December 29 Ƒe Kwasiɖa
DECEMBER 29 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 37 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 18 mm. 1-8 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Yosua 12-15 (10 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto (20 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
Ɣletia Ƒe Nyati: He “nu nyuiwo” ɖe go tso nu nyui dzraɖoƒe si wona mí la me.—Mat. 12:35a.
20 min: Nɔ “Nu Nyuiwo” Fiam Wò Biblia- nusrɔ̃viwo Kple Viwò Siwo Le Nyateƒea Me Vivivi. (Mat. 12:35a) Numedzodzro. Zã ŋɔŋlɔ siawo nàtsɔ afia nu si míekpɔa mɔ be Biblia-nusrɔ̃viwo kple mía vi siwo le nyateƒea me la nawɔ: 1 Korintotɔwo 13:11; 1 Petro 2:2, 3. Ðe nu si wòfia be ‘míaɖɔ’ ‘nya la ƒe notsia’ akpɔ kpakple ale si míate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo kple mía viwo ŋu woawɔ esia la me. Ðe nufiame si le Marko 4:28 la me. (Kpɔ Gbetakpɔxɔ, December 15, 2014, axa 11, mm. 6-8.) Bia gbe gbeƒãɖela kpɔnuteƒe alo dzila aɖe si ate ŋu agblɔ ale si wòwɔ kpe ɖe eƒe Biblia-nusrɔ̃vi alo via ŋu wòyi ŋgɔ le gbɔgbɔ me.—Ef. 4:13-15; kpɔ May 2014 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka.
10 min: “He ‘Nu Nyuiwo’ Ðe Go To Amedzrowɔwɔ Dzi (Mat. 12:35a).” Numedzodzro. Yayra alo nuteƒekpɔkpɔ kawoe su ame aɖewo si le woƒe amedzrowɔwɔ ta? Na nyaselawo nagblɔ ale si míate ŋu awɔ amedzro na ame bubuwo, vevietɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Ƒo nu tso ɖoɖo si hamea wɔ be woaɖo kplɔ̃ vi aɖe na nuƒola si wokpe la ŋu.
Hadzidzi 124 Kple Gbedodoɖa