INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 September axa 3-16
  • Zã “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” Gbalẽa Le Wò Subɔsubɔdɔa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” Gbalẽa Le Wò Subɔsubɔdɔa Me
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàzã “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” Gbalẽa Atsɔ Asrɔ̃ Nu Kple Amewo
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 September axa 3-16
Atsu kple asi aɖe le dze ɖom kple ŋutsu aɖe tso “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” gbalẽ gbadzaa me le ʋutɔɖoƒe aɖe.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Zã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Gbalẽa Le Wò Subɔsubɔdɔa Me

Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be agbalẽ kple agbalẽ gbadza yeye su mía si míatsɔ asrɔ̃ Biblia kple amewo! Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi be míagakpe ɖe ame geɖe ŋu woazu nusrɔ̃lawo. (Mt 28:18-20; 1Ko 3:6-9) Aleke míele dɔwɔnu yeye siawo zã gee?

Esi wònye mɔnu yeyee míazã ne míele Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! me dzrom kple amewo ta, zɔ ɖe mɔfiame siawo dzi ne èle dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu alo le esrɔ̃m kple nusrɔ̃via.a

  • Mixlẽ memamawo eye miadzro nyabiaseawo me

  • Mixlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ” alo “mixlẽ,” eye nàkpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ ale si wòawɔ wo ŋu dɔ

  • Ðe videoawo eye nàzã nyabiase siwo adze le akpa ma miatsɔ adzro wo me

  • Ne miedze tanya aɖe gɔmea, midze agbagba miawu enu hafi akpa

Le gbeadzia, anyo be nàna agbalẽ gbadzaa gbã be nànya ne amea tsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃a me ŋutɔŋutɔ. (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Nàna Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Gbalẽ Gbadzaa Ne Èdo Go Amea Zi Gbãtɔ.”) Ne miewu agbalẽ gbadzaa nu eye wòlɔ̃ be yeayi nua sɔsrɔ̃ dzia, ke nɛ agbalẽa ŋutɔ, eye miadze egɔme tso nusɔsrɔ̃ 04 lia. Ne èle Nu Si Biblia Fia alo Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa gbalẽa srɔ̃m kple ame aɖe xoxoa, mitrɔ nusɔsrɔ̃a yi Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa me, eye kpɔe ɖa be afi kae yewoayi edzi tsoe hã.

Atsu kple asi ma ke le “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” gbalẽa zãm tsɔ le nu srɔ̃m kple ŋutsua le eƒe aƒe me.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ENYO ŊUTƆ BE NÈDI BE YEASRƆ̃ BIBLIA!, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu kawoe nusrɔ̃viwo asrɔ̃ le agbalẽ yeye sia me?

  • Nu ka tae wòle be nàɖe video sia na nusrɔ̃vi yeyewo?

  • Nu kawoe nàte ŋu ade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòadze agbagba anɔ wɔwɔm?—Kpɔ aɖaka si nye “Nu Si Wòasrɔ̃ Kple Nu Si Wòawɔ Le Akpa Ðe Sia Ðe”

a DE DZESII: Togbɔ be mahiã be miadzro akpa si nye “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu” me le nua srɔ̃ɣi o hã, gbɔ dzi ɖi nàto nyati kple video ɖe sia ɖe si le akpa ma me ne èle dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Esia ana nànya esiwo me wò nusrɔ̃via atsɔ ɖe le kple esiwo akpe ɖe eŋu. Le agbalẽa ƒe mɔ̃ dzi tɔ mea, àte ŋu ate asi ɖe videoawo kple nyatiawo dzi ko woaʋu.

NU SI WÒASRƆ̃ KPLE NU SI WÒAWƆ LE AKPA ÐE SIA ÐE

 

NUSƆSRƆ̃AWO

NU SIWO NUSRƆ̃VIA ASRƆ̃

NU SIWO NUSRƆ̃VIA AWƆ

1

01-12

Akpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe eŋu kple ale si wòawɔ anya Ame si gbɔ wòtso

De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaxlẽ Biblia, asrɔ̃ nua do ŋgɔ, eye wòadze kpekpeawo dede

2

13-33

Akpɔ nu nyui siwo Mawu wɔ na mí kple ale si míasubɔe wòadze eŋu

De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòagblɔ nyateƒe siwo srɔ̃m wòlea na ame bubuwo eye wòava zu gbeƒãɖela

3

34-47

Akpɔ nu siwo Mawu di tso esubɔlawo si

De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaɖe adzɔgbe na Yehowa eye wòaxɔ nyɔnyrɔ

4

48-60

Asrɔ̃ ale si wòawɔ anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa

Fia nusrɔ̃via ale si wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome, kple nu siwo ana wòanɔ tetem ɖe Mawu ŋu kplikplikpli

ALE SI NÀNA KPƆ DZIDZƆ LE AGBE ME TEGBEE! GBALẼ GBADZAA NE ÈDO GO AMEA ZI GBÃTƆ

Abe ale si wòle le traktwo gome enea, nyabiase aɖe le agbalẽ gbadzaa ƒe megbekpaa dzi, si me amewo atsɔ ɖe le. Te nu siwo gbɔna kpɔ:

  • Bia nyabiasea ne amea natia ŋuɖoɖoawo dometɔ ɖeka

  • Xlẽ ale si Biblia ɖo eŋu le Psalmo 37:29

  • Midzro akpa si nye “Vi Kae Esia Aɖe Na Wò” me. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔa, mixlẽ mawunyakpukpuiawo eye miaƒo nu tso nɔnɔmetatawo ŋu

  • Bia nya si nye “Ðe Míate Ŋu Aka Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzia?,” eye nàdze agbagba azã nusɔsrɔ̃ 01 atsɔ dze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe