NUSƆSRƆ̃NYATI 27
HADZIDZI 79 Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe
Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃vi Ŋu Wòatso Nya Me Asubɔ Yehowa
“Minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me . . . Misẽ ŋu.”—1 KOR. 16:13.
TAÐODZINUA
Nyati sia ana míakpɔ ale si míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woado ŋusẽ woƒe xɔse eye dzi naɖo wo ƒo woatso nya me asubɔ Yehowa.
1-2. (a) Nu kawoe nana wòsesẽna na Biblia nusrɔ̃vi aɖewo be woatso nya me ava subɔ Yehowa? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
ESIME nète Biblia sɔsrɔ̃ la, ɖe nanewo wɔe be wòsesẽ na wò be nàtso nya me ava zu Yehowa Ðasefoa? Ðewohĩ ènɔ vɔvɔ̃m be wò dɔwɔhatiwo, xɔ̃lɔ̃wo, alo ƒometɔwo atsi tre ɖe ŋuwò. Alo ɖewohĩ ènɔ vɔvɔ̃m be yemate ŋu anɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu o. Ne èto nu siawo tɔgbi me kpɔ la, ke àse nu gɔme na Biblia nusrɔ̃vi siwo wòle sesẽm na be woatso nya me asubɔ Yehowa.
2 Yesu nyae be nu siawo tɔgbi ate ŋu adzɔ. (Mat. 13:20-22) Ke hã, Yesu meŋe aɖaba ƒu ame siwo wònɔ sesẽm na be woatso nya me ava dze ye yome la dzi o, eyi edzi kpe ɖe wo ŋu. Eto eƒe kpɔɖeŋu dzi fia eyomedzelawo ale si woawo hã woakpe ɖe ame siawo ŋu. Efia nu vevi ene aɖewo wo: (1) Ale si woakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòade dzesi nu si na mele ŋgɔ yim o, (2) ale si woakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòalɔ̃ Yehowa tso dzi me, (3) ale si woakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòatsɔ nu siwo le vevie la aɖo nɔƒe gbãtɔ, kple (4) ale si woakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòaɖu mɔxenu mawo dzi. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu ne míele Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa zãm tsɔ le kpekpem ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woatso nya me asubɔ Yehowa?
KPE ÐE WÒ BIBLIA NUSRƆ̃VI ŊU WÒADE DZESI NU SI NA MELE ŊGƆ YIM O
3. Nu kae anya nɔ mɔ xem na Nikodemo?
3 Esesẽ na Nikodemo si nye Yudatɔ xɔŋkɔ aɖe be wòayi ŋgɔ ava zu Yesu yomedzela. Esi Yesu dze eƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme ɣleti ade megbe koe Nikodemo de dzesii be Mawu gbɔe Yesu tso va. (Yoh. 3:1, 2) Ke hã Nikodemo yi Yesu gbɔ le adzame le esi wòle “vɔvɔ̃m na Yudatɔwo” ta. (Yoh. 7:13; 12:42) Ðewohĩ enɔ vɔvɔ̃m be ne yeva zu Yesu yomedzela la, woaxɔ yeƒe ɖoƒea le ye si.a
4. Aleke Yesu kpe ɖe Nikodemo ŋu wòse nu si Mawu di tso esi la gɔme?
4 Nikodemo nya Mose ƒe Sea nyuie, gake egahiã be woakpe ɖe eŋu wòase nu si Yehowa di tso esi la gɔme. Aleke Yesu kpe ɖe eŋui? Yesu kpɔ vovo ɖe Nikodemo ŋu eye wòɖo dze kplii le zãtiƒe gɔ̃ hã. Yesu gblɔe na Nikodemo eme kɔ be hafi wòadze anye nusrɔ̃la la, ele be wòatrɔ dzi me, wòaxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me, eye wòaɖee afia be yexɔ Mawu ƒe Vi la dzi se.—Yoh. 3:5, 14-21.
5. Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòade dzesi nu siwo le mɔ xem na eƒe ŋgɔyiyi?
5 Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe se Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie gɔ̃ hã la, ate ŋu ahiã be míakpe ɖe eŋu wòanya nu siwo le mɔ xem na eƒe ŋgɔyiyi. Ðewohĩ eƒe dɔwɔɖuia menana wòkpɔa vovo o, alo eƒe ƒometɔwo medi be wòazu Yehowa Ðasefo o. Eya ta anyo be nàkpɔ vovo ɖe wò Biblia nusrɔ̃via ŋu. Àte ŋu awɔ ɖoɖo akpee miaɖu nu ɖekae, alo wò kplii miaɖi tsa ale be miate ŋu aɖo dze. Esia ana wòaɖe dzi ɖi aƒo nu tso nu siwo tututu le mɔ xem nɛ la ŋu. De dzi ƒo na wò nusrɔ̃via be wòate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã. Menye be wòadze ŋuwò ta o, ke boŋ be wòaɖee afia be yelɔ̃ Yehowa.
6. Aleke nàte ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi ŋu be dzi nanɔ eƒo wòatso nya me asubɔ Yehowa? (1 Korintotɔwo 16:13)
6 Ne Biblia nusrɔ̃via ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nudidiwo nu la, dzi aɖo eƒo be wòawɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wòle la dzi. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 16:13.) Míate ŋu atsɔ akpa si wɔm nèle la asɔ kple sukunufiala tɔ. Esime nènɔ suku dem la, nufiala ka ƒe nue dzɔ dzi na wò wu? Ðewohĩ nufiala si gbɔ dzi ɖi na wò hekpe ɖe ŋuwò nèkpɔe be ŋutete nyuiwo le ye si yeate ŋu akpɔ dzidzedze la ƒe nue dzɔ dzi na wò wu. Le mɔ ma ke nu la, menye nu si Mawu di tso amegbetɔwo si koe Biblia nufiala nyui fiaa amewo o. Biblia nufiala nyui kpena ɖe amewo ŋu hã be wokana ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu yewoawɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be yewoƒe nu nadze eŋu. Nu bubu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi ŋu?
KPE ÐE WÒ NUSRƆ̃VI ŊU BE WÒALƆ̃ YEHOWA
7. Aleke Yesu kpe ɖe ame siwo nɔ to ɖomee la ŋu wogalɔ̃ Yehowa geɖe wu?
7 Yesu nyae be ne ame aɖe lɔ̃ Yehowa la, esia aʋãe wòawɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wòle la dzi. Nu si Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo la kpe ɖe wo ŋu wolɔ̃ wo Fofo si le dziƒo. Le kpɔɖeŋu aɖe si wòwɔ me la, etsɔ Yehowa sɔ kple vifofo si naa nu nyuiwo viawo. (Mat. 7:9-11) Anɔ eme be ame siwo nɔ to ɖomee la dometɔ aɖewo fofo meɖe lɔlɔ̃ fia wo o. Eya ta bu ale si woanya se le wo ɖokui me esi Yesu gblɔ ŋutinya si ku ɖe vifofo lɔ̃ame aɖe, si lɔ̃ faa tsɔ via si dze aglã hewɔ nu gbegblẽ geɖe la ƒe nu vɔ̃ kee hegbugbɔ xɔe ŋu kpɔ. Esia na wokpɔ ale si Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amegbetɔwo ŋui la nyuie.—Luka 15:20-24.
8. Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃vi ŋu be wòalɔ̃ Yehowa geɖe wu?
8 Wò hã àte ŋu akpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòagalɔ̃ Yehowa geɖe wu. Ne èle nu fiamee la, te gbe ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo dzi. Le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe me la, kpe ɖe eŋu wòakpɔ kadodo si le nu si srɔ̃m wòle kple ale si Yehowa lɔ̃e la dome. Ne miele nu srɔ̃m tso tafea ŋu la, te gbe ɖe ale si tafea ɖee fia be Yehowa lɔ̃ ame sia ame eye wòlɔ̃ eya hã la dzi. (Rom. 5:8; 1 Yoh. 4:10) Ne nusrɔ̃via de dzesi ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ yee la, esia aʋã eya hã be wòalɔ̃ Yehowa.—Gal. 2:20.
9. Nu kae kpe ɖe Michael ŋu wòwɔ tɔtrɔwo le agbe me?
9 Bu Michael si le Indonesia ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Enya nyateƒea tso ɖevime, gake mexɔ nyɔnyrɔ o. Esi wòxɔ ƒe 18 la, ezɔ mɔ yi dukɔ bubu me ɖanɔ dɔ wɔm. Emegbe etrɔ gbɔ va ɖe srɔ̃, gake egblẽ eƒe ƒomea ɖi gatrɔ yi eƒe dɔwo gbɔ le duta. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple srɔ̃a kpakple vianyɔnuvia eye wole ŋgɔ yim. Michael dada va ku eya ta egbɔ va aƒe be yealé be na ye fofo. Elɔ̃ be woagasrɔ̃ Biblia kpli ye. Esi Michael ƒe Biblia fiala dzro Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 27 lia ƒe akpa si nye “Srɔ̃ Nu Bubuwo” me kplii la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Michael de ŋugble le ale si Yehowa anya se le eɖokui me esi wòkpɔ Via wònɔ fu kpem ŋu. Esia wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be aɖatsi ge le mo nɛ. Ekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu eye wòwɔ tɔtrɔwo le agbe me hexɔ nyɔnyrɔ.
KPE ÐE WÒ NUSRƆ̃VI ŊU BE WÒANA YEHOWA SUBƆSUBƆ NANYE NU VEVITƆ NƐ
10. Aleke Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wotsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ? (Luka 5:5-11) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
10 Nusrɔ̃la gbãtɔwo de dzesii enumake be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo. Gake ele be woakpe ɖe wo ŋu woatsɔ gbeƒãɖeɖedɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ. Petro kple Andrea nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɣeyiɣi aɖee nye ema hafi Yesu va kpe wo be woadze ye yome ɣeyiɣiawo katã. (Mat. 4:18, 19) Woawo kple Yakobo kpakple Yohanes wonye tɔƒodelawo, eye woƒe dɔa nɔ afɔ tsɔm nyuie. (Marko 1:16-20) Gake Petro kple Andrea ‘gblẽ woƒe ɖɔawo ɖi’ ale be yewoadze Yesu yome ɣeyiɣiawo katã. Ðikeke mele eme o be wowɔ ɖoɖo ɖe woƒe ƒomewo dzi kpɔkpɔ hã ŋu. Nu kae kpe ɖe wo ŋu be wotsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ? Luka ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be Yesu wɔ nukunu aɖe si do ŋusẽ wo wova ka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo.—Xlẽ Luka 5:5-11.
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wotsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔe me? (Kpɔ memama 10)b
11. Aleke míate ŋu azã míawo ŋutɔ míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo atsɔ ado ŋusẽ nusrɔ̃viwo ƒe xɔse?
11 Míate ŋu awɔ nukunu aɖeke abe ale si Yesu wɔe ene o, gake míate ŋu agblɔ ale si Yehowa kpena ɖe ame siwo tsɔ subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo na nusrɔ̃viawo. Le kpɔɖeŋu me, èɖo ŋku ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò esime nète kpekpeawo dede dzia? Ðewohĩ èbia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ be nàte ŋu akpa kaba le ŋkeke aɖewo dzi ale be nàte ŋu anɔ kpekpeawo dem. Ne èle wò nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm na wò nusrɔ̃vi la, na wòakpɔ ale si Yehowa do ŋusẽ wò xɔse esi nètsɔ esubɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ.
