INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 2 axa 13-15
  • Paradiso Xexe Yeyea Tu Aƒe!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Paradiso Xexe Yeyea Tu Aƒe!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dziɖuɖu ɖeka aɖu xexe bliboa dzi
  • Ame siwo katã le anyigba dzi awɔ ɖeka
  • Dzɔdzɔmenuwo magagblẽ nu le amegbetɔwo ŋu o
  • Nuɖuɖu abɔ eye amewo anɔ lãmesẽ deblibo me
  • Ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ
  • Aƒe nyui anɔ ame sia ame si eye wòawɔ dɔ si me dzidzeme le
  • Nufiafia nyuitɔ
  • Agbe mavɔ
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
    Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
  • Tameɖoɖo Wɔnuku Aɖe Le Agbe Ŋu
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Mawu Ƒe Ŋutifafa Xexeme Yeyea—Àte Ŋu Anɔ Eme
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 2 axa 13-15
Atsu kple asi aɖe le Paradiso me eye wole asi ʋuʋum na wo xɔlɔ̃wo.

Àte ŋu adzra ɖo fifia be nàva nɔ xexe yeye si tu aƒe ŋutɔa me

Paradiso Xexe Yeyea Tu Aƒe!

Mawu wɔ anyigbaa kple susu be ame dzɔdzɔewo nanɔ edzi tegbee. (Psalmo 37:29) Eda srɔ̃tɔ gbãtɔawo, Adam kple Xawa ɖe Eden-bɔ, si nye abɔ nyakpɔ aɖe me. Eye ede dɔ asi na woawo kple vi siwo woava dzi be woalé be na anyigbaa eye woadzra edzi ɖo.—1 Mose 1:28; 2:15.

Egbea, xexea menye Paradiso abe ale si Mawu ɖoe be wòanɔ ene o. Ke hã, Mawu metrɔ susu o. Aleke wòana tame si wòɖoa nava eme? Abe ale si míekpɔe le nyati siwo do ŋgɔ me enea, Mawu mele anyigbaa ŋutɔ tsrɔ̃ ge o. Ke boŋ, ana ame dzɔdzɔewo nanɔ edzi. Ne Mawu wɔ tame si wòɖo dzia, aleke nuwo anɔ le anyigbaa dzi?

Dziɖuɖu ɖeka aɖu xexe bliboa dzi

Eteƒe madidi o, Mawu ƒe dziɖuɖu si le dziƒoa aɖu ameƒomea dzi. Esia ana dzidzɔ nanɔ anyigba dzi, ame sia ame anɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me eye woawɔ dɔ si me dzidzɔ kple dzidzeme le. Mawu tia Yesu Kristo be wòaɖu fia ɖe anyigbaa dzi. Yesu mele abe dziɖula geɖe siwo li egbea ene o, eya atsɔ ɖe le eme na eteviwo vevie. Aɖu dzi le lɔlɔ̃ me; anye Fia si nyoa dɔme, kpɔa nublanui, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe.—Yesaya 11:4.

Ame siwo katã le anyigba dzi awɔ ɖeka

Xɔlɔ̃wo le Paradiso me eye wole nu ɖum ɖekae.

Amewo made mama wo nɔewo dome le to alo dukɔ si me wotso ta o. Amegbetɔwo katã awɔ ɖeka. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Ame siwo anɔ anyigba dzia alɔ̃ Mawu kple wo havi, eye woawɔ nu le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me ale be tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me be woalé be na anyigbaa nava eme.—Psalmo 115:16.

Dzɔdzɔmenuwo magagblẽ nu le amegbetɔwo ŋu o

Ne Mawu Fiaɖuƒea va le anyigbaa dzi ɖum la, mía Wɔlaa akpɔ ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔmewo dzi bliboe eye wòana wòasɔ nyuie na mí. (Psalmo 24:1, 2) Esi Yesu nɔ anyigba dzia, eɖe ŋusẽ si Mawu nɛa ƒe sue aɖe fia esi wòna ahom sesẽ aɖe dze akɔ anyi bɔbɔe. (Marko 4:39, 41) Ne Kristo le dzi ɖum la, susu aɖeke meli si tae ame aɖe avɔ̃ na dzɔdzɔmefɔkuwo o. Mawu Fiaɖuƒea ana ŋutifafa nanɔ amegbetɔwo kple lãwo dome abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene.—Hosea 2:18.

