INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 December axa 3
  • ‘Mina Míayi Yehowa Ƒe To La Dzi’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Mina Míayi Yehowa Ƒe To La Dzi’
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wodo Yehowa ƒe Aƒea Ðe Dzi
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Alesi Xexeame Ava Wɔ Ðekae
    Nyɔ!—1994
  • Ŋutasesẽ Ðeɖeɖa Tegbee—Alekee?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðekawɔwɔ le Tadedeagu me le Míaƒe Ɣeyiɣia me—Nukae Wòfia?
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 December axa 3

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YESAYA 1-5

‘Mina Míayi Yehowa Ƒe To La Dzi’

2:2, 3

“Le ŋkeke mamlɛawo me”

Efia ɣeyiɣi siwo me míele fifia

“Yehowa ƒe aƒe ƒe to la”

Efia Yehowa ƒe subɔsubɔ dzadzɛ si ƒo ɖe sia ɖe ta

“Dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu”

Efia be ame siwo le subɔsubɔ dzadzɛa me la wɔ ɖeka

‘Mina míayi Yehowa ƒe to la dzi’

Efia be mawusubɔla vavãwo kpea ame bubuwo be woava subɔ kpli yewo

“Afia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo”

Efia be Yehowa toa eƒe Nyaa dzi fiaa nu mí eye wòkpena ɖe mía ŋu míezɔa eƒe toƒewo

Ame siwo tso dukɔ vovovowo me la yina Yehowa ƒe to la dzi

2:4

“Womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o”

Yesaya ƒo nu tso ale si woatrɔ aʋawɔnuwo woazu agblenuwo ŋu, si fia be Yehowa ƒe amewo ati ŋutifafa yome. Nu kawoe nye agblenuwo le Yesaya ŋɔli?

“Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe”

1 Dɔwɔnua ƒe akpa si wotsɔ dzoboa anyigba lae nye agblenua. Gakpo ye wotsɔ wɔ wo dometɔ aɖewo.—1Sa 13:20

“Woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe”

2 Enye hɛ gobɛ si ŋu asiléƒe le. Wotsɔa dɔwɔnu siawo ɖea wainkawo ŋu.—Yes 18:5

Yi kple akplɔ
Agblenu kple hɛ gobɛ
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe