INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr18 October axa 1-5
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2018)
  • Tanya Suewo
  • OCTOBER 1-7
  • nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 10:22
  • OCTOBER 8-14
  • OCTOBER 22-28
  • OCTOBER 29–NOVEMBER 4
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2018)
mwbr18 October axa 1-5

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

OCTOBER 1-7

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 9-10

nwtsty ƒe media

Alẽkpo

Alẽkpo nye teƒe aɖe si wotu be woatsɔ akpɔ alẽwo ta tso fiafiwo kple lãlénuwo si me. Alẽkplɔlawo nana woƒe alẽwo nɔa kpo me le zã me be woanɔ dedie. Le Biblia ŋlɔɣiwo la, kpewoe wotsɔ wɔa kpoawo, womegbaa wo o, woƒe nɔnɔme kple lolome menɔa ɖeka o, eye mɔnu ɖeka koe nɔa wo ŋu zi geɖe. (4Mo 32:16; 1Sa 24:3; Zef 2:6) Yohanes ƒo nu tso ale si ‘woato agbo’ si nu “agbonudzɔla” le nu age ɖe alẽkpo me la ŋu. (Yh 10:1, 3) Le alẽkpo si nye dugbadza tɔ me la, alẽha vovovowoe tsia afi ma dɔna, eye agbonudzɔla dzɔa alẽawo ŋu. Ne ŋu ke la, agbonudzɔlaa ʋua agboa na alẽkplɔlawo. Alẽkplɔla ɖe sia ɖe yɔa eƒe alẽawo doa goe eye alẽawo dea dzesi wo kplɔla ƒe gbe eye wova ƒoa ƒu. (Yh 10:3-5) Yesu ƒo nu tso esia ŋu tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na ale si wòléa be na eyomedzelawoe.—Yh 10:7-14.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 10:16

makplɔ woawo hã vɛ: Alo “kplɔ.” Le nya si gblɔm wole nu la woate ŋu aɖe Helagbe me dɔwɔnya aʹgo si wozã le afi sia gɔme be “woakplɔ (vɛ)” alo “woakplɔ.” Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe si woŋlɔ le keke ƒe 200 K.Ŋ. la zã Helagbe me nya (sy·naʹgo) si de sɔsɔ ge kplii, si gɔme woɖena be “woaƒo nu nu ƒu” zi geɖe la. Esi Yesu nye Alẽkplɔla Nyui la ta la, eƒoa alẽ siwo tso alẽkpo sia me (siwo wogayɔna be “alẽha sue” le Lk 12:32) kple eƒe alẽ bubuawo nu ƒu, fiaa mɔ wo, kpɔa wo ta eye wònyia wo. Wova zua alẽha ɖeka le alẽkplɔla ɖeka te. Esia na míekpɔ ale si gbegbe Yesu yomedzelawo awɔ ɖekae.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 9:38

tsyɔ mo anyi ɖe eŋkume: Alo “bɔbɔ ɖe eŋkume; bɔbɔ nɛ.” Ne wozã Helagbe me dɔwɔnya pro·sky·neʹo wòfia tadedeagu na mawu aɖe la, woɖea egɔme be “de ta agu.” (Mt 4:10; Lk 4:8) Gake le afi sia la, ŋutsu si wodzi ŋkuagbãtɔ si woda dɔ na la, de dzesi Yesu be enye Mawu teƒenɔla eye wòtsyɔ mo anyi ɖe eŋkume. Mebu Yesu be enye Mawu alo mawu aɖe o, ke boŋ ebui be enye “Amegbetɔvi,” Mesia si Mawu na ŋusẽe. (Yh 9:35) Esi wòbɔbɔ na Yesu la, anɔ eme be ewɔe abe ale si ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la wɔnɛ ene. Ne wokpɔ nyagblɔɖilawo, fiawo alo Mawu teƒenɔla bubuwo la, wobɔbɔna na wo. (1Sa 25:23, 24; 2Sa 14:4-7; 1Fi 1:16; 2Fi 4:36, 37) Zi geɖe la, ne amewo tsyɔ mo anyi ɖe Yesu ŋkume la, efia be wokpɔ ŋudzedze ɖe nane si wòwɔ ŋu loo alo di be wòave yewo nu.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 10:22

Gbedoxɔŋukɔkɔŋkekenyui: Hebrigbe me ŋkɔ si woyɔna na azã siae nye Hanukkah (chanuk·kahʹ), si gɔmee nye “Nuʋuʋu; Ŋukɔkɔ.” Woɖunɛ ŋkeke enyi, tso dzinu Kislev 25 lia dzi si medidi tso solstice si nye vuvɔŋɔli gbɔ o, (kpɔ Megbenyawo B15) be woatsɔ aɖo ŋku ale si wogbugbɔ gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la ŋu kɔ le ƒe 165 D.Y. me la dzi. Siria-fia Antiochus IV Epiphanes do gu Mawu ƒe gbedoxɔa tsɔ ɖee fia be yemedea bubu Yudatɔwo ƒe Mawu Yehowa ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, eɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe vɔsamlekpui gã la dzi. Tsãa afi mae wosaa numevɔwo le gbe sia gbe. Le Kislev 25 lia ƒe 168 D.Y. dzi la, Antiochus tsɔ ha sa vɔe le vɔsamlekpuia dzi eye wòna wohlẽ halã si woɖa la ƒe tsi ɖe gbedoxɔ bliboa me tsɔ do gu Yehowa ƒe gbedoxɔa. Etɔ dzo gbedoxɔa ƒe agbowo, gbã nunɔlawo ƒe xɔwo eye wòtsɔ sikavɔsamlekpuia, kplɔ̃ si dzi ŋkumeɖoboloawo nɔna kple sikakaɖitia dzoe. Emegbe egbugbɔ kɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu na Zeus si nye Olympus tɔwo ƒe trɔ̃. Le ƒe eve megbe la, Judas Maccabaeus xɔ dua kple gbedoxɔa. Esi wokɔ gbedoxɔa ŋu vɔ la, woʋu enu le Kislev 25 lia ƒe 165 D.Y. dzi, si nye ƒe etɔ̃ pɛpɛpɛ tso esime Antiochus sa vɔ nyɔŋu ma le vɔsamlekpuia dzi na Zeus megbe. Wogadze gbe sia gbe numevɔwo sasa na Yehowa gɔme. Naneke mele Ŋɔŋlɔawo me si ɖee fia tẽe be Yehowae na Judas Maccabaeus ɖu aʋa dzi eye wòna wògbugbɔ ɖɔ gbedoxɔa ɖo ya o. Ke hã Yehowa zã du bubu me tɔwo abe Persia-fia Kores ene gɔ̃ hã ale be wòana eƒe tameɖoɖo si ku ɖe eƒe subɔsubɔ ŋu nava eme. (Yes 45:1) Ekema asɔ be míaƒo nya ta be Yehowa ate ŋu azã Judas Maccabaeus si tso dukɔ si ɖe adzɔgbe nɛ la me atsɔ ana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Ŋɔŋlɔawo na míekpɔe be ele be gbedoxɔa nanɔ anyi eye eƒe dɔwɔnawo nanɔ edzi yim ale be nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu, eƒe subɔsubɔdɔa kple vɔ si wòava sa la nava eme. Azɔ hã ele be Lewi viwo nayi edzi anɔ vɔwo sam va se ɖe esime Mesia la nava sa vɔ si de ŋgɔ wu, si nye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe amegbetɔwo ta. (Da 9:27; Yh 2:17; Heb 9:11-14) Womede se na Kristo yomedzelawo be woanɔ Gbedoxɔŋukɔkɔŋkekenyuia ɖum o. (Kol 2:16, 17) Ke hã, nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒo nu tsi tre ɖe azã sia ɖuɖu ŋu o.

