February 14 Ƒe Kwasiɖa
FEBRUARY 14 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 3 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
ol ta 7 mm. 9-17 (25 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Nexemiya 9-11 (10 min.)
No. 1: Nexemiya 11:1-14 (4 min. alo made o)
No. 2: Ðe Mateo 1:23 Fia Be Yesu Nye Mawu Esime Wònɔ Anyigba Dzia?—rs-E axa 214 mm. 1-3 (5 min.)
No. 3: Mɔ Siwo Nu Mawu Ðe Eƒe Amenuveve Fia Le—1 Pet. 4:10 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
5 min: Gbeƒãɖeɖewo.
12 min: Ale Si Míaɖo Dze Kple Ame Siwo Míenya O. Numedzodzro si wotu ɖe Subɔsubɔ Suku gbalẽa ƒe axa 62-64 dzi. Bia gbe gbeƒãɖela aɖe si wonya nyuie be ebi ɖe dzeɖoɖo gɔmedzedze me le vomeɖaseɖiɖi me alo le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me kpuie.
18 min: “Ŋkuɖodziɖuɣia—Mɔnukpɔkpɔ Nyui Aɖe Wònye Na Dɔ Geɖe Wɔwɔ!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo; subɔsubɔdɔdzikpɔla nawɔe. Ne miedzro nyatia me vɔ la, gblɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo siwo miewɔ na March, April, kple May. Wɔ ɖoɖowɔɖi siwo dzi ame siwo le nɔnɔme vovovowo me ate ŋu azɔ ɖo akpɔ gaƒoƒo 50 le ɣletia me le gbeadzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. Bia gbe gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ƒe si va yi me le Ŋkuɖodziɖuɣia, togbɔ be vovo menɔ wo ŋu o alo lãmesẽkuxiwo nɔ fu ɖem na wo hã.
Hadzidzi 8 Kple Gbedodoɖa