12. (a) Nu ka tae wòle be míakplɔ nɔvi vovovowo ayi míaƒe Biblia nusrɔ̃vi gbɔ? (b) Aleke nàte ŋu azã videowo atsɔ afia nu wò Biblia nusrɔ̃vi wòaɖo eƒe dzi gbɔ? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
12 Ne wò nusrɔ̃via va nya nu si kpe ɖe Kristotɔ bubu aɖewo hã ŋu wotsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ la, aɖe vi nɛ ŋutɔ. Eya ta anyo be nàwɔ ɖoɖo kple nɔvi vovovowo miayi wò nusrɔ̃viwo gbɔ. Bia wo ne woagblɔ ale si wowɔ va xɔ nyateƒea kple nu siwo wowɔ be wote ŋu tsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Azɔ hã, wò kple wò nusrɔ̃via mikpɔ video siwo le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa me, akpa si nye “Srɔ̃ Nu Bubuwo” alo “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu.” Le kpɔɖeŋu me, ne miele nusɔsrɔ̃ 37 lia me dzrom la, he susu yi nufiame si le video si nye Yehowa Akpɔ Míaƒe Nuhiahiãwo Gbɔ me la dzi.
KPE ÐE WÒ NUSRƆ̃VIA ŊU WÒAÐU MƆXENUWO DZI
13. Aleke Yesu dzra eyomedzelawo ƒe susu ɖo ɖe nu siwo me woava to ŋu?
13 Yesu gblɔ na eyomedzelawo enuenu be amewo atsi tre ɖe wo ŋu, woƒe ƒometɔwo gɔ̃ hã. (Mat. 5:11; 10:22, 36) Hafi Yesu naku la, egblɔ na eyomedzelawo be ate ŋu adzɔ be woawu wo dometɔ aɖewo le Yehowa subɔsubɔ ta. (Mat. 24:9; Yoh. 15:20; 16:2) Exlɔ̃ nu wo be woadze aɖaŋu ne wole gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. Eɖo aɖaŋu na wo hã be woagahe nya kple ame siwo tsia tre ɖe wo ŋu o, ke boŋ woaɖɔ ŋu ɖo le woƒe nuwɔna kple nuƒoƒo me ale be woate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã.
14. Aleke míate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woadzra ɖo ɖe tsitretsiɖeŋu si ate ŋu ado mo ɖa la ŋu? (2 Timoteo 3:12)
14 Míate ŋu adzra míaƒe Biblia nusrɔ̃vi ƒe susu ɖo ɖe nya siwo eƒe dɔwɔhatiwo, xɔlɔ̃wo, kple ƒometɔwo agblɔ kple nu siwo woawɔ ŋu. (Xlẽ 2 Timoteo 3:12.) Eƒe dɔwɔhatiwo ate ŋu aɖu fewo le eŋu le esi wòle Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔm ta. Amewo, alo ƒometɔ kplikplikpliwo gɔ̃ hã, ate ŋu aƒo nu atsi tre ɖe nu siwo srɔ̃m wòle le Biblia me ŋu. Ne míedzra nusrɔ̃viwo ƒe susu ɖo kaba ɖe tsitretsiɖeŋu si woado goe ŋu la, akpe ɖe wo ŋu woanɔ te sesĩe ne nɔnɔme mawo dometɔ aɖe do mo ɖa.
15. Aleke nàkpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòanɔ te sesĩe ne ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu?
15 Ne wò Biblia nusrɔ̃vi ƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu la, àte ŋu ana wòanya be esia mewɔ nuku o, elabe Yesu gɔ̃ hã ƒe ƒometɔwo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o. (Marko 3:21; Yoh. 7:5) Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòade ŋugble ne wòade dzesi nu si tae eƒe ƒometɔwo medi be wòade ha kple Ðasefowo o. Ðewohĩ wosusui be Yehowa Ðasefowo le eblem, alo be menye ame nyuiwoe Ðasefowo nye o. Eya ta kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu be wòagbɔ dzi ɖi eye wòaɖɔ ŋu ɖo ne ele nu me ɖem na eƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo.
16. Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòanya ale si wòaɖe eƒe dzixɔsewo me?