OCTOBER 8-14

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 11-12

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 11:24, 25

Menya be afɔ: Marta susu be tsitretsitsi si ava le ŋkeke mamlɛa dzi la ƒe nya gblɔmee Yesu le. Edze ƒãa be eka ɖe nufiafia ma dzi ŋutɔ. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo siwo nye Zadukitɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me mexɔ tsitretsitsia dzi se o, togbɔ be Ŋɔŋlɔ siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ƒo nu tso nufiafia sia ŋu eme kɔ hã. (Da 12:13; Mr 12:18) Farisitɔwo ya xɔe se be luʋɔ la mekuna o. Marta nya be Yesu fia nu tso tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu eye wòfɔ amewo gɔ̃ hã ɖe tsitre togbɔ be ame siwo wòfɔ la dometɔ aɖeke meku eteƒe didi abe Lazaro ene o hã.

Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la: Yesu ŋutɔ ƒe ku kple tsitretsitsi na wòva le bɔbɔe be ame siwo ku la nagbɔ agbe. Menye ɖeko Yehowa na ŋusẽ Yesu be wòafɔ kukuawo ɖe tsitre le eƒe tsitretsitsia megbe o, ke boŋ ena ŋusẽe hã be wòana amewo nava nɔ agbe mavɔ. Yesu yɔ eɖokui le Nyɖ 1:18 be “ame si le agbe,” si si “ku kple Tsiẽƒe ƒe safuiwo le.” Eya ta Yesue nye agbagbeawo kple kukuawo siaa ƒe mɔkpɔkpɔ. Edo ŋugbe be yeava ʋu yɔdowo nu eye yeafɔ kukuawo woava nɔ agbe le dziƒo azu yeƒe hatidziɖulawo loo alo ava nɔ agbe le anyigba dzi afi si eƒe dziƒodziɖuɖua aɖe vi na wo le.—Yh 5:28, 29; 2Pe 3:13.

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 11:33-35

avi fam: Helagbe me nya si wozãna na “avi fam” fia be woafa avi sesĩe. Wozã dɔwɔnya ma ke na Yesu esime wònɔ nu ƒom tso tsɔtsrɔ̃ si ava Yerusalem dzi la ŋu nya gblɔm ɖi.—Lk 19:41.

eɖe hũ . . . eye wòxa nu vevie: Gbe gbãtɔ me nya vovovo eve siwo wozã ɖe du le afi sia la ɖɔ ale si tututu Yesu nɔ sesem le eɖokui me le ɣeyiɣi sia me la fia. Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘ɖe hũ’ (em·bri·maʹo·mai) la fiana ale si gbegbe ame le sesem le eɖokui me zi geɖe, gake le afi sia la, efia ale si gbegbe nua te ɖe Yesu dzii be wòɖe hũ. Helagbe si wozãna na ‘xa nu vevie’ (ta·rasʹso) gɔmeɖeɖe tẽe fia dzitsitsi. Le agbalẽnyala aɖe ƒe nya nu la, ale si wozãe le afi sia fia be “nu nate ɖe ame dzi le ememe, ame nase veve alo alé blanui vevie.” Wozã dɔwɔnya ma ke le Yh 13:21 tsɔ ɖɔ ale si Yesu se le eɖokui me esi wòbu ale si Yuda ava fia eyomemɔe ŋu.

le eɖokui me: Egɔmeɖeɖe tẽe, “le gbɔgbɔ la me.” Edze ƒãa be wozã Helagbe me nya pneuʹma le afi sia wòfia nu si ʋãa ame wòtsoa eƒe kpɔɖeŋudzia me gblɔa nya aɖe alo wɔa nane le mɔ aɖe nu.—Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe, “Gbɔgbɔ.”

fa avi: Nya si wozã le afi sia (da·kryʹo) la nye Helagbe me ŋkɔnya si wozãna na “aɖatsi” ƒe dɔwɔnya. Wozãe le ŋɔŋlɔwo abe Lk 7:38; Dw 20:19, 31; Heb 5:7; Nyɖ 7:17; 21:4 ene la me. Edze abe wohe susu yi aɖatsi si wofa la dzi wu ale si wofa avia sesĩe dzi. Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, afi sia koe wozã Helagbe me dɔwɔnyaa le, eye eto vovo na ale si wozãe le Yh 11:33 tsɔ ɖɔ ale si Maria kple Yudatɔwo nɔ avi famee. Yesu nya be yeafɔ Lazaro ɖe tsitre, gake ete ɖe edzi vevie esi wòkpɔ exɔlɔ̃awo wonɔ nu xam vevie. Ale si wòlɔ̃ exɔlɔ̃awoe ta la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ eye wòfa avi amewo kpɔ. Nuŋlɔɖi sia na eme kɔ be Yesu sea veve ɖe ame siwo ƒe ame veviwo ku le Adam ƒe nu vɔ̃ ta la nu.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 11:49

nunɔlagã: Esi Israel-viwo nye dukɔ nɔɖokuisi la, nunɔlagã la wɔa eƒe dɔwo va se ɖe esime wòku. (4Mo 35:25) Ke hã, esi Romatɔwo va nɔ Israel dzi ɖum la, ŋusẽ nɔ dziɖula siwo Roma fiawo ɖo la si be woaɖo nunɔlagãwo alo axɔ dɔ le wo si. (Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe, “Nunɔlagã.”) Kayafa, si Romatɔwo ɖo la nye dukɔteƒenɔla bibi aɖe si wɔ eƒe dɔ eteƒe didi wu ame siwo katã va ɖe eyome kpuie. Woɖoe le ƒe 18 K.Ŋ. lɔƒo eye wòwɔ dɔa va se ɖe ƒe 36 K.Ŋ. lɔƒo. Esi Yohanes gblɔ be Kayafa nye nunɔlagã le ƒe ma, si nye ƒe 33 K.Ŋ., me ta la, Yohanes ƒe nyaa fia be Kayafa nye nunɔlagã le ƒe si me wowu Yesu, si nye ƒe si amewo maŋlɔ be akpɔ o la.—Kpɔ Megbenyawo B12 be nàkpɔ afi si ɖewohĩ Kayafa ƒe aƒe nɔ.

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 12:42

kplɔlawo: Le afi sia la, Helagbe me nya si wozã na “kplɔlawo” la ate ŋu afia Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si nye Sanhedrin la me tɔwo. Wozã nya sia le Yh 3:1 na Nikodemo si nye ʋɔnudrɔ̃ƒe ma me tɔ.

nya wo ɖa le ƒuƒoƒe: Alo “nya le hame; nya le ƒuƒoƒea.” Afi sia kple Yh 12:42 kpakple 16:2 koe wozã Helagbe me ŋkɔnyaɖɔnya a·po·sy·naʹgo·gos le. Wometena ɖe ame si wonya le ƒuƒoƒea me ŋu o eye wobunɛ be mele be wòanɔ amewo dome o. Ne wonya ame aɖe ɖa tso nɔvia Yudatɔ bubuwo gbɔ la, esia ate ŋu ana ganyawo nasesẽ na eƒe ƒomea me tɔwo. Wozãa ƒuƒoƒeawo koŋ tsɔ fiaa nu amewo, gake wogazãa wo hã abe ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo wona ŋusẽe be woaƒo amewo kple atam eye woanya wo le ƒuƒoƒea ene.

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 13-14

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 13:5

nusrɔ̃laawo ƒe afɔwo kɔklɔ: Le blema Israel la, atokotawo koŋue amewo dona. Afɔkpa siawo nye esiwo ƒe gɔme le gbadzɛ eye wòtsyɔa afɔ kple afɔkɔe vie ko, eya ta mɔzɔlawo ƒe afɔwo aƒo ɖi godoo le ale si ʋuʋudedi kple ba le mɔawo kple gbeawo me ta. Eya ta enye kɔnu be ame naɖe eƒe afɔkpawo ne ege ɖe aƒe aɖe me, eye aƒea me tɔ dɔmenyola aɖe aklɔ afɔ na amedzroa. Esia ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me. (1Mo 18:4, 5; 24:32; 1Sa 25:41; Lk 7:37, 38, 44) Esi Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo la, ezã kɔnu sia tsɔ fia nu vevi aɖe wo tso ɖokuibɔbɔ ŋu kple ale si wòle be woasubɔ wo nɔewo la wo.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 13:12-14