Nuɖuɖu abɔ eye amewo anɔ lãmesẽ deblibo me

Ame sia ame anɔ lãmesẽ deblibo me. Ame aɖeke madze dɔ, atsi aku amegã alo aku o. (Yesaya 35:5, 6) Amewo anɔ teƒe nyakpɔ siwo le dzadzɛ abe ale si Eden-bɔa me nɔ na atsu kple asi gbãtɔa ene. Le xexe yeyea mea, anyigbaa awɔ nu abe ale si wònɔ le Eden-bɔa me ene, eye nuɖuɖu abɔ ɖe ame sia ame si. (1 Mose 2:9) Ame sia ame si anɔ Paradisoa mea ‘aɖu nu aɖi ƒo’ abe ale si wònɔ na Mawu ƒe dukɔ Israel, si nɔ anyi le blema ene.—3 Mose 26:4, 5.

Atikutsetse, amagbe kple abolo vovovowo.

Ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ

Le Mawu ƒe dziɖuɖua tea, ame sia ame anɔ ŋutifafa me eye wòanyo dɔme na ehavi ahawɔ nu ɖe eŋu nyuie. Aʋawɔwɔ manɔ anyi o, amewo magazã woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu o, eye mímakpe fu hafi akpɔ míaƒe nuhiahiãwo o. Biblia do ŋugbe be: “Wo dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Mika 4:3, 4.

Aƒe nyui anɔ ame sia ame si eye wòawɔ dɔ si me dzidzeme le

Dɔ siwo katã míawɔa aɖe vi eye ƒome ɖe sia ɖe anɔ eya ŋutɔ ƒe aƒe me tegbee. Abe ale si Biblia gblɔe enea, ame siwo anɔ Mawu ƒe xexe yeyea mea ‘madze agbagba dzodzro’ o.—Yesaya 65:21-23.

Nufiafia nyuitɔ

Biblia do ŋugbe be: “Sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi.” (Yesaya 11:9) Ame siwo anɔ Mawu Fiaɖuƒea tea asrɔ̃ nu tso wo Wɔla, Yehowa, ƒe nunya mavɔ kple eƒe nuwɔwɔ nyakpɔwo ŋu. Womazã woƒe nunya atsɔ atu aʋawɔnuwo alo atsɔ awɔ nu siwo agblẽ nu le ame bubuwo ŋu o. (Yesaya 2:4) Ke boŋ, woasrɔ̃ ale si woalé be na anyigbaa kple ale si woanɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me.—Psalmo 37:11.

Agbe mavɔ

Mawu gbɔ dzi ɖi wɔ anyigbaa eye wòdzra edzi ɖo nyuie ale be míakpɔ dzidzɔ le edzi gbe sia gbe. Ðe wòɖoe be amegbetɔwo nanɔ anyigbaa dzi tegbee. (Psalmo 37:29; Yesaya 45:18) Be Mawu nawɔ eƒe tameɖoɖoa dzia, “ami ku tegbee.” (Yesaya 25:8) Biblia do ŋugbe be: “Ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Mawu axɔ ame aɖewo ɖe agbe ne ele xexe vɔ̃ɖi sia tsrɔ̃m eye afɔ ame kuku gbogbo aɖewo hã ɖe tsitre le xexe yeyea me. Ana mɔnukpɔkpɔ ame siawo katã be woanɔ agbe tegbee.—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Amewo le atuu wɔm na wo xɔlɔ̃ kple ƒometɔ siwo fɔ ɖe tsitre.

Fifia gɔ̃ hã, ame miliɔn geɖe le dzadzram ɖo be yewoava nɔ Mawu ƒe xexe yeye si tu aƒe ŋutɔa me. Togbɔ be womede blibo o hã, wole agbagba dzem be yewoanye ame siwo ƒomevi dim Mawu le be woanɔ xexe yeyea me. Le mɔ ka nu? Wole nu srɔ̃m tso Yehowa Mawu kple Yesu Kristo si wòdɔ ɖo ɖa ŋu.—Yohanes 17:3.

Srɔ̃ nu geɖe tso ale si nàwɔ atsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu ava nɔ agbe le xexe yeye si tu aƒe ŋutɔa me ŋu. Na Yehowa Ðasefo aɖe nazã agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! atsɔ adzro Biblia me kpli wò femaxee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe