Kpɔ Ðokuiwò Ta Be Nyatakaka Siwo Mele Eteƒe O Nagagblẽ Nu Le Ŋuwò O
Ele bɔbɔe be míaxɔ nyatakakawo egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Nyatakaka siawo ƒe ɖewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dedie ahanɔ lãmesẽ me. Ne èle nu dim le Internet dzia, ele be nàkpɔ nyuie le nyatakaka siwo mele eteƒe o ŋu; esiawo ƒe ɖewoe nye:
Ameflunyawo
Alakpanyawo
Le kpɔɖeŋu me, le Corona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣia mea, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã xlɔ̃ nu tso alakpanya vɔ̃ɖi siwo le kakam kabakaba la ŋu. Egblɔ be: “Aɖaŋu vɔ̃ siwo ku ɖe lãmesẽnyawo ŋu kple dɔdamɔnu siwo nye alakpa la va bɔ ale gbegbe. Wogblɔa alakpanya geɖe le television kple radio dzi. Amewo le wobewobe siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o kakam le Internet dzi ale gbegbe. Amewo le nya vɔ̃wo gblɔm ɖe wo nɔewo ŋu to Internet dzi, si wɔe be fuléle amewo kple ƒuƒoƒowo le dzidzim ɖe edzi.”
Le nyateƒe mea, menye egbeae alakpanyawo gbɔgblɔ dze egɔme o. Ke hã Biblia gblɔ be le míaƒe ɣeyiɣia me la, “ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.” (2 Timoteo 3:1, 13) Fifia Internet zazã va wɔe be míate ŋu axɔ alakpanya siwo kakana kabakaba la bɔbɔe wu, eye esi míawo hã míesusu be nya mawo nye nyateƒe ta la, míeɖonɛ ɖe amewo. Esia wɔe be nyadzɔdzɔwo kple nyatakaka siwo míexɔna to hahoo kadoƒewo kple Internet dzi yɔ fũu kple alakpanya siawo ƒomevi.
Nu kae míate ŋu awɔ be ameflunya siwo amewo kakana kple wobewobe siwo ŋu kpeɖodzi mele o la ƒe mɔ̃ nagaɖe mí o? Biblia ƒe mɔfiame siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.
Mègaxɔ nu sia nu si nèse alo nèkpɔ la dzi se o
Nya si Biblia gblɔ: “Ðekemanyala xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.
Ne míekpɔ nyuie o la, woate ŋu aflu mí bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, bu foto siwo ŋu nuŋɔŋlɔ kpe ɖo alo video kpuikpuikpui siwo amewo ɖona ɖe wo nɔewo to hahoo kadodowo dzi ŋu kpɔ. Zi geɖea, ɖe wowɔ foto kple video siawo be woado nukokoe na ame. Ke hã, ele be míanya be amewo ate ŋu atrɔ asi le foto kple video siawo ŋu bɔbɔe, alo atsɔ nya bubuwo akpe wo me nyawo. Eye amewo ate ŋu awɔ video wòadze abe ame aɖee le nane wɔm alo le nya aɖe gblɔm ene, evɔ amea ŋutɔ mewɔ nu mawo alo gblɔ nya mawo hafi o.
“Nyatakaka geɖe siwo ŋu míekena ɖo le Internet dzi la nye esiwo ŋu wotrɔ asi le, siwo meɖea nya bliboa fiana o.”—Axios Media.
Bia ɖokuiwò be: “Ðe nyatakakaa nye nyadzɔdzɔ ŋutɔŋutɔa alo nukokoedonamenya koe?”
Ku nu me tso nyatakaka bliboa kple afi si wòtso ŋu.
Nya si Biblia gblɔ: “Mido nuwo katã kpɔ.”—1 Tesalonikatɔwo 5:21.
Hafi nàxɔ nyatakaka aɖe dzi ase alo aɖoe ɖe ame aɖe, nenye be edze le nyadzɔdzɔwo me enuenu gɔ̃ hã, kpɔ egbɔ be enye nyateƒe. Aleke nàwɔe?