ele . . . be: Alo “agba le mia dzi be.” Helagbe me dɔwɔnya si wozã le afi sia nye esi wozãna le ganyawo me, eye zi geɖe la, efiana be “wonyi fe le ame ŋu; wonyi nane ƒe fe le ame ŋu.” (Mt 18:28, 30, 34; Lk 16:5, 7) Le afi sia kple teƒe bubuwo la, wozãe le mɔ si keke ta nu wòfia nu si wòle be ame nawɔ alo be agba le ame dzi be wòawɔ nene godoo.—1Yh 3:16; 4:11; 3Yh 8.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 14:6

Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la: Yesue nye mɔ la elabe eya dzi koe ame ato ado gbe ɖa na Mawu. Eyae ganye “mɔ la” si dzi amegbetɔ ato adzra wo kple Mawu dome ɖo. (Yh 16:23; Ro 5:8) Yesue nye nyateƒe la elabena eƒe nuƒoƒo kple eƒe agbenɔnɔ siaa wɔ ɖeka kple nyateƒea. Ena nyagblɔɖi gbogbo aɖewo va eme si ɖe akpa vevi si wòawɔ be Mawu ƒe tameɖoɖowo nava eme fia. (Yh 1:14; Nyɖ 19:10) Nyagblɔɖi siawo va zu “‘ɛ̃’ [alo va eme] to eya amea dzi.” (2Ko 1:20) Yesue nye agbe la elabe to tafea dzi la, ena wòva le bɔbɔe na amegbetɔwo be “agbe vavã” si nye “agbe mavɔ” nasu wo si. (1Ti 6:12, 19; Ef 1:7; 1Yh 1:7) Yesu aganye “agbe la” na ame miliɔn gbogbo siwo woafɔ ɖe tsitre siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le Paradiso me le anyigbe dzi tegbee la.—Yh 5:28, 29.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 14:12

dɔ siwo lolo wu esiawo: Menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be nukunu siwo yeƒe nusrɔ̃lawo awɔ la alolo wu nukunu siwo yewɔ o. Ke boŋ elɔ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be woawɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa wòakeke ta wu ye tɔ. Eƒe nusrɔ̃lawo awɔ dɔ le teƒe geɖe wu, aɖo ame geɖe wu gbɔ eye woaɖe gbeƒã ɣeyiɣi didi wu ye. Yesu ƒe nyawo fia kɔtɛ be enɔ mɔ kpɔm be ye yomedzelawo nayi dɔ si gɔme yedze la dzi.

OCTOBER 22-28

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 15-17

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 15:19

xexea: Le afi sia la, Helagbe me nya koʹsmos fia ame siwo le xexea me siwo menye mawusubɔlawo o, ame madzɔmadzɔ siwo te wo ɖokuiwo ɖa tso Mawu gbɔ. Nyanyuigbalẽŋlɔla Yohanes koe gblɔ be Yesu gblɔ be ye yomedzelawo menye xexea ƒe akpa aɖeke o alo menye xexea tɔ o. Nya mawo ke gadze zi eve sɔŋ le gbe mamlɛ si Yesu do ɖa kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo la me.—Yh 17:14, 16.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 15:21

le nye ŋkɔ la ta: Zi geɖe le Biblia me ɣeaɖewoɣi la, “ŋkɔ” ɖɔa ame si tɔ ŋkɔa ƒe nɔnɔmewo, ŋkɔ si le eŋu kple ale si amewo nyae. Le Yesu ƒe ŋkɔa gome la, egale tsitre ɖi na ŋusẽ kple ɖoƒe si Fofoa nɛ. (Mt 28:18; Flp 2:9, 10; Heb 1:3, 4) Le afi sia la, Yesu ɖe nu si tae ame siwo le xexea me atsi tsitre ɖe eyomedzelawo ŋu me ale: elabena womenya Ame si dɔe ɖa la o. Ne ɖe wonya Mawu la, anye ne akpe ɖe wo ŋu woase Yesu ƒe ŋkɔa gɔme eye woalɔ̃ ɖe nu si ŋkɔa fia la dzi. (Dw 4:12) Esia ƒe ɖewoe nye ɖoƒe si Yesu le abe Dziɖula si Mawu ɖo, fiawo dzi Fia, ame si wòle be ame sia ame nabɔbɔ na ale be wòakpɔ agbe la ene.—Yh 17:3; Nyɖ 19:11-16; tsɔe sɔ kple Ps 2:7-12.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 17:21-23

ɖeka: Alo “awɔ ɖeka.” Yesu do gbe ɖa be ye yomedzela vavãwo awɔ “ɖeka,” taɖodzinu ɖeka anɔ wo si, abe ale si eya kple Fofoa wole “ɖeka” ene, si ɖee fia be wowɔa nu aduadu eye woƒe tamesusu le ɖeka. (Yh 17:22) Le 1Ko 3:6-9 la, Paulo ƒo nu tso ɖekawɔwɔ sia tɔgbi si anɔ Kristotɔwo dome esi wole dɔ wɔm ɖekae kple wo nɔewo kpakple Mawu ŋu.—Kpɔ 1Ko 3:8.

be woawɔ ɖeka bliboe: Alo “awɔ ɖeka keŋkeŋ.” Le kpukpui sia me la, Yesu gblɔ be ne wowɔ ɖeka bliboe la, Fofo la alɔ̃ wo. Esia wɔ ɖeka kple Kol 3:14 afi si gblɔ be: ‘Lɔlɔ̃, nye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.’ Menye nu sia nu mee ɖekawɔwɔ blibo sia adze le o. Mefia be nuwo abe míaƒe ŋutetewo, nɔnɔmewo kple dzitsinya asɔ le nu sia nu me o. Nu si wòfiae nye be Yesu yomedzelawo awɔ ɖeka le woƒe nuwɔna, dzixɔse kple nufiafia me.—Ro 15:5, 6; 1Ko 1:10; Ef 4:3; Flp 1:27.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 17:24

xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi: Woɖe Helagbe me nya “gɔmeɖoanyiɣi” gɔme be ‘fɔ fu’ le Heb 11:11, afi si wozãe le esi wonɔ nu ƒom tso “dzidzimevi” ŋu. Ale si wozãe le afi sia be “xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi” la, ɖewohĩ efia ɣeyiɣi si Adam kple Xawa te vidzidzi. Yesu ƒo nu tso “xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi” ŋu wòku ɖe Abel, si ɖewohĩ nye amegbetɔ gbãtɔ si woaɖe kple amegbetɔ gbãtɔ si ƒe ŋkɔ ‘woŋlɔ ɖe agbegbalẽ si li tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi me’ la. (Lk 11:50, 51; Nyɖ 17:8) Nya siawo siwo Yesu gblɔ le gbedodoɖa me na Fofoa hã ɖo kpe edzi be, do ŋgɔ xoxoxo hafi Adam kple Xawa nava dzi vi la, Mawu lɔ̃ eƒe Tenuvia.