16 Ne nusrɔ̃via ƒe ƒometɔ aɖe bia nyae tso míaƒe dzixɔsewo ŋu la, mahiã be nusrɔ̃via naɖe nya sia nya me tsitotsito zi ɖeka o. Ne menye nenema o la, nyawo ati ƒometɔa eye magadi be yeaɖo dze kplii ɣebubuɣi o. Eya ta kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòaɖe eƒe dzixɔsewo me kpuie ale be mɔa naganɔ ʋuʋu ɖi be woayi dzeɖoɖoa dzi emegbe. (Kol. 4:6) Nusrɔ̃via ate ŋu ade dzi ƒo na eƒe ƒometɔa be wòaʋu míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org. Esia ate ŋu ana wòasrɔ̃ nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu ɣesiaɣi si wòdi.
17. Aleke nàte ŋu ana hehe wò Biblia nusrɔ̃vi be wòaɖo nya siwo amewo ate ŋu abia tso Yehowa Ðasefowo ŋu la ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)
17 Àte ŋu azã jw.org ƒe akpa si nye “Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu” atsɔ akpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòadzra ɖo ɖe ale si wòaɖo nya ŋu kpuie na eƒe ƒometɔwo alo dɔwɔhatiwoe ŋu. (2 Tim. 2:24, 25) Le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, dzro akpa si nye “Ame Aɖewo Gblɔna Be” alo “Ame Aɖe Ate Ŋu Abia Be” me kple wò nusrɔ̃via. Na wòagblɔ ale si wòaɖo nya siwo wobia le afi ma ŋu nàse. Ne èkpɔ be ehiã be wòatrɔ asi le ale si wòaɖo nya mawo ŋui ŋu la, kpe ɖe eŋu. Numetoto siawo wɔwɔ kplii ana dzi naɖo eƒo wòaʋli eƒe dzixɔsewo ta.
Wò kple wò Biblia nusrɔ̃via miwɔ ale si wòaɖe gbeƒãe ƒe wɔwɔfia ale be esia nanɔ bɔbɔe nɛ (Kpɔ memama 17)c
18. Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu wòadze azu gbeƒãɖela? (Mateo 10:27)
18 Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia le gaglãgbe. (Xlẽ Mateo 10:27.) Ne nusrɔ̃via dze gbeƒãɖeɖe gɔme kaba la, akpe ɖe eŋu be wòanya ale si wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Aleke nàkpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòaɖo taɖodzinu sia gbɔ? Ne woɖe gbeƒãe be hamea awɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe la, na wòanya nu siwo wòawɔ be wòadze azu gbeƒãɖela. Ðe eme nɛ be dɔ tɔxɛ siawo wɔɣie nye mɔ bɔbɔe si dzi ame geɖe to dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme. Aɖe vi nɛ hã ne eŋlɔ ŋkɔ le dɔdeasiwo wɔm le kwasiɖa domedome kpekpea me ale be wòaxɔ hehe le nuƒoƒo kple nufiafia me. Esia akpe ɖe eŋu wòaɖe eƒe dzixɔsewo me nyuie.
KA ÐE WÒ NUSRƆ̃VIA DZI
19. Aleke Yesu ɖee fia be yeka ɖe yeƒe nusrɔ̃lawo dzi, eye aleke míate ŋu asrɔ̃e?
19 Hafi Yesu nadzo ayi dziƒo la, eka ɖe edzi be yeƒe nusrɔ̃lawo ayi edzi awɔ nuteƒe. Esia tae wògblɔ na wo be gbe ɖekaa, woava nɔ ye gbɔ. Gake ɣemaɣia, nusrɔ̃lawo mese egɔme be ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be yewoava yi dziƒo o. Togbɔ be ele alea hã la, Yesu ka ɖe edzi be wodi be yewoawɔ nu wòadze Yehowa ŋu. (Yoh. 14:1-5, 8) Yesu nya be axɔ ɣeyiɣi hafi woase nanewo abe dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔa ene gɔme. (Yoh. 16:12) Ele be míawo hã míaɖee afia be míeka ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo dzi be wodi be yewoadze Yehowa ŋu.
