December 16 ƒe Kwasiɖa
DECEMBER 16 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 116 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jl Nusɔsrɔ̃ 20-22 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Nyaɖeɖefia 1-6 (10 min.)
No. 1: Nyaɖeɖefia 3:14–4:8 (4 min. alo made o)
No. 2: Menye Kɔnue Subɔsubɔha Vavãtɔ Nye O, Agbenɔnɔmɔ Boŋ Wònye—rs-E axa 329 mm. 2; +w07 3/1 axa 6 mm. 3-7 (5 min.)
No. 3: Mɔ Kawo Nue Yesu ‘Ðo Kpɔɖeŋu Ði’ Na Eƒe Nusrɔ̃lawo Le?—Yoh. 13:15 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Èɖo Ŋku Wo Dzia? Hamemetsitsi ƒe nuƒo. Dzro Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati si nye, “Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Ku Ðe Kunuwɔwɔ Ŋu Me Léle Ðe Asi—Akpa 1” me. (km-Gh 5/08) Zã ŋɔŋlɔawo nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi, eye nàgblɔ ale si miate ŋu awɔ eŋu dɔe.
10 min: Sɔhɛwo, Mikafu Yehowa. (Ps. 148:12, 13) Bia gbe sɔhɛ eve alo etɔ̃ siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Xɔse ƒe dodokpɔ kawoe wodoa goe le suku? Aleke wo dzilawo kple nɔvi bubuwo kpe ɖe wo ŋu wonɔ te ɖe dodokpɔ siawo nui? Nu kae na dzi ɖoa wo ƒo woʋua woƒe dzixɔsewo me? Na woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si.
10 min: “Míadze Te Ðe Yehowa Ŋu Gbalẽa Sɔsrɔ̃ Gɔme Tso January 6 Ƒe Kwasiɖaa Me.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo.
Hadzidzi 75 Kple Gbedodoɖa