OCTOBER 29–NOVEMBER 4

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YOHANES 18-19

nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Yh 18:37

maɖi ɖase na: Le ale si wozã Helagbe me nya siwo gɔme woɖe be “maɖi ɖase na” (mar·ty·reʹo) kple “ɖase” (mar·ty·riʹa; marʹtys) le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la gɔmesese keke ta. Wozã nya evea siaa wòfia ale si woaɖi ɖase tso nane si teƒe ame kpɔ alo nane si ŋu ame nya nu tsoe ŋu, gake woate ŋu afia be “woagblɔ nya aɖe; aɖo kpe nya aɖe dzi; aƒo nu nyui tso nane ŋu.” Menye ɖeko Yesu ɖi ɖase tso nyateƒea ŋu alo gblɔ nyateƒe si dzi wòka ɖo la ko o, ke boŋ enɔ agbe le mɔ si ɖee fia be elé nyateƒe siwo ku ɖe Fofoa ƒe nyagblɔɖinyawo kple ŋugbedodowo ŋu me ɖe asi. (2Ko 1:20) Wogblɔ Mawu ƒe tameɖoɖo si ku ɖe Fiaɖuƒea kple eƒe Mesia Fia ŋu la ɖi tsitotsito. Ale si Yesu nɔ agbe le anyigba dzi va se ɖe esime wòtsɔ eƒe agbe sa vɔe le ku me la na nyagblɔɖi siwo katã ku ɖe eŋu, siwo dome esiwo nye vɔvɔli alo kpɔɖeŋu siwo le Se ƒe nubabla me la, va eme. (Kol 2:16, 17; Heb 10:1) Eya ta míate ŋu agblɔ be Yesu to eƒe nya kple nuwɔna dzi ‘ɖi ɖase na nyateƒe la.’

nyateƒe la: Menye nyateƒe gbadzaa ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe o, ke boŋ enɔ nu ƒom tso nyateƒe si ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu la ŋu. Mawu ƒe tameɖoɖo vevi aɖee nye be Yesu “David vi” la, nanye Nunɔlagã kple Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Mt 1:1) Yesu ɖe eme be susu vevi si ta yeva xexea me, yeƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi kple yeƒe subɔsubɔdɔa ye nye be yeaɖe gbeƒã nyateƒe si ku ɖe Fiaɖuƒe ma ŋu. Mawudɔlawo ɖe gbeƒã nya ma tɔgbi do ŋgɔ na Yesu dzidzi kple esime wodzii le Betlehem si le Yudea, si nye du si me wodzi David le.—Lk 1:32, 33; 2:10-14.

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 18:38a

Nu kae nye nyateƒe?: Anye be nyateƒe gbadzaa ye nɔ susu me na Pilato wòbia nya ma, ke menye “nyateƒe” si tututu ŋu Yesu ƒo nu tsoe va yi lae o. (Yh 18:37) Ne ɖe wòdi be yeanya nyateƒea ŋutɔŋutɔ la, anye ne ɖikeke mele eme o be Yesu aɖo eŋu nɛ. Gake ɖewohĩ ɖeko Pilato bia nyaa ɖe yame tsɔ fia be mexɔ edzi se o, abe ɖe wòle gbɔgblɔm be, “Nyateƒe? Nu kae wònye? Nyateƒe aɖeke meli o!” ene. Le nyateƒe me la, Pilato melala gɔ̃ hã be woaɖo nya ŋu na ye hafi do go yi Yudatɔwo gbɔ le gota o.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Yh 19:31

Sabat gãe sabat ŋkeke ma nye: Nisan 15, si nye ŋkeke si kplɔ Ŋutitotoŋkekenyuia ɖo la nyea sabat ɣesiaɣi, ŋkeke ka ke dzie wòdze o. (3Mo 23:5-7) Ne Sabat tɔxɛ sia dze Sabat ŋkeke (si nye Yudatɔwo ƒe kwasiɖaa ƒe ŋkeke adrelia si dzea egɔme tso Fiɖa ƒe ɣeɖoto va se ɖe Memleɖa ƒe ɣeɖoto) dzi la, ke ezu Sabat ‘gã.’ Sabat ma tɔgbie kplɔ Fiɖa si nye ŋkeke si dzi Yesu ku la ɖo. Tso ƒe 29 va ɖo 35 K.Ŋ., dome la, ƒe 33 K.Ŋ. me koe Nisan 14 lia dze Fiɖa dzi. Eya ta esia nye kpeɖodzi be Nisan 14 lia dzie Yesu ku le ƒe 33 K.Ŋ. me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe