Ðe Xexea Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔa? Nu Kae “Apokalips” Alo “Nyaɖeɖefia” Si Wozã Le Biblia Me Fia?
Ne ame aɖewo bu xexea ƒe nuwuwu ŋua, wosusuna be enye nane si adzɔ, si agblẽ nu le xexe bliboa ŋu, ɖewohĩ be nu gbagbewo katã atsrɔ̃ le anyigba dzi. Woxɔe se be nu sia ate ŋu adzɔ, vevietɔ ne woxlẽ nyadzɔdzɔwo abe esiwo gbɔna ene:
“Nukliaʋa ate ŋu adzɔ bɔbɔe. Woate ŋu aɖo aʋa sia awɔ, ate ŋu adzɔ le vo me alo ate ŋu atso dukɔwo ƒe nugɔmemasemase na wo nɔewo gbɔ.”—Bulletin of the Atomic Scientists.
“Le ƒe ewo siwo va yi mea, ahom sesẽwo, avewo ƒe dzobibi, kuɖiɖi, dzoxɔxɔ gbãgbãgbã, kple tsiɖɔɖɔwo ƒe nu gbegblẽ va dzi ɖe edzi eteƒe mekɔ o le xexea me godoo.”—National Geographic.
“Ale si ʋetsuviwo le nu gblẽm le Afrika la nu sẽ ale gbegbe, eye esia tɔgbi medzɔ kpɔ o.”—The Associated Press.
Ðe anyigba bliboa atsrɔ̃ gbe ɖeka kple eƒe zãdodoa? Nya kae Biblia gblɔ?
Ðe woatsrɔ̃ anyigba la ŋutɔa?
Ao. Mawu ƒe Nya, Biblia ka ɖe edzi na mí be anyigba la nu mayi o, anɔ anyi tegbee. (Nyagblɔla 1:4) Mawu matsrɔ̃ anyigba si wòwɔ la o, ke boŋ “ame siwo le anyigba la gblẽm” ye wòatsrɔ̃.—Nyaɖeɖefia 11:18.
Ðe xexea ƒe nuwuwu ɖo vɔa?
“Xexe” si Biblia wɔnɛ be ava nuwuwue nye amegbetɔ siwo gbe Mawu eye woti woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo yome. Abe ale si Mawu he “ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexea” va nuwuwui le Noa ƒe ŋkekea me enea, nenema kee “ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexea” ye wòahe ava nuwuwui egbea hã.—2 Petro 2:5; 3:7.
Abe ale si 1 Yohanes 2:17 gblɔe enea, “xexea kple eƒe nudzodzrowo nu va yina.” Kpukpui sia ɖee fia be menye anyigba la ŋutɔ ye Mawu atsrɔ̃ o, ke boŋ ame siwo yi edzi le nu gbegblẽ wɔm le anyigba dzi ye wòatsrɔ̃.
Ɣekaɣie nuwuwua ava?
Biblia megblɔ ɣeyiɣi si tututu nuwuwua ava la na mí o. (Mateo 24:36) Ke hã, Biblia ɖee fia be nuwuwua tu aƒe ŋutɔ. Biblia gblɔe ɖi be nu siawo adzɔ:
Aʋawɔwɔwo, nuɖuɖu ƒe veve, dɔvɔ̃wo, kple anyigbaʋuʋu sẽŋuwo adzɔ le “teƒeteƒewo.”—Mateo 24:3, 7, 14; Luka 21:10, 11; Nyaɖeɖefia 6:1-8.
Ame akpa gãtɔ awɔ nu ɖokuitɔdiditɔe. Le kpɔɖeŋu me, amewo anye “galɔ̃lawo,” “ame madakpewo,” kple “ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o.”—2 Timoteo 3:1-5.
Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be nuwuwua tu aƒe, elabena nu siwo nɔ dzɔdzɔm le xexea me tso ƒe 1914 me wɔ ɖeka kple nu siwo Biblia gblɔ be adzɔ. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe akpea, xlẽ nyati siwo nye “Nu Kae Biblia Ƒe Ɣeyiɣikɔntabubuwo Ðe Fia Tso Ƒe 1914 Ŋu?” kple “Nu Kae Nye ‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Alo ‘Nuwuɣi’ La Ƒe Dzesi?”
Nu kae “apokalips” alo “nyaɖeɖefia” si wozã le Biblia me fia?
Helagbe me nya si gɔme woɖe be “apokalips” alo “nyaɖeɖefia” le Biblia me fia “nukoklo le nu ŋu” alo “nuɖeɖe ɖe go.” Wozãna nya sia tsɔ ɖɔa ale si woaklo nu le nya siwo le ɣaɣla la dzi be wòaɖe nu siwo ava dzɔ emegbe la ɖe go. Biblia gblɔ ‘ɖeɖefia aɖe hã tso Aƒetɔ Yesu’ ŋu. Esia adzɔ ne wona ŋusẽe be wòaɖe vɔ̃ɖinyenyewo katã ɖa le anyigba dzi eye wòaɖo eteƒe na ame siwo subɔa Mawu.—2 Tesalonikatɔwo 1:6, 7; 1 Petro 1:7, 13.
Woyɔna agbalẽ mamlɛtɔ si le Biblia me be A·po·kaʹly·psis, alo Nyaɖeɖefia, elabe egblɔ nu siwo ava dzɔ le etsɔme ɖi. (Nyaɖeɖefia 1:1) Nya nyuiwo le agbalẽ ma me, eye eƒo nu tso nu siwo naa mɔkpɔkpɔ ame la hã ŋu. (Nyaɖeɖefia 1:3) Agbalẽa ɖee fia be Mawu aɖe nu madzɔmadzɔwo katã ɖa eye wòana anyigba bliboa nazu paradiso. Ɣemaɣia, amegbetɔ aɖeke magakpe fu, ase veve alo aku gɔ̃ hã o.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso ŋugbedodo wɔnuku siawo siwo le Biblia me la ŋua? Biblia me dzodzro si Yehowa Ðasefowo wɔna kple amewo faa la ate ŋu aɖe vi na wò. Ðe manyo be nàdo ka kple wo dometɔ aɖe egbea oa?