INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w22 December axa 14
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa—“Xɔnametɔ” Le Biblia Ŋlɔɣiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu Ne Nɔnɔmewo Trɔ Le Wò Agbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • “Fia Wò Lɔlɔ̃num Mawɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Mina Míaƒo Kpli Ado Yehowa Ƒe Ŋkɔ Ðe Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
w22 December axa 14

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi David ŋlɔ nya si le Psalmo 61:8 be yeakafu Mawu ƒe ŋkɔ ‘tegbeea,’ ɖe wòfia be esusu be yemaku akpɔ oa?

Fia David le saŋku ƒom le ha dzim.

Ao. David ƒe nyawo mefia nenema o.

Bu nya si wògblɔ le kpukpui ma kple bubuwo me ŋu kpɔ: “Madzi kafukafuha na wò ŋkɔ la tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefewo gbe sia gbe.” “Oo Yehowa, nye Mawu, mele kafuwòm tso dzi blibo me, eye mado wò ŋkɔ la ɖe dzi ɖaa.” “Makafu wò ŋkɔ ɖaa tegbee.”—Ps. 61:8; 86:12; 145:1, 2.

Esi David ŋlɔ nya mawoa, menye ɖe wòsusu be yemaku akpɔ o. David nyae be Yehowa gblɔ be nu vɔ̃ metsonue nye ku, eye elɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ mee yenye. (1 Mose 3:3, 17-19; Ps. 51:4, 5) Enya be nuteƒewɔlawo abe Abraham, Isak, kple Yakob ene gɔ̃ hã ku. Eye enya be ye ŋutɔ hã yegbɔna kuku ge. (Ps. 37:25; 39:4) Eya ta David ƒe nya si dze le Psalmo 61:8 ɖee fia be edi vevie be yeakafu Mawu tegbee, si fia be yeakafui zi ale si yele agbe.—2 Sam. 7:12.

Nu siwo David ŋlɔ dometɔ aɖewo ku ɖe nu siwo me eya ŋutɔ to le agbe me ŋu, abe ale si wòdze le Psalmo 18, 51, kple 52 ƒe etamenuŋɔŋlɔawo me ene. Le Psalmo 23 la, David ɖɔ Yehowa be enye Kplɔla si fiaa mɔ ame, naa gbɔɖeme ame eye wòkpɔa ame ta. Kplɔla ma tɔgbie David hã nye, eye edi be yeasubɔ Mawu le ‘yeƒe agbemeŋkekewo katã me.’—Ps. 23:6.

Ðo ŋku edzi hã be Yehowa ƒe gbɔgbɔe ʋã David wòŋlɔ nu siwo katã wòŋlɔ ɖi. Nu siwo wòŋlɔ dometɔ aɖewo nye nyagblɔɖi siwo ava eme ƒe geɖe megbe. Le kpɔɖeŋu me, David ŋlɔ le Psalmo 110 be ɣeyiɣi aɖe ava esime yeƒe Aƒetɔ ‘abɔbɔ anɔ Mawu ƒe ɖusime’ le dziƒo eye wòaxɔ ŋusẽ geɖe. Azã ŋusẽ ma atsɔ aɖu Mawu ƒe futɔwo dzi eye ‘wòadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo’ le anyigba dzi. David ƒe nyawo ku ɖe Mesia si aɖu fia tso dziƒo eye wòanye ‘nunɔla tegbee’ ŋu. Mesia ma anye David ƒe dzidzimevi. (Ps. 110:1-6) Yesu ɖo kpe edzi be David ƒe nyagblɔɖi si le Psalmo 110 la ku ɖe ye ŋu eye ava eme le etsɔme.—Mat. 22:41-45.

Nu siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã David wòŋlɔ ɖi dometɔ aɖewo ku ɖe eƒe ɣeyiɣia ŋu, eye ɖewo hã ku ɖe etsɔme esime woava fɔe ɖe tsitre ale be wòate ŋu akafu Yehowa tegbee ŋu. Esia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be Psalmo 37:10, 11, 29 me nyawo ku ɖe nu siwo nɔ edzi yim le blema Israel kpakple ale si nuwo ava nɔ le xexea me godoo le etsɔme ne Mawu na eƒe ŋugbedodowo va eme ŋu.—Kpɔ nyati si nye “Ànɔ Paradiso Me Kplim” si dze le tata sia me ƒe memama 8 lia.

Eya ta nya siwo dze le Psalmo 61:8 kple kpukpui mawo tɔgbi me ɖee fia be David di be yeakafu Yehowa le blema Israel va se ɖe esime yeaku. Eye woɖee fia hã be David ayi edzi awɔ esia le etsɔme ne Yehowa va fɔe ɖe tsitre.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe