu be woate ŋu ava kpɔ nya sia gbɔe? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yesaya 11:9.] Magazine sia ɖe nu si tae kakaɖedzi le eŋu be anyigba la ayi edzi anye amegbetɔwo ƒe aƒe ɖaa la me.”