ilbusca/E+ via Getty Images
NƆ ŊUDZƆ!
Nu Ka Tae Amegbetɔwo Mete Ŋu Le Ŋutifafa Hem Vɛ O?—Nya Kae Biblia Gblɔ?
Xexemedziɖulawo kple dukɔwo dome habɔbɔwo mete ŋu he ŋutifafa va xexea me o. Tso esime Xexemeʋa Evelia ke la, aʋa dziŋɔwo le edzi yim egbea wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Ne woma xexea me nɔlawo ɖe akpa ene me la, akpa ɖeka, si ade ame biliɔn eve lae le teƒe siwo aʋawɔwɔ le nu gblẽm le.
Nu ka tae amegbetɔwo mate ŋu ahe ŋutifafa vɛ o? Nya kae Biblia gblɔ?
Susu etɔ̃ siwo tae amegbetɔwo mate ŋu ahe ŋutifafa vɛ o
1. Amewo ɖea nɔnɔme vovovo aɖewo fiana egbea si wɔnɛ be esesẽna ŋutɔ be woawɔ ŋutifafa. Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ŋkekea me la, “amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, . . . ame mawɔnuteƒewo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, . . . ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, . . . totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.”—2 Timoteo 3:2-4.
2. Ŋusẽ mele ame ɖekaɖekawo alo habɔbɔwo si be woakpɔ woawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo gbɔ wo Wɔla, Yehowaa Mawu ƒe asi manɔmee o. Biblia gblɔ be “ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.”—Yeremiya 10:23.
3. Xexea le dziɖula sẽŋu aɖe si vɔ̃ɖi la ƒe ŋusẽ te. Ame mae nye Satana Abosam, “ame si le anyigbadzinɔlawo katã blem.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Zi ale si “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te” ko la, aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunyawo anɔ edzi yim.—1 Yohanes 5:19.
Ame kae ate ŋu ahe ŋutifafa vɛ?
Biblia ka ɖe edzi na mí be ŋutifafa ava, gake amegbetɔwo mate ŋu ahee vɛ o, negbe Mawu ko.
“Yehowa be, ‘Elabena menya tame si meɖo ɖe mia ŋu la nyuie, ŋutifafa ƒe tamee, ke menye vɔ̃ tɔ o, ne mana mɔkpɔkpɔ mi eye etsɔme nanyo na mi.’”—Yeremiya 29:11.
Aleke Mawu awɔ ŋugbedodo ma dzi? ‘Mawu si naa ŋutifafa la agbã Satana gudugudu.’ (Romatɔwo 16:20) Mawu ato dziƒodziɖuɖu aɖe si Biblia yɔ be “Mawu Fiaɖuƒe” la dzi ahe ŋutifafa ava xexea me godoo. (Luka 4:43) Yesu Kristoe nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia. Eye le eƒe dziɖuɖua te la, woafia amewo ale si woanɔ anyi le ŋutifafa me.—Yesaya 9:6, 7.
Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nya sia ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ?”
a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.