Ne nusrɔ̃via dze gbeƒãɖeɖe gɔme kaba la, akpe ɖe eŋu be wòanya ale si wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu
20. Aleke nɔvinyɔnu Chifundo ɖee fia be yeka ɖe yeƒe nusrɔ̃via dzi?
20 Ka ɖe edzi be wò Biblia nusrɔ̃via di be yeawɔ nu si sɔ. De ŋugble le nɔvinyɔnu Chifundo, si le Malawi ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Ete Biblia sɔsrɔ̃ kple ɖetugbui aɖe si nye Katolikotɔ, si ŋkɔe nye Alinafe le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa me. Esi wowu nusɔsrɔ̃ 14 lia nu vɔ la, nɔvinyɔnu Chifundo bia Alinafe nu si wòsusu tso nɔnɔmewɔwɔwo alo nɔnɔmetatawo zazã le tadedeagu me ŋu. Esia te ɖe Alinafe dzi wògblɔ be, “Ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe!” Nɔvinyɔnu Chifundo susui be ɖewohĩ adzudzɔ nua sɔsrɔ̃. Gake eyi edzi ka ɖe nusrɔ̃via dzi eye wònɔ mɔ kpɔm be vivivi la, ava se egɔme nyuie. Woyi nua sɔsrɔ̃ dzi eye ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, nɔvinyɔnu Chifundo bia nyabiase si le nusɔsrɔ̃ 34 lia me la nusrɔ̃via, be: “Va de asi na fifia la, aleke nu siwo nèsrɔ̃ tso Biblia me kple esiwo nèsrɔ̃ tso Mawu vavã Yehowa ŋu la ɖe vi na wòe?” Nɔvinyɔnu Chifundo gblɔ be ‘Alinafe gblɔ mɔ vovovo siwo nu Biblia sɔsrɔ̃ ɖe vi nɛ le, eye wògblɔ hã be yekpɔe be Ðasefowo mewɔa nu siwo dzi Biblia meda asi ɖo o.’ Eteƒe medidi o, Alinafe dzudzɔ nɔnɔmewɔwɔwo zazã le mawusubɔsubɔ me eye wòdze xɔ nyɔnyrɔ.
21. Nu kawoe míawɔ atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi ŋu be wòatso nya me asubɔ Yehowa?
21 Togbɔ be Yehowae ‘nana nusrɔ̃viwo tsina’ hã la, míawo hã míewɔa akpa aɖe. (1 Kor. 3:7) Menye nu siwo Mawu di tso amegbetɔwo si koe wòle be míafia nusrɔ̃viawo o, ke ehiã hã be míakpe ɖe wo ŋu be woayi ŋgɔ. Míeva kpɔe be ele be míakpe ɖe wo ŋu woalɔ̃ Yehowa vevie, woatsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ atsɔ aɖee afia be yewolɔ̃e, eye woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne amewo le wo yome tim. Azɔ hã, ele be míaka ɖe nusrɔ̃viawo dzi be wodi be yewoawɔ nu si sɔ. Ne míewɔe alea la, ado ŋusẽ wo woanɔ agbe wòasɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu eye woatso nya me asubɔ Yehowa.
HADZIDZI 55 Migavɔ̃ Wo O!
a Ƒe eve kple afã tso esime Nikodemo ƒo nu kple Yesu megbe la, ekpɔtɔ nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe gã la me tɔ. (Yoh. 7:45-52) Blemaŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be Yesu ƒe ku megbee Nikodemo va zu eƒe nusrɔ̃la.—Yoh. 19:38-40.
b NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Petro kple tɔƒodela bubuwo gblẽ woƒe lãɖeɖedɔa ɖi dze Yesu yome.
c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe le kpekpem ɖe eƒe Biblia nusrɔ̃vi ŋu be wòate ŋu aɖe gbeƒã.