November 4 Ƒe Kwasiɖa
NOVEMBER 4 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 116 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jl Nusɔsrɔ̃ 3-4 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Tito 1–Filemon (10 min.)
No. 1: Tito 2:1-15 (4 min. alo made o)
No. 2: Ðe Wòhiã Be Ame Nanɔ Subɔsubɔha Aɖe Si Le Ðoɖo Nu Mea?—rs-E axa 326 mm. 2–axa 327 mm. 2; +w00 1/1 axa 30-31 (5 min.)
No. 3: Nu Si Tae Mele Be Míalé To Ðe “Gliwo” Ŋu O—1 Tim. 1:3, 4; 2 Tim. 4:3, 4 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le November Me. Numedzodzro. Zã sɛkɛnd 30 va se ɖe 60 nàtsɔ agblɔ nu si tae magazineawo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me ɖo. Ema megbe kpe nyaselawo woagblɔ nya siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu. Eyome bia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. Na woawɔ wɔwɔfia eve: ale si míate ŋu ana Gbetakpɔxɔ la, kple ale si míate ŋu ana Nyɔ! la.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
10 min: Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu. (Heb. 4:12) Numedzodzro si wotu ɖe 2013 Yearbook, axa 57, memama 1, va se ɖe axa 59, memama 3 dzi. Kpe nyaselawo ne woagblɔ nu siwo wosrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔawo me.
Hadzidzi 114 Kple Gbedodoɖa