Kpɔe ɖa be àte ŋu aka ɖe afi si nyatakakaa dzɔ tso la dzi hã. Nyadzɔdzɔdɔwɔƒewo kple habɔbɔ aɖewo tea ŋu trɔa asi le nyadzɔdzɔwo ŋu be wòade woawo ŋutɔwo alo dunyahehabɔbɔ aɖe dzi. Tsɔ nya siwo nèse le nyadzɔdzɔgblɔƒe aɖe sɔ kple bubu tɔ. Ɣeaɖewoɣi la, mía xɔlɔ̃wo ate ŋu aɖo nyatakaka siwo mele eteƒe o ɖe mí to email alo hahokadoƒewo, evɔ woawo ŋutɔwo menya be alakpanyawoe o. Eya ta hafi nàxɔ nyatakaka aɖe dzi ase la, dze agbagba nàku nu me tso eŋu anya etsoƒe.
Kpɔ egbɔ be nya bliboa nye nyatakaka yeye si de pɛpɛpɛ. Bia ɖokuiwò be ‘Ɣekaɣie nua dzɔ? Kpeɖodzi sẽŋu kawoe le eŋu?’ Ne nyatakaka aɖe gɔmesese sesẽ evɔ wona wòdze abe nya bɔbɔe aɖe ko wònye alo wotrɔ asi le nyadzɔdzɔ aɖe ŋu be wòakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi be wòawɔ nane la, ke ele be nànɔ ŋudzɔ.
“Ðeko numekuku anya nyateƒea va le vevie fifia abe asikɔklɔ ene.”—Sridhar Dharmapuri, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔnunɔlagã Si Kpɔa Nuɖuɖu Kple Nuɖuɖu Ƒe Dedienɔnɔnyawo Gbɔ.
Bia ɖokuiwò be: ‘Nyadzɔdzɔgblɔlaa ƒe susu ko gblɔm wòle abe ɖe nyaa nye nyateƒea, alo nyaa ƒe akpa ɖeka ko gblɔm wòlea?’
Di kpeɖodziawo, ke menye nya siwo avivi nuwò ko o
Nya si Biblia gblɔ: “Ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe dzi ŋu la, bometsilae.”—Lododowo 28:26.
Zi geɖe la, míexɔa nyatakaka siwo wɔ ɖeka kple nya siwo míedina be míase la dzi sena bɔbɔe. Internet dɔwɔƒewo nɔa te ɖe nu si me míetsɔa ɖe le, siwo míedi le Internet dzi va yi la dzi ɖoa nyatakakawo ɖe mí. Ke hã, menye nyatakaka siwo woɖona ɖe mí la dometɔ ɖe sia ɖee míehiã o.
“Ŋutete le amegbetɔwo si be woabu tame ada nuwo kpɔ, gake míaƒe didiwo, mɔkpɔkpɔ, vɔvɔ̃ kple seselelãmewo wɔnɛ be míexɔa nanewo dena eme bɔbɔe, nenye be nu mawo wɔ ɖeka kple nu siwo dzi míedi be míaxɔ ase.”—Peter Ditto, susuŋutinunyala.
Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe meka ɖe nyatakaka sia dzi le esi wònye be eya dim mele be mase ta?’
Mègakpe asi ɖe eŋu anɔ alakpanyawo kakam o
Nya si Biblia gblɔ: “Mèganɔ alakpanya kakam o.”—2 Mose 23:1.
Ðo ŋku edzi be nya siwo nèɖona ɖe amewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe susu kple nuwɔnawo dzi. Ne mènya nenye be nya aɖe nye alakpa o, gake nèɖoe ɖe ame aɖe gɔ̃ hã la, emetsonuwo ate ŋu agblẽ nu.
“Nu vevitɔ si wòle be nàwɔ hafi aɖo nyatakaka aɖe ɖe amewoe nye be, nàtɔ sẽe eye nàbia ɖokuiwò be, ‘Ðe meka ɖe nya sia dzi ŋutɔŋutɔa, eye ɖe wòhiã be maɖoe ɖe amewoa?’ Ne ame sia ame tea ŋu wɔa esia la, ale si amewo kakaa alakpanyawo le Internet dzi la dzi aɖiɖi akpɔtɔ.”— Peter Adams, News Literacy Project ƒe amegã ƒe kpeɖeŋutɔ.
Bia ɖokuiwò be: ‘Esi nyatakaka sia nye nyateƒe tae mele eɖom ɖe amewoa?’